Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Tɔxɛ aɖe na Amesiame
1 Tso April 24 lia dzi la, míedze Fiaɖuƒe Ŋuti Nya si nyɔ amesiwo tsia dzi ɖe nuwo ŋu ƒe ɖetsɔleme le afisiafi la mamã gɔme! Menye ɖeko eƒe gbedasia sɔ ɖe ɣeyiɣia nu ko o ke ehiã kpata hã. Gbeƒãɖela siwo le hame ɖesiaɖe me wɔ dɔa tso dzi blibo me, eye wodi be yewoatsɔ gbedasi sia ana ame akpe geɖe. Ðe nèle agbagba dzem be yeakpɔ gome le eme bliboea?
2 Míeɖo Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖe hame ɖesiaɖe, eye gbeƒãɖela ɖesiaɖe akpɔ wòade 50 eye mɔɖela ɖesiaɖe akpɔ 250. Nenie nète ŋu na? Ne mète ŋu na geɖe abe alesi nèkpɔ mɔe ene o la, ɖe nèbu mɔ siwo dzi nàto ana geɖe hafi emamã nawu enu le May 14 lia dzi ŋua? Ke kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ya ɖe? Ðe nàte ŋu ayi kpekpe hena gbeadziyiyi bubu siwo ƒe ɖoɖo wowɔ kpee le kwasiɖaa me, abe esiwo wowɔna hena fiẽsiɖaseɖiɖi ene laa?
3 Hamemegãwo anɔ anyigbamamã kpekpeɖo me dzrom vevie. Ne manya wɔ be hame aɖe nawɔ dɔ le afisi wode asi na wo ƒe akpa aɖewo o la, ke hamemegãwo nakpɔ hame siwo te ɖe wo ŋu abia kpekpeɖeŋu. Míaƒe agbagbadzedze si tso dzi blibo me kple nuwɔwɔ aduadu ƒe ɖoɖo nyui si anɔ hamewo dome ana míawɔ dɔa ade goe.
4 Anɔ eme be miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le dɔ sia wɔwɔ me elabena ame geɖe te ŋu kpɔ gome le eme, gbeƒãɖela yeyewo kple ɖeviwo hã le eme. Míele mɔ kpɔm be míalé dzidzɔ sia ɖe te ahade dzi ƒo na amesiame be wòayi edzi to tɔtrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ me. Wode dzi ƒo na mí be míawɔ aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi nyuiwo eye míade dzesi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia. May ƒe akpa susɔea anye ɣeyiɣi nyui aɖe si me míalé fɔ ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu le kple susu be míadze nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.
5 Nya kae míate ŋu agblɔ ne míetrɔ yi? Àkpɔe be anyo ne ègblɔ be: “Ànya ɖo ŋku agbalẽvi si megblẽ ɖe gbɔwò nyitsɔ laa la dzi; meka ɖe edzi be èkpɔ mɔ nu xlẽe hebu nya la ŋu. Edze ƒã be amewo le dze ɖom tso gbedasi si le eme ŋu le míaƒe nutoa me, le esi wòƒo nu tso nya vevi siwo dze ŋgɔ ameƒomea katã ŋu ta.” Ƒo nu tso nya siwo na wobua tame siwo le axa evelia la dometɔ aɖewo ŋu, eye nàbia be: “Nukae nèsusu be ehiã be míawɔ be míaka ɖe edzi be míele klalo ɖe nusiwo etsɔ me ahe vɛ ŋu?” Na wòaɖo eŋu. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, ke dzro nya bubu siwo le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe axa 2-4 me eye nàdo Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ alo, ne ema manya wɔ o la, nàna magazine yeyewoe.
6 Ne hame bubu ƒe anyigbamamã mee miewɔ dɔ le la, ke mikpɔ egbɔ ne miatsɔ ɖetsɔlemetɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ ayi na wo ale be hame ma ƒe gbeƒãɖelawo nate ŋu awɔ tɔtrɔyiwo. Nenema ke ne wotsɔ ame aɖewo na mi be miatrɔ ayi wo gbɔ la, mitrɔ yi wo gbɔ kaba.
7 Fiaɖuƒe Ŋuti Nya sia mamã ƒe dɔ tɔxɛ la na míekpɔ dzidzɔ eye eʋã mí katã be míagadze agbagba geɖe wu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Míate ŋu aka ɖe edzi be akpɔ dzidzedze geɖe eye wòahe amewo ƒe susu ava Yehowa ƒe ŋkɔ gã la kple eƒe tameɖoɖo dzi le afisiafi. (Yes. 12:4, 5) Ne míewɔ geɖe la, nenemae míaƒe dzidzɔ hã adzi ɖe edzii.—Ps. 126:3.