INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/97 axa 8
  • Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðetsɔleme si Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia Nyɔ la Tutuɖo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Bu Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia Ŋu Vevie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • ‘Dɔ Geɖe Li le Aƒetɔ la ƒe Dɔwɔwɔ Me’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 11/97 axa 8

Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la

1“Me Gbɔ 1 Le kwasiɖa ʋee siawo me la, míele vivi sem le mɔnukpɔkpɔ si nye Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia si ƒe tanyae nye “Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea?” la mamã me. Gbeƒãɖelawo le agbagba dzem le afisiafi be yewoatsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ƒe tata sia ayi na ame geɖe alesinu yewoate ŋui. (Mat. 10:11) Togbɔ be Kwasiɖagbe, November 16 lia, ye woɖo be míawu dɔ sia nu hã la, ne anyigbamamã aɖe gali wòle be miakpe ɖo la, hamemegãwo ate ŋu abia tso mia si be miayi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia mamã dzi zi alesi ɖe kpɔtɔ le hamea si.

2 Fiaɖuƒe Ŋuti Nya sia nyɔ ame geɖewo ƒe ɖetsɔleme. Wokpɔ be havilɔlɔ̃ megale ame akpa gãtɔ me o eye le esia ta wotsia dzi ɖe alesi etsɔme ava nɔ ŋu. (Tim. II, 3:3) Míedi be míatrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ.

3 Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Tsea Ku Nyuiwo: Esime míenɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya mãm le ƒe 1995 me la, nyɔnu aɖe si xɔ ɖe la va kpekpe le Fiaɖuƒe Akpataa me bene yeasrɔ̃ nu ayi ŋgɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu. Elɔ̃ ɖe edzi enumake le kpekpe ma me be woasrɔ̃ Biblia kple ye eye le ema megbe la, ƒã hafi kpekpe aɖe toa eŋu. Medidi hafi wòŋlɔ na sɔlemeha si me wònɔ tsã be yedo le wo me o!

4 Va ɖo fifia ame alafa geɖe siwo le anyigbamamãa me xlẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia me nyawo vɔ. Gake aleke wose le wo ɖokui me ɖe eŋu? Ne nusi woxlẽ dzɔ dzi na wo gɔ̃ hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ maɖe afɔ aɖeke o ne Yehowa Ðasefo aɖeke megatrɔ yi wo gbɔ o. Èle tɔtrɔ yi wo gbɔ ƒe ɖoɖo wɔma? Ele be ɖetsɔtsɔ le eme na mía havi naʋã mí be míawɔ esia. Ele be míatrɔ ayi amesiwo katã kpɔ dzidzɔ ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ŋu gbɔ.

5 Nya Kae Nàgblɔ ne Ègatrɔ Yi? Àte ŋu agblɔ nya kpui aɖewo tso alesi gbedasi si le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la me sɔ ɖe ɣeyiɣia dzii ŋu eye emegbe nàbia nya aɖe si ana wòabu tame. Ðo to nyuie ne aƒemenɔlaa le nu ƒom ale be nànya nusi le eƒe susu me. Emegbe he eƒe susu yi nya aɖe si sɔ ɖe enu dzi le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza si ŋu Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ƒo nu le la me. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, ke dze agbagba nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii enumake.

6 Nya siwo nàte ŋu agblɔ ne ègatrɔ yi amesiwo kpɔ dzidzɔ ɖe “Fiaɖuƒe Ŋuti Nya” 35 lia ŋu gbɔ ƒe ɖewoe nye si:

◼ “Àɖo ŋku edzi be metsɔ agbalẽ aɖe na wò nyitsɔ laa. Eƒo nu tso nya vevi aɖe si le mamã dem ameƒomea me ŋu—eyae nye ame nɔewo malɔ̃malɔ̃.” He eƒe susu yi nya sia ƒe kpeɖodzinya siwo wogblɔ le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe axa 2 lia le tanya si nye “Havilɔlɔ̃ Megabɔ O” te la dzi. Ke biae be, “Èsusu be aleae Mawu ɖoe be amewo nanɔ agbe ɖe wo nɔewo ŋua?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu nusɔsrɔ̃ 5 lia le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me, eye nàdze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.

◼ “Esi míedo go va yi la, metsɔ nyati aɖe si ƒe tanyae nye ‘Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea?’ na wò. Èsusu be xexe sia tɔgbe ate ŋu avaa?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu nusɔsrɔ̃ 6 lia le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me, eye nàxlẽ memamã 6 lia. Emegbe nàxlẽ Mawu ƒe ŋugbedodo si le Mixa 4:3, 4. Emegbe na agbalẽ gbadza lae eye nàgblɔ esɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa nɛ.

◼ “Nyitsɔ si meva gbɔwò la, metsɔ nyati aɖe si ƒe tanyae nye ‘Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea?’ na wò. Egblɔ be woate ŋu awɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple wò femaxee. Megava be mafia nusrɔ̃gbalẽ si míezãna la wò. [Fia Sidzedze-gbalẽae.] Agbalẽ sia ɖe ɣeyiɣi si me amewo katã alɔ̃ wo nɔewo me eme kɔ ƒã, eye eɖo nya siwo anɔ susu me na wò hã ŋu, abe esiawo ene: Nukata míetsina kua amegã hekuna? Nukata Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Nukae dzɔna ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku dzi?” Ke biae be, “Àdi be mawɔ alesi míesrɔ̃nɛ afia wòa?” Ne aƒemenɔla melɔ̃ ɖe edzi o la, biae se be adi be yeaxlẽ agbalẽa le ye ɖokui si hã. Ne eɖo eŋu be ẽ la, ke na ɖekae ɖe asi si dzi míenanae ɖo la dzi. Wɔ ɖoɖo nàgatrɔ ayi.

7 Ne míetsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia kpe anyigbamamãa ɖoe vɔ keŋ la, míate ŋu ana Sidzedze-gbalẽa le ɣletia ƒe ŋkeke susɔeawo me. Míate ŋu akpɔ agbalẽ sia nana ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui gbogbo aɖe le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata siwo nye March, June, kple November 1996; kpakple June 1997 tɔwo me.

8 Ele be Fiaɖuƒe Ŋuti Nya mamãdɔ tɔxɛ sia naʋã mí katã be míadi be míadzi míaƒe agbagbadzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aka ɖe edzi be dɔ sia akpɔ dzidzedze godoo, eye wòakpe ɖe amewo ŋu be woanya Mawu ƒe tameɖoɖo be amewo katã nalɔ̃ wo nɔewo le afisiafi. Yehowa neyi edzi wòayra ɖe agbagba si míadze vevie be míatrɔ ayi amesiwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya me gbɔ la dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe