Nukatae Nàwɔ Amesiwo Mele Aƒeme O Ŋuti Nuŋlɔɖi?
1 Srɔ̃tɔ aɖewo siwo nye Ðasefowo yi ɖe gbeadzi gbeɖeka ŋdikanya. Le gbemagbe ke ƒe ɣetrɔ me la, wogatrɔ yi be yewoaɖato amesiwo yewomedo goe le anyigbamamã ma me o la gbɔ. Ŋutsu aɖe xɔ wo eye wòɖo to wo nyuie. Exɔ Agbe Tegbee gbalẽa hebia nenye be Ðasefoawo agatrɔ ava. Meɖo dze kple Yehowa Ðasefowo kpɔ o eye nyabiabia geɖewo nɔ esi wòdi be woaɖo wo ŋu na ye; wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Dzi dzɔ srɔ̃tɔ siawo gbɔ eme be yewoke ɖe amesia si si alẽwo ƒe nɔnɔme le ŋu. Àdi be nuteƒekpɔkpɔ ma ƒomevi nasu asiwòa? Amesiwo mele aƒeme o ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo wɔwɔ kple tɔtrɔ yi kaba ate ŋu ana wòasu asiwò.
2 Wogblɔe na mí zi geɖe be míawɔ amesiwo mele aƒeme o ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo eye míagatrɔ ayi kaba. Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ sia fiae ene la, tɔtrɔ agayi gbemagbe ke ate ŋu atse ku nyuiwo. Togbɔ be míanɔ agbagba dzem be míakpe anyigbamamã si wode mía si ɖo hã la, ɖewohĩ míele vevie dom nu le amesiwo mele aƒeme o ŋuti nuŋlɔɖi wɔwɔ me tututu o. Ame aɖewo gblɔna be: ‘Míekpea míaƒe anyigbamamã la ɖo kwasiɖa eve alo etɔ̃ ɖesiaɖe; megahiã be míawɔ nuŋlɔɖi ma o elabena míegale tɔtrɔ ge ava kpuie.’ Gake susu ma boŋ hã tae wòle be míawɔ nuŋlɔɖi ɖo. Le afisiwo wokpea anyigbamamãa ɖo le edziedzi la, amesiwo mele aƒeme o didi kpena ɖe mía ŋu be míadi amesiwo dze la tsitotsito. Le mɔ ka nu?
3 Le teƒe geɖewo la, anyigbamamã me tɔ 50 le alafa me alo esi wu nenema menɔa aƒeme le ŋkekea me o. Eyata efia be míegakpɔa anyigbamamã geɖe kpenɛ to míaƒe amesiwo mele aƒeme o la didi geɖe wu dzi. Nenye be míewɔa dɔ le anyigbamamã la me edziedzi o gɔ̃ hã la, míate ŋu akpɔ viɖe geɖe wu tso eme ne míedze agbagba be míaɖo amesiame gbɔ hafi ade dzesi anyigbamamã la be míekpee ɖo vɔ.
4 Zi geɖe la, míate ŋu awɔ ɖoɖo atrɔ ayi amesiwo mele aƒeme o gbɔ le ŋkeke bubu dzi, ne anyo la, le kwasiɖa ma ke me. Ame geɖe kpɔe be anyo wu be yewoatrɔ ayi le ŋkeke kple ɣeyiɣi si to vovo na esi dzi yewoyi zi gbãtɔ la dzi. Àte ŋu atsɔ Memleɖagbe alo Kwasiɖagbe ƒe ɣeyiɣi aɖe adi amesiwo nède dzesii be womenɔa aƒeme le kwasiɖaa me o. Le go bubu me la, hame geɖewo kpɔe be sasrãkpɔ mawo wɔwɔ le fĩesiwo me tsea ku. Ðewohĩ woado go amesiwo sɔ gbɔ wu anyigbamamãa me tɔwo ƒe afã le aƒeme.
5 Ele be nàŋlɔ wò tɔtrɔyiwo ɖe wò nuŋlɔɖigbalẽviwo dzi. Ne màgate ŋu atrɔ ayi afisi amewo menɔ aƒeme le o la, ke tsɔ wò agbalẽvi si dzi nède dzesi amesiwo menɔ aƒeme o ɖo la na nɔvi si le ƒuƒoƒoa dzi kpɔm be ƒuƒoƒo bubu si ayi anyigbamamã ma me la nawɔ eŋudɔ.
6 Ŋkuléle ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia ŋu nyuie wu ate ŋu adzi míaƒe dɔwɔwɔ kpakple míaƒe dzidzɔ ɖe edzi. Ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme be míele amesiwo dze la dim tsitotsito eye be míele be lém na amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le.—Xez. 34:11-14.