Ne Amewo Mele Aƒe Me O
1. Kuxi kae míedoa goe zi geɖe ne míele tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa wɔm?
1 Le teƒe geɖewo la, eva le sesẽm ŋutɔ be míado go amewo le aƒe me. Le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo me la, eva hiã be ame geɖewo nawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe ale be woate ŋu akpɔ woƒe agbe me nuhiahiãwo gbɔ. (Tim. II, 3:1, NW) Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo do yi dua me be yewoaɖaƒle nu alo be woyi modzakaɖeƒe. Aleke míate ŋu awɔ atsɔ nyanyuia aɖo ame siawo tɔgbi gbɔe?
2. Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míeɖo ame siwo menɔa aƒe me o la gbɔe?
2 Wɔ Nuŋlɔɖi Nyuiwo: Nu gbãtɔ si wòle be nàwɔe nye be nàwɔ ame siwo menɔa aƒe me o la ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo. Nuŋlɔɖiwo wɔwɔ le vevie ŋutɔ nenye be nèwɔa dɔ le wò anyigbamama me edziedzi. Ðe nèŋlɔa ablɔ la ƒe ŋkɔ, anyigbamamaa ƒe xexlẽdzesi, wò ŋkɔ, kple ɣletiŋkeke si nèyi la ɖia? Anyo be nàgblẽ teƒe aɖe ɖi si nàwɔ nuŋlɔɖi bubuwo ɖo ne wò ŋutɔ alo gbeƒãɖela bubu aɖe trɔ yi ame siwo mèdo go le aƒea me o la gbɔ. Ne anyigbamama la menye tɔwò o eye nèɖi ɖase le eme vɔ la, ke tsɔ nuŋlɔɖi si nèwɔ le ame siwo menɔ aƒe me o ŋu la na nɔvi si tɔe wònye, negbe ɖe wòlɔ̃ be nànɔ ame siwo menɔa aƒe me o la gbɔ yim ko hafi. Ŋlɔ ɖetsɔleme si ame siwo ŋu nèke ɖo le aƒe mawo me ɖe fia la ɖe pɛpa bubu dzi be wòakpe ɖe ŋuwò ne ègatrɔ yi wo gbɔ.
3. Aɖaŋu kawoe woɖo na mí le keke ɖe ame siwo menɔa aƒe me o la ŋu?
3 Trɔ Ɣeyiɣi Si Nèyina La Kpɔ: Ðewohĩ ame siwo menɔa aƒe me le dɔwɔŋkekewo dzi o la anɔe le fiẽsiwo me alo le kwasiɖanuwuwuwo. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu ale be nàte ŋu ayi wo gbɔ le ɣeyiɣi si asɔ wu mea? (Kor. I, 10:24) Ne màte ŋui o la, ke àte ŋu ana gbeƒãɖela aɖe nanɔ ame siwo menɔa aƒe me o la gbɔ yim le ɣeyiɣi bubu siwo asɔ dzi. Ne esia hã manɔ bɔbɔe o la, ke àte ŋu aŋlɔ lɛta alo aƒo ka na ame siwo menɔa aƒe me o la. Ðewohĩ ado dzidzɔ na gbeƒãɖela siwo lãmegbegblẽ wɔe be womete ŋu kpɔa gome le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me tututu o la be woakpe ɖe ŋuwò le kaƒoƒo na wo me.
4. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖe vevienyenye si le tɔtrɔ yi ame siwo menɔa aƒe me o gbɔe me?
4 Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la ɖe viɖe si le agbagbadzedze be míake ɖe ame siwo menɔa aƒe me o ŋu la fia. Gbeƒãɖela aɖewo nɔa aƒe aɖe si me womekena ɖe aƒea me nɔla ŋu o la me yim edziedzi hena ƒe etɔ̃ sɔŋ, ke gbeɖeka la, wova ke ɖe eŋu mlɔeba. Nu si dzɔe nye be, nyɔnua nɔa mɔ kpɔm le ɣeyiɣi mawo katã me be Ðasefo aɖe nava ye gbɔ ale be yeayi Biblia nusɔsrɔ̃ si gɔme wodze kplii hafi wòʋu va nuto ma me la dzi.
5. Ɣekaɣie woabu anyigbamama aɖe be wokpee ɖo?
5 Kpe Anyigbamama La Ðo: Ɣekaɣie woabu anyigbamama aɖe be wokpee ɖo? Zi geɖe la, ne wodze agbagba ɖe sia ɖe te ŋu ɖo dze kple ame aɖe le aƒe ɖe sia ɖe me la, ke woate ŋu abu anyigbamama ma be wokpee ɖo. Anyo be míatsɔ trakt alo magazine xoxo aɖe ada ɖe teƒe aɖe, si ame siwo tso eme va yina manɔ kpɔkpɔm o, na ame siwo menɔa aƒe me o, vevietɔ le anyigbamama siwo me womewɔa dɔ le edziedzi o me. Ele be woakpe anyigbamama la ɖo le ɣleti ene me. Ne wonya kpe anyigbamama aɖe ɖo ko la, ele be woatrɔ agbalẽvia ana ame si le anyigbamamaa dzi kpɔm ale be wòate ŋu adee eƒe nuŋlɔɖiwo dzi.
6. Nu ka tae wòle be míadze agbagba agblɔ nyanyuia na ame ɖe sia ɖe si le míaƒe anyigbamama me?
6 Míedi be mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe, ale si wòanya wɔ, si be woasrɔ̃ ale si woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔe ale be woakpɔ ɖeɖe. (Rom. 10:13, 14) Ame siwo menɔa aƒe me ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm o la hã le ame siawo dome. Abe apostolo Paulo ene la, wɔe wò taɖodzinui be yeayi edzi aɖi “ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyui la ŋuti.”—Dɔw. 20:24.