Ðe Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Mía Nyɔm le Gbɔgbɔ Mea?
1 Hakpala la kafu Yehowa be: “Wò ŋkuɖodzinyawo nye nye ŋugbledede.” (Ps. 119:99, NW) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋkuɖodzinyawo” fia be Yehowa ɖoa ŋku nusiwo wogblɔ ɖe eƒe sewo, mɔfiamewo, nyagbɔgblɔwo, ɖoɖowo, kple nufiamewo me dzi na mí. Ne míewɔ wo dzi la, woanyɔ mí le gbɔgbɔ me eye woana míakpɔ dzidzɔ.—Ps. 119:2.
2 Mí Yehowa ƒe amewo míexɔa aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame ɣesiaɣi. Míese wo dometɔ geɖe kpɔ. Togbɔ be dzideƒonya siawo dzɔa dzi na mí hã la, míete ŋu ŋlɔa wo be. (Yak. 1:25) Yehowa gbɔa dzi ɖi gblɔa ŋkuɖodzinyawo na mí lɔlɔ̃tɔe. Apostolo Petro ŋlɔ ŋkuɖodzinya aɖewo ɖi bene ‘woanyɔ míaƒe tamesusu, si me kɔ la bene míaɖo ŋku Aƒetɔ ƒe se la dzi.’—Pet. II, 3:1, 2.
3 Woɖoa ŋku ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede ƒe vevienyenye dzi na mí ɣesiaɣi. Woɖoa ŋku wo dzi na mí elabena nusiawo le vevie bene wòanyo na mí le gbɔgbɔ me.—Tim. I, 4:15; Heb. 10:24, 25.
4 Gbeƒãɖeɖedɔ si wode Kristotɔwo sie nye kuxi gãtɔ na ame aɖewo. Ebia agbagbadzedze, tameɖoɖo kplikpaa, kple kutrikuku. Togbɔ be ebia nu geɖe tso mía si hã la, ekpena ɖe mía ŋu be ‘míanɔ te sesĩe’ to ‘ŋutifafa nyanyui la tsɔtsɔ bla míaƒe afɔ gɔmee’ me.—Ef. 6:14, 15.
5 Ele be nu geɖe naʋã mí wu Yehowa ƒe nudidiwo ko nyanya ɖe susu me. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be dzi mee ameʋaʋã si míehiã ‘atsɔ aʋu eme hena agbexɔxɔ’ la tsona. (Rom. 10:10) Ne xɔse sesẽ le mía si eye míaƒe dzi ku ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu vevie la, aʋã mí be míaƒo nu akafu eŋkɔ.—Ps. 119:36; Mat. 12:34.
6 Ne míedo vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me la, asɔ be míakpɔ mɔ be esia ana míakpɔ dzidzɔ. (Nyagb. 2:10) Paulo yɔ dzidzɔ be enye Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse eye ele be míadi be míaɖee afia geɖe. (Gal. 5:22) Petro gblɔ kpee be teƒeɖoɖo si míakpɔ le míaƒe “veviedodo” mee nye subɔsubɔdɔ tseku si hea dzidzɔ vɛ.—Pet. II, 1:5-8.
7 Ne míege ɖe nɔnɔme sesẽ aɖe me la, ele be míaɖo ŋku apostoloawo ƒe tenɔnɔ sesĩe dzi esime wogblɔ be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” (Dɔw. 4:20) Ne míeɖo ŋku edzi be ‘ne míewɔ nusiawo la, míaxɔ mía ɖokui kple amesiwo ɖoa to mí ɖe agbe’ la, edoa ŋusẽ mí be míayi dɔa dzi.—Tim. I, 4:16.
8 Míeyɔa mo alo doa dziku le esi woɖoa ŋku nu mawo ke dzi na mí ta o. Ke boŋ asixɔxɔ gã si le wo ŋu la dzea mía ŋu vevie. (Ps. 119:129) Míedaa akpe be le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, Yehowa yi edzi le ŋkuɖodzinyawo nam mí be woanyɔ mí le gbɔgbɔ me eye woaʋã mí míatsɔ dzo ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu!—Pet. II, 1:12, 13.