Subɔsubɔkpekpewo Hena July
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 3
Hadzidzi 194
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
17 min: “Minɔ Ŋudzɔ.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo.
18 min: “Zã Agbalẽ Gbadza Vovovowo le Wò Subɔsubɔdɔ Me.” Ƒo nu tso agbalẽ gbadzaawo ƒe akpa dodzidzɔnamewo ŋu kpuie. Wɔ enana ƒe wɔwɔfia kpui eve alo etɔ̃.
Hadzidzi 213 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 10
Hadzidzi 110
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: “Ðe Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Mía Nyɔm le Gbɔgbɔ Mea?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo.
20 min: Nukae Míaƒe Aƒelikawo Asusu? Nuƒo kple wɔwɔfia si tso April 1, 1974 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me, axa 201-3. Ƒo nu tso nusita mía hati xexemetɔwo ƒoa nya ɖe mía nu zi geɖe ŋu. (Gblɔ nya siwo le axa 201 kple axa 202 ƒe memamã gbãtɔ.) Emegbe wɔ ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo bi eye wole Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple ɖetsɔlemetɔ yeyewo ƒe ƒome siwo ŋu wo hati xexemetɔ siwo tsi tre ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo ŋu ɖua fewu le la ƒe wɔwɔfia. (Dzro nyatia ƒe akpa susɔea me nya veviwo me.) Te gbe ɖe nusita mele be dzi naɖe le ɖetsɔlemetɔ yeyeawo ƒe ƒomea ƒo alo woana ta o dzi.
Hadzidzi 169 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 17
Hadzidzi 192
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
20 min: “Trɔ Yi Amesiwo Katã Xɔ Agbalẽ Gbadza Gbɔ.” Nɔviŋutsu si le akpa sia wɔm la nadzro nusita wòle vevie be míagatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo kple amesiwo míena agbalẽe gbɔ me kple gbeƒãɖela etɔ̃ bubuwo. Woadzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo me ahawɔ alesi woate ŋu azã woe afia wo nɔewo.
15 min: “Nuwo Wɔwɔ Wòanɔ Bɔbɔe le Ƒe 1995 Nutome Gã Takpekpea Me.” Emedegbalẽvia. Memamã 1-8 me nuƒo si dzikpɔla zimenɔla aƒo. Te gbe ɖe asitɔtrɔ si míewɔ be míagawɔ nuɖuɖu ƒe ɖoɖo de ŋgɔ aɖeke o ƒe viɖewo dzi.
Hadzidzi 210 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 24
Hadzidzi 126
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Nyabiaɖaka. Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo.
15 min: Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ. Hamemegã si wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ ƒe nuƒo. De dzi ƒo be woadze agbagba geɖe wu adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme. Dzro aɖaŋu siwo woɖo le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu, axa 89-91 me. Àte ŋu ade mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔ kpuiwo eme.
20 min: “Nuwo Wɔwɔ Wòanɔ Bɔbɔe le Ƒe 1995 Nutome Gã Takpekpea Me.” Emedegbalẽvia. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro memamã 9-19 me. He susu yi aɖaka si me ŋkuɖodzinyawo le dzi tsɔ ƒo etae. Te gbe ɖe alesi míaɖɔ ŋu ɖo atsɔ nuɖuɖu kple nuzazã bubu siwo hiã ko ava takpekpeae dzi.
Hadzidzi 75 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 31
Hadzidzi 136
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Tu Ame Ðo.” Hamemegã ƒe numedzodzro kple nuƒo.
20 min: Dzro August ƒe Agbalẽnunana Me. Yɔ axa 32 ƒe agbalẽ gbadza siwo woate ŋu azã. Na gbeƒãɖelawo nagblɔ agbalẽ gbadzawo nana le July me ƒe nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname ɖesiaɖe. Wɔ alesi woazã agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Vavãa? atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee ƒe wɔwɔfia. Bia nya si wobia le Akpa 1 ƒe mememã 1. Na aƒemenɔla nagblɔ alesi wòse le eɖokui me le nya siwo wogblɔ le memamã 2-4 me ŋu. Ðe eme be agbalẽ gbadza la ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavã eye be míate ŋu anɔ agbe si me vevesese mele o le eƒe xexe yeye si gbɔna me. Gblɔ nɛ be yeagava yewoadzro eme ayi ŋgɔe.
Hadzidzi 179 kple gbedodoɖa hena kpakpã.