Mía Ðokui Tsɔtsɔ Na Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ
1 Xexemegbalẽ aɖe gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu be: “Asesẽ be nàkpɔ ƒuƒoƒo bubu me tɔ siwo kua kutri le woƒe mawusubɔsubɔ ŋu ade Ðasefowo nu.” Nukatae Yehowa Ðasefowo kua kutri alea gbegbe eye lɔlɔ̃nu faa gbɔgbɔ ma le wo me?
2 Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be wosenɛ le wo ɖokui me be ehiã be yewoawɔ nu kpata. Yesu kpɔe dze sii be ɣeyiɣi kpui aɖe koe le ye si si me yeawu yeƒe anyigbadzidɔ nu le. (Yoh. 9:4) Esime Mawu ƒe Vi si wodo ŋutikɔkɔe na le dzi ɖum le eƒe futɔwo dome egbea la, Yehowa ƒe amewo nya be ɣeyiɣi kpui aɖe koe le yewo si yewoatsɔ awɔ yewoƒe dɔ lae. Eyata wotsɔa wo ɖokui naa faa na subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ. (Ps. 110:1-3) Esi dɔwɔla geɖe hiã le nuŋeŋedɔa me la, womate ŋu ana woƒe asi nado agblɔ o. (Mat. 9:37, 38) Eyata wosrɔ̃a Yesu, amesi ɖo lɔlɔ̃nu faa kple veviedodonu le eƒe dɔwɔwɔ me ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi.—Yoh. 5:17.
3 Nu bubu si hã tae Yehowa Ðasefowo wɔa dɔ kple dzi blibo abe Yehowae wole ewɔm na enee nye be woƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa to vovo tso ƒuƒoƒo ɖesiaɖe gbɔ. Ɣeyiɣi kple agbagbadzedze vi aɖe koe xexeame habɔbɔ akpa gãtɔwo biana tso woƒe hameviwo si. Ŋusẽ vi aɖe koe woƒe dzixɔsewo kpɔna ɖe woƒe gbesiagbegbenɔnɔ, woƒe nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu, alo woƒe agbemenudidiwo dzi, alo mekpɔa ɖeke kura ɖe wo dzi o. Esi menye xɔse vavãtɔe ʋãa wo o ta la, wotea tɔ ɖe edzi na wo kplɔlawo be ‘woagblɔ nya ŋɔnɔewo na yewo,’ be woaka ɖe edzi na yewo be agbagba sue si yewodzena la sɔ gbɔ. (Yes. 30:10) Woƒe nunɔlawo wɔna ɖe edzi na wo eye ‘wolũa tome na wo,’ wodea ɖekematsɔleme kple gbɔgbɔmekuvia lãme na wo.—Tim. II, 4:3.
4 Aleke esia to vovo le Yehowa ƒe amewo domee nye si! Nusianu si ku ɖe míaƒe tadedeagua ŋu bia agbagbadzedze, kutrikuku, kple dɔwɔwɔ. Míetsɔa míaƒe dzixɔse wɔa dɔe gbesiagbe, le nusianu si míewɔna me. Togbɔ be nyateƒea na míekpɔa dzidzɔ geɖe hã la, ebia be ‘míaʋli geɖe’ hafi awɔ nusi wòdi tso mía gbɔ. (Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 2:2.) Gbesiagbegbenɔnɔ ƒe agbanɔamedziwo ɖeɖe naa ame akpa gãtɔ tsia mavomavo. Gake míawo ya míeɖea mɔ be nusiawo naxe mɔ na míaƒe Fiaɖuƒea tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ o.—Mat. 6:33.
5 Dɔ si wode asi na mí be míawɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ƒe viɖewo lolo eye wòhiã kpata ale gbegbe be esia ʋãa mí be ‘míaƒle’ ɣeyiɣi tso dɔ bubuwo me azã ɖe gbɔgbɔmenu siwo ŋu viɖe le wu ŋu. (Ef. 5:16) Esi míenya be míaƒe ɖokuitsɔtsɔna Mawu kple lɔlɔ̃nu faa gbɔgbɔ dzea Yehowa ŋu ta la, enyea ameʋãnu gãtɔ na mí be míayi míaƒe dɔ sesẽ la wɔwɔ dzi. Le yayra gbogbo siwo míexɔna kple agbe si gbɔna ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si ta la, míeɖoe be míayi edzi ‘asẽ ŋkume awɔ dɔ sesĩe’ ɖe Fiaɖuƒenuwo ƒe ŋgɔyiyi ta.—Tim. I, 4:10.
6 Ðokuitsɔtsɔna Kple Ðokuitsɔtsɔsavɔ Gbɔgbɔ: Egbea ame akpa gãtɔ naa ŋutilãmenuhiahiãwo kple nu bubuwo xɔa nɔƒe gbãtɔ na nusianu. Wobunɛ be esɔ le go sia go me be yewoada yewoƒe susu ɖe nusi yewoaɖu, nusi yewoano, alo nusi yewoado dzi. (Mat. 6:31) Esi nuhiahiã veviwo mesɔa gbɔ na wo o ta taɖodzinu si nye be woaɖu agbe alesi yewoate ŋui fifia eye ‘woaƒo nu nyui geɖe nu ƒu na ƒe geɖe ƒe zazã, ale be woagbɔ ɖe eme, aɖu nu, ano nu, eye woakpɔ dzidzɔ’ lae kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. (Luka 12:19) Sɔlemedelawo bunɛ be nusi yewoƒe ha abia tso yewo ɖeɖe si la nye agba si mele be yewoe atsɔe o la dodo na yewo. Womedina be yewoase be woagblɔ be yewoaɖe asi le ŋutilãmenudidi aɖewo ŋu alo aɖe wo dzi akpɔtɔ alo be yewoaɖe asi le nane si doa dzidzɔ na yewo ŋu kurakura o. Esi woƒe tamesusu katã nɔa wo ɖokui ko ŋu ta la, be woasrɔ̃ ɖokuitsɔtsɔna ƒe nɔnɔme la ɖina nusi manya wɔ o alo drɔ̃eƒenya na wo.
7 Míawo ya míebua nya la bubui. Mawu ƒe Nya la do míaƒe tamebubu ɖe ŋgɔ ale be míebua Mawu ƒe susuwo ke menye amewo tɔ o. (Yes. 55:8, 9) Agbe me taɖodzinu siwo de ŋgɔ sã wu ŋutilãmenudidiwoe le mía si. Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple eƒe ŋkɔ la ŋutikɔkɔ ye nye nya vevitɔwo kekeake le xexeame katã. Kpekpeme si le nya siawo ŋu lolo ale gbegbe be dukɔwo katã ‘mele ɖeke me le eŋkume’ ne wotsɔ wo sɔ kplii o. (Yes. 40:17) Ele be míabu agbagba ɖesiaɖe si míadze be míanɔ agbe si masɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu o be enye bometsitsi.—Kor. I, 3:19.
8 Eyata togbɔ be ŋutilãmenu aɖewo hiã eye míawɔ bubuwo ŋudɔ le míaƒe Fiaɖuƒedɔwo me hã la, míedze sii be menye nusiawoe nye ‘nusiwo le vevie wu’ ŋutɔŋutɔ o. (Fil. 1:10) Míewɔa nu wòsɔna kple Timoteo I, 6:8 me nyawo ku ɖe seƒe ɖoɖo na ŋutilãmenuwo didi kple agbagbadzedze nunyatɔe be míaƒe dzi nanɔ ‘nusiwo womekpɔna o siwo nɔa anyi tegbetegbe’ la dzi.—Kor. II, 4:18.
9 Zi geɖe alesi míebua Mawu ƒe susuwoe la, zi nenemae dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu hã dzi ɖena kpɔtɔnae. Ne míeyi ŋugble me le nusiwo Yehowa wɔ na mí xoxo kple etsɔme yayra wɔnuku siwo ƒe ŋugbe wòdo ŋu la, enaa míelɔ̃na be míatsɔ nusianu si wòbia tso mía si la asa vɔe. (Mar. 10:29, 30) Eya gbɔe wòtso be míeli gɔ̃ hã. Ðe menye eƒe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ tae o la, anye ne míele agbe gɔ̃ hã fifia o eye anye ne etsɔme aɖeke manɔ mía si o. Míesenɛ le mía ɖokui me be míatsɔ mía ɖokui ana, elabena nusianu si míewɔna le eƒe subɔsubɔ me la, ‘nusi wòle be míawɔ ko wònye míele wɔwɔm.’ (Luka 17:10) Nusianu si wobia tso mía si be míatsɔ na Yehowa la, míeɖea asi le eŋu dzidzɔtɔe, elabena míenyae be ‘míaxɔ teƒeɖoɖo gbogbowo.’—Kor. II, 9:6, 7.
10 Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Hiã Fifia: Tso Kristo-hamea ƒe gɔmedzedze ke la, dzonɔamemee wotsɔ dze woƒe dɔwo gɔmee. Ele be woaɖi ɖase tsitotsito hafi Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. nava. Le ɣeyiɣi ma me la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ‘ƒe ŋku biã ɖe nya la ŋu.’ (Dɔw. 18:5) Takeke kabakaba na wòhiã be woana hehe nyanyuigblɔla kple alẽkplɔla bibi geɖe wu eye woana woakpe asi ɖe dɔa ŋu. Ŋutsu siwo nya alesi wokpɔa nyawo gbɔe le xexemedziɖuɖuwo gbɔ kpakple ŋutsu bibi siwo ate ŋu akpɔ ŋutilãmenuwo dzɔdzɔ kple wo mamã dzi la hiã. (Dɔw. 6:1-6; Ef. 4:11) Togbɔ be ame aɖewo ɖe dzesi le wo dome hã la, ame akpa gãtɔ medzé o. Gake wo katã ‘woʋli sesĩe’ eye wotso dzi blibo me wɔ dɔ aduadui be woawu dɔa nu.—Luka 13:24.
11 Togbɔ be dɔwɔwɔ ŋkubiãtɔe le xexeame katã mehiã boo le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me abe ɣebubuɣiwo ene o hã la, wogbɔ agbe Fiaɖuƒedɔwo ŋusẽtɔe esime Yesu va xɔ eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ le ƒe 1914 me. Gbã la, ame ʋee aɖewo koe kpɔe be Fiaɖuƒedɔa wɔlawo ava hiã ale gbegbe be woahiã lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla miliɔn geɖe le xexeame katã ƒe kpekpeɖeŋu.
12 Egbea dɔ vovovowo le habɔbɔa dzi ale gbegbe be ebiaa míaƒe nunɔamesiwo kple ɣeyiɣi geɖe. Fiaɖuƒedɔwo le zɔ ɖem afɔtsɔtsɔe. Alesi nuwɔwɔ kpata hiã le míaƒe ɣeyiɣia mee ʋã mí be míado ŋusẽ nu azã míaƒe nusianu atsɔ awɔ dɔ si li lae. Esi nuɖoanyi vɔ̃ɖia katã ƒe nuwuwu te tu aƒe alea gbegbe ta la, míele mɔ kpɔm be kutrikuku geɖe wu gagbɔna hiahiã ge le ŋkeke siwo le ŋgɔgbe gbɔna me. Wole biabiam tso Yehowa subɔla adzɔgbeɖela ɖesiaɖe si be wòatsɔ eɖokui ana faa le nuwo nuƒoƒoƒudɔ kpata la me.
13 Nukae Wòhiã be Míawɔ? Míate ŋu agblɔe nyateƒetɔe be ‘dɔ geɖe li le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’ (Kor. I, 15:58) Nukuawo ƒu le anyigbamamã geɖe me, gake dɔwɔlawo mede ha o. Wole biabiam tso mía si, menye be míawɔ míaƒe akpa dzi le ɖaseɖiɖi tsitotsito le mía ŋutɔwo míaƒe anyigbamamã me ko o, ke boŋ be míadze ŋgɔ dɔ si nye subɔsubɔ le afisiwo hiahiã la lolo le wu hã.
14 Alesi Ðasefo siwo le xexeame ƒe afisiafi tsɔa wo ɖokui nana faa na dɔ bubuwo wɔwɔ la dze na kafukafu. Esiawo ate ŋu anye ame ɖokui tsɔtsɔ na be woatu tadeaguƒewo, subɔsubɔ le takpekpewo me, kpekpeɖeŋu nana le dzɔdzɔmefɔkuwo me alo Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo edziedzi. Le dɔ mamle sia gome la, ehiã be míakpɔ egbɔ ɣesiaɣi be Fiaɖuƒe Akpataa me le dzadzɛ eye nuwo le ɖoɖo nu hafi adzo le kpekpe ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe. Dɔ siwo woabu dɔ tsɛwoe wɔwɔ fia be míese Yesu ƒe nya siwo le Luka 16:10 me nyuie be: “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.”
■ Asikpekpe Ðe Hamea ƒe Dɔwo Ŋu: Togbɔ be hame ɖesiaɖe wɔa dɔ abe habɔbɔa katã si xɔa mɔfiafia tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” gbɔ ƒe akpa aɖe ene hã la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela ɖekaɖeka siwo le wo mee ƒo ƒu nye hamea. (Mat. 24:45) Eƒe dɔwɔwɔ ƒe akpa gã aɖe ku ɖe dɔ agbɔsɔsɔme si Ðasefo ɖesiaɖe lɔ̃ be yeawɔ kple esi nu wòate ŋu awɔ ŋu. Hamea ƒe susu nɔa alesi woaɖe gbeƒã nyanyuia le woƒe anyigbamamã me, awɔ nusrɔ̃lawo, eye woado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me ŋu. Mía dometɔ ɖesiaɖe míate ŋu awɔ akpa aɖe le dɔ sia me. Míate ŋu aɖo taɖodzinuwo na mía ɖokui hã le ɖokuisinusɔsrɔ̃, gomekpɔkpɔ le kpekpeawo me nyuie, kple kpekpe ɖe amesiwo hiã tu le hamea me ŋu me. Dɔ siawo naa mɔnukpɔkpɔ nyui geɖe mí be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃nu faa afia.
■ Amesiwo Le Dzikpɔkpɔnɔƒewo ƒe Ŋgɔxɔxɔ: Yehowa tsɔ hame ɖesiaɖe dzikpɔkpɔ de hamemegã siwo woɖo le eme si. (Dɔw. 20:28) Ŋutsu siawo nye amesiwo dze agbagba ɖo mɔnukpɔkpɔ sia gbɔ. (Tim. I, 3:1) Nɔviŋutsu ɖesiaɖe kloe si le hamea me ate ŋu adze na agbanɔamedzi siwo lolo wu xɔxɔ. Nɔviŋutsu geɖewo le tsitsim le gbɔgbɔ me eye ehiã be woayi edzi anɔ tsitsim nenema le hamemegã siwo le hamea me ƒe mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe te. Ele be ŋutsu siawo nanye Biblia kple míaƒe agbalẽ bubuwo srɔ̃la dovevienuwo. Woate ŋu aɖe woƒe lɔlɔ̃nu faa fia to alesi woabɔbɔ wo ɖokui ɖe hamemegã siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo te, asrɔ̃ woƒe xɔse, eye woatrɔ asi le nɔnɔme siwo wodina tso dzikpɔlawo si la me.—Heb. 13:7, 17.
■ Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ: Hamea ƒe taɖodzinu vevitɔe nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia. (Mat. 24:14) Yayra kae nye si wònyena ne amesiwo me dzo le dzi woƒe agbagbadzedzewo ɖe edzi va zu mɔɖelawo! Esia biana zi geɖe be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me. Ahiã be woagawɔ tɔtrɔ bubuwo bene woayi gbeadzisubɔsubɔdɔ tɔxɛ sia dzi. Gake amesiwo léa mɔnukpɔkpɔ sia me ɖe asi eye womena ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dziɖeleameƒo wɔe be woɖe asi le eŋu le ƒe ɖeka alo ɣeyiɣi si didi vie wu ema megbe o la akpɔe godoo be Yehowa yra yewo geɖe. Hamemegã siwo lɔ̃a ame kple ame tsitsi bubuwo ate ŋu awɔ woƒe akpa dzi be woana mɔɖelawo nakpɔ dzidzedze, woatsɔ woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna ade dzi ƒo na wo. Gbɔgbɔ nyui kae nye si sɔhɛ siwo wua suku nu teti ko dzea mɔɖeɖedɔa gɔme la ɖena fiana! Nenema ke míagblɔ le ame tsitsi siwo dzea gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme ne woƒe ŋutilãmegbanɔamedziwo dzi nya ka ɖe vie ko la hã ŋu. Dzidzeme kae nye esi wònyena na Kristotɔ adzɔgbeɖela ne ele dɔ wɔm ɖekae kple alesi Yehowa le tsɔtsɔe dom nuwo nuƒoƒoƒudɔa!—Yes. 60:22.
■ Gomekpɔkpɔ le Takpeƒewo Tutu Kple Wo Dzadzraɖo Me: Wotu Fiaɖuƒe Akpata alafa geɖe kple Takpexɔ geɖe ɖe egbegbexɔtuɖaŋuwo nu le xexeame katã. Nukutɔe la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tsɔ woƒe ɣeyiɣi kple dɔnyanya ke faa ye wɔ dɔawo katã kloe. (Kron. I, 28:21) Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe kpɔa egbɔ be xɔ siawo le nɔnɔme nyui me to alesi wowɔa dɔ ɖesiaɖe si hiã la me. (Kron. II, 34:8) Esi wònye dɔ sia nye subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe ta la, amesiwo kpea asi ɖe eŋu la wɔnɛ faa, womebiana be woaxe fe na yewo ɖe dɔ si yewowɔ ta o, abe alesi womebiana be woaxe fe na yewo ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme, dutoƒonuƒo ƒoƒo le hamea me, alo kpekpeɖeŋu nana le takpekpedɔwo me ta o ene. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo tsɔa wo ɖokui nana faa le tadeaguƒe siwo ahe kafukafu vɛ na Yehowa ƒe aɖaŋu wɔwɔ kple wo tutu me. Wonaa kpekpeɖeŋu dzidzɔtɔe le nusiawo abe xɔtumɔɖegbalẽwo kpekpe ɖo, gakɔntawo ŋɔŋlɔ ɖi, amesiwo gbɔ woaƒle nu le kpɔkpɔ, kple akɔntabubu le xɔtunu siwo ahiã ŋu ene me. Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo mebiaa nugbegblẽ bubu siwo meku ɖe dɔa ŋu o alo dina le mɔ aɖe nu be yewoakpɔ ŋutilãmeviɖe tẽ tso subɔsubɔdɔ si yewowɔna me alo le mɔ bubu aɖeke nu o, elabena wonya be Yehowae yewotsɔ yewoƒe ŋutete kple nunɔamesiwo ɖe adzɔgbee na. Dɔ sia wɔwɔ bia be woanye dɔwɔla veviedonula siwo wɔa woƒe subɔsubɔdɔ tso ‘dzi blibo me abe Yehowae wole ewɔm na ene.’—Kol. 3:23.
15 Ke nukae na Yehowa ƒe amewo ƒe ɖokuitsɔtsɔna faa to vovo tso ame bubuwo tɔ gbɔ? Eyae nye nunana gbɔgbɔ. Menye ga alo ŋutilãmenuwo koe wonana faa o—wotsɔa ‘wo ɖokui kena faa.’ (Ps. 110:3) Esiae nye nusi míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa fia. Woɖoa eteƒe na mí etɔxɛe. ‘Míekpɔa dzidzɔ geɖe wu’ eye ‘míeŋea nu le agbɔsɔsɔ me’ elabena amewo kpɔa ŋudzedze ɖe nusi míewɔna ŋu eye wonaa nu mí ɖe esia ta. (Dɔw. 20:35; Kor. II, 9:6; Luka 6:38) Míaƒe Nunala gãtɔe nye mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, amesi ‘lɔ̃a amesi naa nu kple dzidzɔ.’ (Kor. II, 9:7) Atsɔ yayra siwo anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me aɖo eteƒee zi alafa na mí. (Mal. 3:10; Rom. 6:23) Eyata ne wona mɔnukpɔkpɔwo wò le Yehowa subɔsubɔ me la, ɖe nàtsɔ ɖokuiwò ana faa abe Yesaya ene be: ‘Nyee nye si! Dɔma’?—Yes. 6:8.