Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Katã Gbɔ be Wòaɖe Vi na Wo
1 Nukae nye nu vevitɔ si akpe ɖe mía ŋu míanya ne míatrɔ ayi ame aɖe gbɔ loo alo míatrɔ ayi o? Eyae nye ɖetsɔleme! Ɣesiaɣi si ame aɖe ɖe ɖetsɔleme suetɔ kekeake fia ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu la, míedi be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be wòaɖe vi na amea. Eyata míewɔa tɔtrɔyiwo kple susu be míatu amewo ƒe ɖetsɔleme ɖo eye míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Esiae nye míaƒe taɖodzinu nenye be míena agbalẽ aɖeke o gɔ̃ hã. Mɔ ka dzie míato awɔ esiae?
2 Ne dze si mieɖo va yi ku ɖe alesi gbegbe srɔ̃ɖekuxiwo sɔ gbɔ egbea ŋuti eye nèna “Agbe Tegbee” gbalẽa la, àte ŋu aʋu wò dzeɖoɖoa nu ale:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe kple alesi Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ geɖe la ŋuti. Ðe menye nyateƒe be le ƒome nyuitɔwo kekeake me hã kuxiwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi oa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ƒomekuxiwo gbɔ. Anye yayra na ƒomea ne wosrɔ̃a Biblia la ɖekae.” Ʋu axa 246, eye nàdzro memamã 23 me kplii. Xlẽ Yohanes. 17:3, eye gblɔe nɛ be yeakpe ɖe eƒe ƒomea ŋu be woadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le aƒeme.
3 Ne èƒo nu tso ɖeviwo kple alesi wohiã na hehe ŋuti la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi ale:
◼ “Míeƒo nu va yi tso alesi ɖeviwo hiã na gbɔgbɔmehehe kple alesi dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋui ŋu. Dzila siwo meɖo dze kpli la ƒe akpa gãtɔ xa nu geɖe ŋutɔ le egbe sɔhɛ geɖewo ƒe agbe baɖa nɔnɔ ŋuti. Nukae nye wò susu . . . ? [Gblɔ sɔhɛwo ƒe agbe baɖa nɔnɔ si yia edzi le miaƒe nutoa me ƒe kpɔɖeŋu aɖe. Na wòagblɔ eƒe susu.] Na mafia Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ la dometɔ aɖewo wò.” Ʋu Agbe Tegbee gbalẽa ƒe axa 246, memamã 22 ne nàƒo nu tso nyati vevi si le eme ŋu, eye nàxlẽ Efesotɔwo 6:4. Ðe eme be le nyateƒe me, ɖevi akpa gãtɔwo dina be yewoaxɔ hehe kple mɔfiafia. Ne dzilawo ku kutri le wo nana me la, ɖeviawo kpɔa dzidzɔ wu eye bubu dzena le woƒe nuwɔna me wu. Ðe alesi míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple mía viwo me nɛ
4 Ne tanya si nɔ wò dzeɖoɖoa si va yi enye Paradisonyigba la, ke àte ŋu aganyɔ amea ƒe ɖetsɔleme ne ègblɔ be:
◼ “Míekpɔ nɔnɔmetata aɖewo le agbalẽ sia me siwo fia mí alesi anyigba ava nɔ ne Mawu wɔe wòzu paradiso. Mado dzidzɔ boo aɖeke na mí o nenye be míete ŋu se vivi le eme kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo o. Mèkpɔe nenema oa?” Na wòaɖo eŋu. Emegbe ʋu Agbe Tegbee gbalẽa ƒe axa 162. Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4, eye nàɖe alesi míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ate ŋu anɔ anyi kpli mí ɣesiaɣi la me. Ne edzɔ dzi nɛ la, xlẽ Yohanes 5:28, 29 atsɔ fia be woagbɔ agbe ame kukuwo. Tɔ asi agbalẽa ƒe ŋkɔ si le eƒe akpa dzi eye nàgblɔ be: “Nyateƒe ŋutɔŋutɔ wònye—míate ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi!” Wɔ ɖoɖo ɖe sasrãkpɔ bubu ŋu be miadzro nusitae míenya be egogo la me.
5 Taɖodzinu vevi si le tɔtrɔyi wɔwɔ mee nye be míakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be Fiaɖuƒe gbedasia naɖe vi na wo. Ame geɖe hiã nusi aʋã wo be wòanyɔ woƒe didi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. He woƒe susu yi nu vevi siwo le agbalẽa me si aɖe vi na wo la dzi, eye nàte gbe ɖe alesi wòate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woase Biblia gɔme nyuie wu la dzi. Tɔtrɔyi siwo ɖoa taɖodzinu siawo gbɔ la akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ viɖe gãtɔ kekeake.