Kpe Ðe Amesiwo Ðea Ðetsɔleme Fiana Ŋu Lɔlɔ̃tɔe
1 Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ na nusrɔ̃la Filipo be wòayi Etiopiatɔ aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Mawu ƒe Nyateƒenya ŋu anukwaretɔe gbɔ la, elɔ̃ faa be yeakpe ɖe eŋu wòase nusi xlẽm wònɔ la gɔme. (Dɔw. 8:26-39) Ðe míedzea agbagba tɔxɛ be míakpe ɖe amesiwo ɖea ɖetsɔleme fiana la ŋua? Ele be míawɔe nenema elabena nusrɔ̃lawo wɔwɔ hã kpe ɖe dɔ si Mawu de asi na mí ŋu. (Mat. 28:19, 20) Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?
2 Ðo ɣeyiɣi ɖi kwasiɖa ɖesiaɖe na tɔtrɔyiwo wɔwɔ. Wɔ ɖoɖo nàyi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ, eye nàdze agbagba ayi Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro si gɔme nèdze le yiyi zi gbãtɔ me la dzi. Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ƒe taɖodzinua nenɔ wò susu me. Trɔ yi edziedzi nàtsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata yeyewo ayi na nusrɔ̃via eye nàde dzi ƒo nɛ be wòawɔ nudɔdɔa.
3 Ne asixɔxɔ si le Biblia ŋu mee miedzro le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu azã aɖaŋuɖoɖo si tso “Reasoning” ƒe agbalẽa ƒe axa 66 agayi dzeɖoɖoa dzi ahagblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Ame aɖewo bu be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo mewɔa dɔ le míaƒe egbe xexea me o. Aleke nèbu le esia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Màlɔ̃ ɖe edzi be agbalẽ si ɖoa aɖaŋu nyui si ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomegbenɔnɔ me la sɔ nyuie oa? [Na wòaɖo eŋu.] Ƒomegbenɔnɔ ŋu nyawo kple nuwɔnawo trɔ, eye emetsonu siwo míekpɔna egbea la menyo o. Gake ƒome siwo wɔna ɖe nusi Biblia gblɔ dzi la lia ke eye dzidzɔ nɔa wo me.” Xlẽ Kolosetɔwo 3:18-21. Tsɔ trakt si nye Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi la nɛ, eye ɖe eme nɛ be míesrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee.
4 Àte ŋu adze dzeɖoɖo le amewo dome ƒomedodo si le gbegblẽm ɖe edzi ŋu gɔme ale:
◼ “Didi vevie be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ amewo dome va zu nya gã le míaƒe ɣeyiɣiawo me. Ame geɖe faa konyi be fuléle le ta kekem le xexe sia me. Èbu be nuka gbɔe kuxia tso? [Na wòaɖo eŋu.] Ame aɖewo lɔ̃a ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖeɖe ɖe go heŋea aɖaba ƒua woa ŋutɔwo tɔ dzi. Esia ate ŋu ahe tɔtɔ vɛ le dɔwɔƒe kple aƒeme siaa. Se nusi Biblia gblɔ be ate ŋu ana amewo dome navivi nyuie la ɖa. [Xlẽ Efesotɔwo 4:32.] Mawu do ŋugbe be yeate amewo katã aƒo ƒu ɖekae woanye ƒome kpɔdzidzɔ le eƒe Fiaɖuƒea te.” Tsɔ September 15, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ la fiae alo nàʋu Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ƒe axa 234-237.
5 Ne èdi be yeagaɖe Biblia ƒe nukpɔsusu le Mawuɖekaetɔ̃nufiafia me ayi ŋgɔ la, àte ŋu agblɔ nya siawo tɔgbe:
◼ “Ame aɖewo xɔe se be Mawumeme etɔ̃e li, wo dometɔ aɖeke melolo alo le sue wu nɔvia o, eye wogblɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe nye Mawu. Ðe Yesu gblɔ kpɔ be Mawue yenyea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖee fia be vi kple fofo dome ƒomedodoe le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la kple Yesu Kristo dome.” [Xlẽ Yohanes 12:28.] Te gbe ɖe edzi be Mawu kple Via ŋuti sidzedze vavãtɔ si asu ame si la kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. (Yoh. 17:3) Gblɔ nɛ be yeagatrɔ ava yewoagadzro nya la me ayi ŋgɔ eye nàzã magazine la alo Reasoning-gbalẽa ƒe axa 405-26 me nyawo.
6 Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la lɔ̃ ɖe edzi be gɔmesese mate ŋu asu ye si ne womefia ye o. (Dɔw. 8:31) Lɔlɔ̃ ʋã Filipo wòna kpekpeɖeŋu si wòhiã lae. Míate ŋu aɖe míaƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ na amewo afia ana kpekpeɖeŋu wo le mɔ ma ke nu.