Nyabiaɖaka
◼ Ðe Eŋlisigbe me nya “engagement” kple dekɔnu srɔ̃ɖeɖe nye nu ɖekaa?
Le Ghana ƒe anyigbegome ƒe akpa aɖewo la, amewo lɔ̃a gbɔgblɔ be yewoyi “engagement” wɔƒe. Zi geɖe la, nusi wodina be yewoagblɔe nye be yewode wɔna si me ŋutsu ƒe ƒometɔwo xea dekɔnu ƒe tabianu na nyɔnu ƒe ƒometɔwo ale be nyɔnua zua ŋutsua srɔ̃ la wɔƒe. Ðe wɔna sia yɔyɔ le Eŋlisigbe me be “engagement” (nyɔnutabiabia) sɔa?
Woɖe Eŋlisigbe me nya “engagement” si nye nyɔnutabiabia gɔme be enye “ŋugbedodo na ame nɔewo alo nubabla be woava ɖe ame nɔewo.” Eyata le gɔmeɖeɖe sia nu la, atsu kple asi siwo do srɔ̃ɖeɖe ŋugbe na wo nɔewo la nye ŋugbetɔwo. Gake ele be míade dzesii be womewu nusiwo wobia le dekɔnu nu hafi srɔ̃ɖenubabla la nade blibo la wɔwɔ nu o. Eyata be atsu kple asi siwo do ŋugbe na wo nɔewo nadɔ la ana woaɖi ahasiwɔwɔfɔ.—Heb. 13:4; Tes. I, 4:3-5.
Ke nukae nye dekɔnu srɔ̃ɖeɖe? March 1978 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ ƒe emedegbalẽvia gblɔ le memamã 8 lia me be: “Ne . . . nyɔnuvia ƒe ƒomea xɔ dekɔnua ƒe tanuawo KATÃ le ɖaseɖilawo ƒe ŋku me la, ekema esiawo wɔe be srɔ̃ɖeɖea de blibo keŋkeŋ. Esia menye ŋugbedodo alo nyɔnutabiabia abe alesi amea ɖewo woyɔnɛ vodadatɔe ene o. Ke boŋ enye dekɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe, si de blibo keŋkeŋ. . . . Wobua wo [ame evea] be wonye srɔ̃tɔ, siwo ɖe wo nɔewo, eye womate ŋu atso alo ate fli ɖe ɖoɖoa me (abe alesi woate ŋu awɔe ne enye tabiabia ɖeɖe ko la ene) o, negbe ɖe wowɔ srɔ̃gbegbe ƒe kɔnu blibo abe alesi wòle dekɔnua mee la ene hafi.”
Eme kɔ ƒã be dekɔnu srɔ̃ɖeɖe nye srɔ̃ɖeɖe si de blibo, ne womeƒo eŋu nuƒo le Fiaɖuƒe Akpata me alo “kplɔ̃ɖoɖo” aɖeke kpe ɖe eŋu o hã; menye “engagement” wònye o.