INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/08 axa 6
  • Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Video si He Susu Yi Afɔɖeɖe Vevi Siwo Wɔm Wole le Atikewɔnyawo me Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Video si He Susu Yi Afɔɖeɖe Vevi Siwo Wɔm Wole le Atikewɔnyawo me Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Atikewɔwɔ Ŋuti Hiahiã Kpatawo Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 1/08 axa 6

Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?

Nu ka wɔwɔ hem ɖe megbe? Eyae nye DPA (durable power of attorney) [ameteƒenɔla ƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa] gbalẽvia si wowɔ na Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo la kpekpe ɖo. Esi wònye be ‘mènya nu si wò agbe ava zu etsɔ o’ ta la, ele vevie ŋutɔ be nàtso nya me do ŋgɔ ku ɖe dɔdamɔnu siwo nàdi be woazã na ye ne nane dzɔ ɖe ye dzi kpataa ŋu eye nàŋlɔe da ɖi. (Yak. 4:14; Dɔw. 15:28, 29) Ema koŋ tae wowɔ video si nye Transfusion-Alternative Health Care—Meeting Patient Needs and Rights la ɖo. Mikpɔ video sia, eye anyo be miado gbe ɖa ahatsɔ nyabiase siwo gbɔna la adzro nu siwo miesrɔ̃ tso eme la me.—Mide Dzesii: Esi wònye be woɖe amekoko ƒe akpa aɖewo fia le video sia me ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo ne wole video sia kpɔm kple wo vi suewo.

(1) Nu ka tae atikewɔla aɖewo gbugbɔ le ŋku lém ɖe ʋudodo na ame ŋu? (2) Gblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo me wote ŋu wɔ dɔ sesẽ na amewo le ʋumadomadoe. (3) Atikewɔla kple amekola nenie le xexea me godoo siwo lɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ na dɔnɔwo ʋumazãmazãe? Nu ka tae wole lɔlɔ̃m faa be yewoawɔ esia? (4) Nu kae numekuku siwo wowɔ le dɔnɔkɔdziwo nyitsɔ laa ɖe fia ku ɖe ʋuzazã ŋu? (5) Atikewɔwɔ me fɔku kawoe le ʋudodo me? (6) Aleke ɖɔkta bibi geɖewo ƒo nya tae ku ɖe viɖe siwo le atike bubuwo zazã ɖe ʋu teƒe ŋui? (7) Nu kawo gbɔe wòtsona be ʋu mesɔa gbɔ ɖe lãme na ame o? Aleke gbegbee ametia tea ŋu nɔa te ɖe ʋu ƒe agbɔmasɔmasɔ ɖe lãme na ame nui? Nu kawoe woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ ne ʋu vɔ le lãme na ame? (8) Nu kawoe woate ŋu awɔ ana dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo nadzi ɖe edzi kaba? (9) Mɔnu kawo zãm wole le amekoko me be woatsɔ aɖe ʋu si ado le ame ŋu ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ? (10) Ðe atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe wɔa dɔ na ɖevi suewo kple ame siwo ƒe agbe ɖo afɔku me le nɔnɔme kpata aɖe me hã? (11) Nu kae nye atikewɔwɔ me dzidzenu vevi aɖe si dzi wòle be woawɔ ɖo le dɔnɔwo gbɔ kpɔkpɔ nyuie me? (12) Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔwo nawɔ atikewɔwɔ na wo ʋumazãmazãe ŋuti nyametsotsowo do ŋgɔ? Aleke míate ŋu awɔ esiae?

Be ame aɖe nalɔ̃ ɖe dɔdamɔnu siwo dze le video sia me dometɔ aɖe dzi alo malɔ̃ ɖe edzi o la nye nyametsotso si wòanɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee dzi awɔ. Ðe nèwɔ atike bubu siwo dzi nàlɔ̃ ɖo be woate ŋu azã na mia kple viwòwo ɖe ʋu teƒe la ƒe tiatia si me kɔ xoxoa? Hena numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” siwo dze le Gbetakpɔxɔ siwo nye June 15, 2004, kple October 15, 2000 me, kple December 2006 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe tanya si nye “Nyametsotso Kae Mawɔ Le Ʋumenu Suesuewo Alo Nye Ŋutɔ Nye Ʋu Zazã Le Atikewɔwɔ Me Ŋu?” Ele be nàna ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o hã nanya wò nyametsotsowo nyuie kple susu siwo ta nèwɔ nyametsotso mawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe