Na Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒã
1 Ðo ŋku ɣeyiɣi si me nèse Fiaɖuƒenyanyuia zi gbãtɔ dzi. Nyateƒenya siwo me kɔ ʋã wò nèdi be sidzedze kple nugɔmesese nasu asiwò. Eteƒe medidi o ète ŋu kpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo le yeƒe agbenɔnɔ me elabena Yehowa ƒe mɔwo kɔ boo wu wò mɔwo. (Yes. 55:8, 9) Èwɔ ŋgɔyiyi, ètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe, eye nèxɔ nyɔnyrɔ̃.
2 Togbɔ be nèwɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi aɖewo hã la, gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo ganɔ anyi siwo dzi wòle be nàɖu. (Rom. 12:2) Ðewohĩ amegbetɔvɔvɔ̃ nɔ mewò, si na nèhena ɖe megbe le gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me me. Alo ɖewohĩ mète ŋu ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo fiana tututu o. Le esi teƒe be nàde megbe la, èɖoe kplikpaa be yeawɔ ŋgɔyiyi to teokrasi-taɖodzinuwo ɖoɖo na ɖokuiwò me.
3 Ðewohĩ fifia ƒe geɖe va yi tso esime nèɖe adzɔgbe. Ne ètrɔ kpɔ megbe la, ŋgɔyiyi kae nèkpɔ be yewɔ? Ðe nète ŋu ɖo wò taɖodzinuwo dometɔ aɖewo gbɔa? Ðe dzo si nɔ mewò le ‘gɔmedzedzea me’ la kee gale mewòa? (Heb. 3:14) Timoteo zu Kristotɔ tsitsi si si ƒe geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ su xoxo esime Paulo ƒoe ɖe enu be: “Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.”—Tim. I, 4:15.
4 Ðokuimedzodzro Hiã: Ne míebu míaƒe tsãgbenɔnɔ ŋu la, ɖe míekpɔnɛ be gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo nɔ mía ŋu le gɔmedzedzea me la dometɔ aɖewo galia? Ðe míedo kpo taɖodzinu siwo míeɖo la dometɔ aɖewo gbɔ ɖoɖoa? Ne nenemae la, ke nukatae? Togbɔ be susu nyuiwo nɔ mía si hã la, ɖewohĩ míenɔ ehem ɖe megbe. Ðewohĩ míena agbe me dzimaɖitsitsiwo alo nuɖoanyi sia ƒe amemiamiãwo xe mɔ na mí.—Luka 17:28-30.
5 Togbɔ be míate ŋu agawɔ naneke le ɣeyiɣi siwo va yi ŋu o hã la, edze ƒã be míate ŋu awɔ nane le etsɔme ya ŋu. Ðe míate ŋu ada mía ɖokui kpɔ le anukware me, akpɔe ɖa be afikae míegbɔdzɔ le hã, eye emegbe míadze agbagba vevie awɔ ŋgɔyiyia? Ðewohĩ ahiã be míagadze agbagba geɖe wu le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo, abe ɖokuidziɖuɖu, dɔmefafa, alo dzigbɔgbɔ blewu ene, ɖeɖe fia me. (Gal. 5:22, 23) Ne esesẽ na mí be mía kple ame bubuwo dome nanɔ nyuie alo míawɔ nu aduadu kple hamemegãwo la, ke ele vevie be míatu ɖokuibɔbɔ kple tamebɔbɔɖeanyi ɖo.—Fil. 2:2, 3.
6 Ðe míate ŋu ana míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒã to dzedze na subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ mea? Ne nɔviŋutsuwo gadze agbagba geɖe ɖe edzi la, woate ŋu adze azu subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemegãwo. Mía dometɔ aɖewo ate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Le ame bubu geɖe gome la, woate ŋu aɖo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe taɖodzinua gbɔ. Ame bubuwo adze agbagba be yewoayi ŋgɔ le ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ me, woakpɔ gome le hamea ƒe kpekpewo me vevie wu, alo woanye hamea me gbeƒãɖela siwo tsea ku wu.
7 Le nyateƒe me la, mía dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ ƒe nyae wònye be míatso nya me le nusiwo me wòle be míawɔ ŋgɔyiyi le ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be agbagba si míadze tso dzi blibo me be “míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti” la ana míagakpɔ dzidzɔ geɖe wu eye awɔe be míazu hamea me tɔ siwo tsea ku wu.—Heb. 6:1.