INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/95 axa 2-7
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 12/95 axa 2-7

Subɔsubɔkpekpewo Hena December

MIDE DZESII: Le December kple January takpekpe ƒe ɣeyiɣiwo me la, hamewo ate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo hiã be woakpɔ aɖabaƒoƒo 30 atsɔ adzro takpekpenuƒoawo me nyati veviwo me le kwasiɖa si akplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔkpekpea me. Ele be woatsɔ takpekpeŋkeke ɖesiaɖe me nyati veviwo me dzodzro si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie la ade asi na nɔviŋutsu eve alo etɔ̃ do ŋgɔ. Nyaselawo ƒe nyaŋuɖoɖo kple nuteƒekpɔkpɔwo nanɔ kpuie eye woaku ɖe nya veviawo ŋu tẽ.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 4

Hadzidzi 181

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: “Kafu Yehowa Gbesiagbe.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na woaxlẽ memamãwo. Na gbeƒãɖela ɖeka alo eve nagblɔ nuteƒe dedziƒoname siwo wokpɔ esime wonɔ vomeɖase ɖim.

20 min: “Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa to ‘Kingdom Come’ ƒe Agbalẽa Nana Me.” Tsɔ dzonɔameme de dzi ƒo be woana agbalẽa le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo me, eye wɔ ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 126 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 11

Hadzidzi 201

13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro nusiwo ta wòle be míawɔ ɖoɖo akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me bliboe alesi dze me kpuie. Le esi teƒe be míanɔ gbeadzi gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema vie ko la, nukata míawɔ ɖoɖo anɔ anyi gaƒoƒo eve alo esi wu nenema ne anya wɔ o? Zi geɖe la, ɖoɖowɔwɔ ɖe tɔtrɔyiwo ŋu do ŋgɔ kple ɖoɖowɔwɔ awɔ dɔ kple ame bubu siwo ɖoe be yewoanɔ gbeadzi gaƒoƒo eve alo esi wu nenemae ana míakpɔ dzidzedze. Dzro aɖaka si nye “Good News for All Nations” hã me.

15 min: Ðaseɖiɖi ƒe Mɔnukpɔkpɔwo Ʋuʋu Ði. Le December ƒe mɔkekeawo me la, mɔnukpɔkpɔ asu mía dometɔ geɖe si míazɔ mɔ ayi takpekpewo kple mɔkekewo, eye vomeɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ʋuna ɖi. Zã School Guidebook axa 80-2, memamã 11-16, nàdzro aɖaŋu siwo woɖo le alesi míadze dzeɖoɖo gɔme kple amedzrowoe me. Gblɔ alesi dzadzraɖo do ŋgɔ na nu nyuiwo dona tsoa emee. Na gbeƒãɖela eve nawɔ alesi woadze dzeɖoɖo kple amesi ɖo ʋu ɖeka kpli mí, kpakple amesi tɔ ɖe fli me le asime alo fiase me gɔmee ƒe wɔwɔfia kpuiwo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòawɔ amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ŋuti nuŋlɔɖi eye wòawɔ ɖoɖo ana ame aɖe nayi wo gbɔ emegbe.

17 min: “Dzra Ðo ɖe Hamea ƒe Kpekpewo Ŋu eye Nàkpɔ Gome le Wo Me.” Nuƒo kple numedzodzro. Na gbeƒãɖela ɖeka alo eve nagblɔ nusi wowɔna si kpena ɖe wo ŋu be wosea vivi le kpekpewo me hekpɔa viɖe tso wo me bliboe.

Hadzidzi 28 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 18

Hadzidzi 139

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo aɖaŋu nyui aɖewo le alesi woalɔ̃ gbe le ayedzedze me le ŋkekenyui ƒe gbedonamewo mee ŋu. Gblɔ ɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛ si miewɔ na December 25 kple 26.

15 min: “Na Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒã.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.

20 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woƒe Asi Nasu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Yayra Wɔnukuwo Dzi.” Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo me, eye nàwɔ wɔwɔfia kpui eve. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ tɔtrɔyiwo kple taɖodzinu be yeadze nusɔsrɔ̃wo gɔme le “Kingdom Come” ƒe agbalẽa me.

Hadzidzi 146 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 25

Hadzidzi 88

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ne miaƒe kpekpeɣiwo atrɔ le January 1 dzi la, ke de dzi ƒo na amesiame be wòakpe asi ɖe eŋu to asitɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã la wɔwɔ me. (Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, December 1994 ƒe axa 2 lia.) Gblɔ ɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛ si miewɔ ɖe January 1 ŋu.

15 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míagazã Eŋlisigbe me nya “engagement” o ne míele nu ƒom tso srɔ̃ɖeɖe le kɔnu nu ŋu dzi.

25 min: “Nana be Míaƒe Kekelia Naklẽ Ðaa.” Tu ŋgɔdonya kpui si anye aɖabaƒoƒo ɖeka vaseɖe eve la ɖe memamã 1-5 dzi. Tsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo dzro memamã 6-16 me. Xlẽ memamã 6-9, 15, kple 16. Tu etaƒonya kpui aɖe ɖo ɖe memamã 17-19 dzi. Ne anyo la, subɔsubɔdɔdzikpɔla nawɔe.

Hadzidzi 3 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

[Nɔnɔmetata si le axa 2]

(Woyi edzi le axa 7 lia)

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Subɔsubɔkpekpe (tso axa 2)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe