INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/96 axa 1
  • Miwɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔea Zã Kple Keli

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔea Zã Kple Keli
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔla Siwo Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woayi Ŋgɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • April—Enye ‘Agbagbadzedze Kple Kutrikuku’ ƒe Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 4/96 axa 1

Miwɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔea Zã Kple Keli

1 Wona mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe mí. Eyae nye be míanye Yehowa ƒe Ðasefowo. Míenye xexeame katã ƒe nyanyuigblɔlawo ƒe habɔbɔ si zãm Yehowa le na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ la wɔwɔ me tɔwo! (Mar. 13:10) Esi nuwɔwɔ kpata hiã le míaƒe ɣeyiɣia me ta la, ɖe míele gome kpɔm le dɔ sia wɔwɔ me bliboe alesi míate ŋuia?

2 Míenya amesiwo ava xɔ míaƒe gbeƒãɖeɖe la mlɔeba ƒe xexlẽme o. Yehowa ka ɖe edzi na mí be woanye “ameha gã,” siwo katã woakpɔ be ‘wole subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm zã kple keli.’ (Nyaɖ. 7:9, 15) Menye nyasela ɖetsɔlemetɔwo koe Ðasefo siwo wu miliɔn atɔ̃ siwo le Mawu subɔm xoxo ŋkubiãtɔe la nye o, eye menye kpekpedela dzrowo koe wonye o. Wonye dɔwɔla siwo le nyanyuia gblɔm fia le xexeame katã!

3 Mɔnukpɔkpɔwo sua mía si gbesiagbe be míakafu Yehowa, le gbeadzisubɔsubɔdɔa me alo le vome. Bu Ðaseɖiɖi gã si wòanye ne mía dometɔ ɖesiaɖe adze agbagba be yeagblɔ nyateƒea na ame ɖeka pɛ ko gbesiagbe ŋu kpɔ. Ele be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu neʋã mí be míaƒo nu tso eŋu dzonɔamemetɔe.—Ps. 92:2, 3.

4 Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woawɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔea: Yehowa yi edzi tsɔ dzidziɖedzi le mía yram. (Xag. 2:7) Le Ghana le subɔsubɔƒe si va yi me la, míewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 90,867 ɣleti ɖesiaɖe le mamã dedie nu. Míaƒe taɖodzinu le nusɔsrɔ̃ kple amesiawo mee nye be míakpe ɖe wo ŋu ne woazu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Wo dometɔ geɖe wɔ ŋgɔyiyi nyui xoxo to kpekpewo dede ɣesiaɣi me. Wodze egɔme le ‘Mawu ƒe nu dzɔtsu’ siwo wosrɔ̃ la gblɔm na woƒe ame nyanyɛwo. (Dɔw. 2:11) Ðe míate ŋu akpe wo azɔ be woakpɔ gome le gaglãgbesubɔsubɔdɔa mea?

5 Mina míadze agbagba etɔxɛe le April me akpe ame yeye siwo dze la be woakpe ɖe mía ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ðe wò nusrɔ̃vi ɖee fia be yedi be yeawɔ esia? Ne nenemae la, ɖe wòɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔa? (Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽa, axa 97-9.) Ne enye nusrɔ̃via ƒe didi be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ke dzro eƒe ŋutetewo me kple zimenɔla, eye awɔ ɖoɖo be hamemegã eve nadzro nya la me kplii. Ne nusrɔ̃via dze be woada asi ɖe edzi wòanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ la, kpee be wòazɔ kpli wò le gbeadzi. Vevietɔ ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlawo kple agbalẽ me nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo nanɔ ŋudzɔ ɖe kpekpeɖeŋu nana amesiwo adze azu gbeƒãɖelawo tso April me ŋu.

6 Dzilawo adi be yewoabu eŋu nenye be yewo viwo dze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo. (Ps. 148:12, 13) Ne viwò di be yeakpɔ gome le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me eye eƒe agbenɔnɔ nyo la, àte ŋu ate ɖe hamemegã siwo le subɔsubɔ kɔmitia me la dometɔ ɖeka ŋu aɖo dze tso eŋu kplii. Hamemegã eve akpɔe ɖa be viwòa dze azu gbeƒãɖela hã ne wokpe kple mia kple viwòa vɔ. Enyea nu tɔxɛ aɖe si ta míekpɔa dzidzɔ ɖo ne ɖeviwo kpe ɖe mía ŋu le Mawu kafukafu me!

7 Yehowa koe dze be míatsɔ míaƒe subɔsubɔ kɔkɔe ana. (Luka 4:8) Mina mía dometɔ ɖesiaɖe míawɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si le mía si ŋudɔ atsɔ akafui “vevie.”—Ps. 109:30; 113:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe