INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/96 axa 8
  • “Xɔse Tsoa Nusi Wose La Me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Xɔse Tsoa Nusi Wose La Me”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Esiae Nye Agbe Mavɔ La”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Alesi Míakaka Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woƒe Asi Nasu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Yayra Wɔnukuwo Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 4/96 axa 8

“Xɔse Tsoa Nusi Wose La Me”

1 Ne míedo go amesi ‘dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la, ehiã be míado ŋusẽ eƒe dzixɔse ɖe nusi wòse la me. (Dɔw. 13:48; Rom. 10:17, NW) Be míawɔ esia la, ele be míatrɔ ayi amesiwo xɔ magazineawo gbɔ be míatsɔ tata yeyewo ayi na wo eye míaɖo dze ayi ŋgɔe kpli wo. Míate ŋu ana woawɔ nudɔdɔwo ne woɖe ɖetsɔleme vavã fia. Gake taɖodzinua nanɔ susu me na wò be nàdze nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me. Aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo aɖe vi na wò enye si:

2 Ne ètrɔ yi afisi miedzro nyati si nye “Kafu Fia Mavɔmavɔtɔ La!” le la, àte ŋu adze egɔme ale:

◼ “Le dze si míeɖo va yi me la, míedzro kpeɖodzi wɔnuku siwo ɖee fia be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe li la ƒe ɖewo me. Gake enyanya be eli ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be míanya eŋkɔ. Ŋkɔ kae nèyɔna na Mawu? [Na wòaɖo eŋu.] Ame miliɔn geɖe yɔnɛ ko be ‘Aƒetɔ’ alo ‘Mawu,’ siwo nye dzesideŋkɔ gbadzaa ko. Hekpe ɖe eŋu la, edi be míatsɔ yeƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ adze si ye. [Xlẽ Psalmo 83:19.] Biblia fia nu geɖe wu mí tso Yehowa Mawu ŋu, abe alesi woɖe eme le agbalẽ sia mee ene.” Tsɔ nɔnɔmetata si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 29 fiae eye nàxlẽ nuŋɔŋlɔ si le ete. Ne miedzro ta 3 ƒe memamã etɔ̃ gbãtɔawo me vɔ la, ke nusɔsrɔ̃a gɔmee nye ema miedze!

3 Ne ètrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia esime miedzro nyati si nye “Nusita Xexemesubɔsubɔhawo Ava Nuwuwu Ðo” me gbɔ la, àte ŋu ayi edzi agblɔ be:

◼ “Esi nèxlẽ nyatia vɔ la, nyateƒe si wònye be míate ŋu abu subɔsubɔhawo katã le mɔ ɖeka nu o la nyanya awɔ nuku na wò. Nyateƒesubɔsubɔha kpakple alakpasubɔsubɔhawo li. Esɔ be esia fɔ biabia sia ɖe te be, Amekawo ƒe tadedeague dzea Mawu ŋu? Yesu ɖo nya sia ŋu, eye woƒo nu tso eŋu le agbalẽ sia me.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 5 eye nàxlẽ memamã 4, kple Yohanes 4:23, 24. Emegbe nàbiae be, “Àdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli yea?” Ne elɔ̃ ɖe edzi la, ke ʋu ta 1 eye miadze nusɔsrɔ̃a gɔme.

4 Ne April 22 (Eʋegbe tɔe nye May 8) ƒe “Nyɔ!” dzɔ dzi na amea la, ke àte ŋu azã mɔnu sia kpɔ atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee le “Sidzedze” ƒe agbalẽa me:

◼ “Àɖo ŋku edzi be míeɖo dze tso mɔnukpɔkpɔ siwo le mía si be míakpɔ xexeme si me aʋawɔwɔ manɔ o mlɔeba ŋu. Alesi tututu wòava nɔ kpɔkpɔɖa le susu me asesẽ. Alesi nutala aɖe susui be anɔ enye si wòta ɖe afii. [Tsɔ nɔnɔmetata si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 188-9 fiae.] Ðe madzɔ dzi na wò be nàte ŋu anɔ teƒe siawo tɔgbe oa? [Ʋu axa 4-5, tsɔ nɔnɔmetata si le afima fiae, eye nàxlẽ nya si le aɖaka la me.] Agbalẽ sia ƒe ŋkɔ ɖi Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 17:3. [Xlẽe.] Ne èlɔ̃ la, madi be mafia alesi nàte ŋu awɔ agbalẽ sia kple wò Biblia ŋudɔ be sidzedze si kplɔa ame yia agbe mee nasu asiwò la wò.” Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ la, ke midze nusɔsrɔ̃ gɔme le ta gbãtɔa me.

5 Ne èdo go amesi ŋu vovo menɔ o esi nèyi zi gbãtɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia ne ègatrɔ yi:

◼ “Meva gbɔwò nyitsɔ eye mena Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine aɖewo wò. Magazine siawo na wotua bubudede Biblia ŋu kple eƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiamewo ɖo. Esi mekpɔ be ele vevie be amesiame nase Mawu ƒe Nya la gɔme ta la, metrɔ va be mafia nane si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia la wò.” Tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae eye miato emenyawo me le axa 3. Biae be ta kae do dzidzɔ nɛ wu hã, eye nàʋu afima miadze nusɔsrɔ̃a gɔme.

6 Míaƒe dzidzɔ agba go ne míete ŋu ‘ʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru’ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me na ame bubuwo.—Dɔw. 14:27; Yoh. 17:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe