‘Miyi Edzi Miatsi Le Mawu Ŋuti Sidzedze Vavã Me’
Mawu ŋuti sidzedze vavã kplɔa ame yia agbe mavɔ me. (Yoh. 17:3) Ele be míanɔ nusianu si míate ŋui wɔm be míatsi le Yehowa ŋuti sidzedze vavã me. (Kol. 1:9-11) Tso April 29 lia dzi la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Menye míaƒe Mawu ƒe Nya ŋuti gɔmesese koe adzi ɖe edzi o, ke míasu te nyuie wu afiae ame bubuwo hã. Ne mia kple wò ƒomea miedzra ɖo do ŋgɔ, eye mieyi kpekpeawo, miekpɔ gome le eme kwasiɖa ɖesiaɖe, hewɔ nyatakaka ma ŋudɔ le subɔsubɔdɔa me la, miakpɔ yayra.