INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/96 axa 7
  • Ŋkɔŋɔŋlɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkɔŋɔŋlɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexeame Katã ƒe Suku Kpɔdzidzedze aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Suku si Dzraa Mí Ðo ɖe Nusiwo Hiã Wu Ŋuti
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Mɔfiamewo Na Sukudzikpɔlawo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ƒe 2015 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Ana Míaƒe Nufiafia Nanyo Ðe Edzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 12/96 axa 7

Ŋkɔŋɔŋlɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me

1 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua na hehe Yehowa Ðasefo miliɔn geɖewo wonye nyanyuia ƒe subɔlawo. Mía dometɔ geɖe míeɖoa ŋku alesi míevɔ̃ eye dzi ɖe le mía ƒo zi gbãtɔ si míeŋlɔ ŋkɔ ɖe suku sia me dzi, gake fifia míegblɔna dzidzɔtɔe be ekpe ɖe mía ŋu míetsi le gbɔgbɔ me zu Mawu ƒe Nya la gblɔlawo kple efialawo. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 4:13.) Èŋlɔ ŋkɔ ɖe suku ɖedzesi sia me xoxoa?

2 Amekawoe ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ? Amesiwo katã le ha bɔm kple hamea fifia kpakple ame yeye siwo le kpekpewo vam la ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ, ne womele agbe aɖe si mesɔ kple Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo o la nɔm o ko.—Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu, axa 73, 98-9.

3 Sukua ƒe Ðoɖowɔɖi Hena ƒe 1997: Ƒe 1997 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe ɖoɖowɔɖia ku ɖe Biblia me nufiafiawo kple ame vovovowo kpakple habɔbɔa ƒe ŋutinya ŋu. Hekpe ɖe míaƒe nuƒoƒo kple nufiafia ƒe ŋutetewo tutuɖo ŋu la, míesrɔ̃a nu tso gbɔgbɔmenu xɔasi geɖe siwo le nusiwo míesrɔ̃na kwasiɖa ɖesiaɖe me la me. (Lod. 9:9) Ne míedzrana ɖo ɖe sukua ŋu, si ƒe akpa aɖee nye kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ, eye míeyina ɣesiaɣi la, nuƒoawo ate ŋu aɖe vi geɖe na mí le gbɔgbɔ me.

4 Le ƒe 1997 me la, Dɔdasi 2 lia ƒe Biblia xexlẽ akpa gãtɔ le kpuie wu ƒe siwo va yi me tɔ. Ne sukuvia le dɔdasi sia dzram ɖo la, ele be wòalé ŋku ɖe ɣeyiɣi si wòatsɔ axlẽ nuae la ŋu nyuie, emegbe wòakpɔe ɖa be aɖabaƒoƒo atɔ̃ si woɖo na dɔ sia ƒe nenie yeazã ɖe ŋgɔdonya kple nyataƒonyaa ŋu hã. Esia ana sukuvia nazã eƒe ɣeyiɣia bliboe eye wòatu eƒe nuxexlẽ ŋutete kple nuƒoƒo tso susu me ƒe aɖaŋu siaa ɖo.—Tim. I, 4:13.

5 Wowɔe hã be woate ŋu awɔ Dɔdasi 3 lia si wotu ɖe Sidzedze-gbalẽa dzi wòanye vomeɖaseɖiɖi. Eyata nɔvinyɔnu ate ŋu atiae be yeawɔ dɔdasi sia wòanye tɔtrɔyi, aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃, alo vomeɖaseɖiɖi. Gake nufiafia nyuie ye hiã be wòanye nu vevitɔ ke menye nɔnɔme si me woawɔe ɖo o.

6 Mɔnukpɔkpɔ ɖasu asiwò be nàƒo nufiamenuƒoa, agblɔ Biblia me nyati veviawo, alo awɔ sukuvi ƒe dɔdasi aɖe o, àte ŋu aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu afia to wò dɔdasia dzadzraɖo kple emetoto nyuie, ewɔwɔ kakaɖedzi kple dzonɔamemetɔe, gamedzinɔnɔ, sukudzikpɔla ƒe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ kple edziwɔwɔ, kpakple agbagbadzedze ɣesiaɣi be nàwɔ wò dɔdasia nuteƒewɔwɔtɔe me. Ekema wò ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe sukua me aɖe vi na mia kple amesiwo katã va.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe