Nyabiaɖaka
◼ Nukata wòle be míabu míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔnta kaba ɣleti sia ɣleti?
Dzi dzɔa mí katã ne míese nu tso nu nyui siwo doa go tsoa Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ me ŋu. (Kpɔ Lododowo 25:25.) Dɔwɔwɔwo 2:41 gblɔ be le Petro ƒe nuƒo wɔdɔɖeamedzia ƒoƒo le Pentekoste-ŋkekea dzi vɔ megbe la, “wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.” Xexlẽme ma dzi ɖe edzi “anɔ akpe atɔ̃” le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. (Dɔw. 4:4) Aleke nyatakaka mawo ado dzidzɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwoe nye si! Dzi dzɔa míawo hã nenema ke ɖe nyatakaka dedziƒonamewo sese ŋu egbea. Dzidzedze si mía nɔviwo kpɔna le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le xexeame godoo la sese dzɔa dzi na mí.
Esi wòxɔa ɣeyiɣi hebia agbagbadzedze geɖe hafi wobua akɔnta siawo ta la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela ɖesiaɖe ƒe asikpekpeɖeŋu hiã. Ðe nètsia dzi be yeatsɔ yeƒe akɔntabubu ana kaba ɣleti sia ɣletia?
Dzidziɖedzi ŋuti nyatakakawo naa míekpɔa dzidzɔ geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, akɔntabubuwo na Habɔbɔa te ŋu léa ŋku ɖe alesi dɔa le edzi yim le xexeame godoo ŋu. Ele be woatso nya me le afisi kpekpeɖeŋu geɖe ahiã le alo agbalẽ si tɔgbe wòle be woata kple eƒe agbɔsɔsɔme ŋu. Hame ɖesiaɖe ƒe hamemegãwo nɔa te ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubuwo dzi nyana afisi wòhiã be woawɔ asitɔtrɔ le. Akɔntabubu nyuiwo tua ame ɖo, wodea dzi ƒo na mí katã be míadzro mía ŋutɔwo míaƒe subɔsubɔdɔ me akpɔ afisi asitɔtrɔ hiã le.
Ele be gbeƒãɖelawo katã nanya agba si le wo dometɔ ɖesiaɖe dzi be wòatsɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu ade aɖaka si sɔ me le Fiaɖuƒe Akpata me kaba ɣleti sia ɣleti. (Gal. 6:5) Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawoe ate ŋu aɖo ŋku agbanɔamedzi sia dzi na gbeƒãɖelawo, elabena wonɔa ŋudzɔ be yewoakpe ɖe amesiwo wòsesẽna na be woade gbeadzi edziedzi ɣleti sia ɣleti hã ŋu. Woate ŋu agblɔ ŋkuɖodzinya sia le ɣleti ɖesiaɖe ƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ mamlɛa wɔƒe alo ɣebubuɣi si sɔ. Ne womete ŋu kpɔ mɔnu tsɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu na le Fiaɖuƒe Akpataa me o la, Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la ate ŋu axɔ wo eye wòakpɔ egbɔ be yetsɔ wo na agbalẽŋlɔla kaba ale be woatsɔ akpe ɖe hamea ƒe akɔntabubu si woɖona ɖe Habɔbɔa ɣleti sia ɣleti la ŋu.
Ne míekua kutri nuteƒewɔwɔtɔe bua gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔnta kaba la, enaa agba la nɔa wodzoe wu na amesiwo kpɔa míaƒe gbɔgbɔmenyonyo gbɔ.