Kpekpe Ðe Ƒomewo Ŋu be Etsɔme Mavɔ Nasu Wo Si
1 “Ŋukeklẽ nyo.” Nya mae gaŋutinunyala aɖe gblɔ na sukuvi aɖewo siwo nɔ go dom le kɔledzi. Egblɔ yi edzi be: “Àte ŋu anye ŋuklẽla gake bubu naganɔ ŋuwò kokoko.” Nya sia fia alesi xexeame doa ɖokuitɔdidi ɖe ŋgɔe be enye mɔ si dzi woato akpɔ ame ƒe etsɔme dedienɔnɔ ta. Gake le nusi to vovo kura na esia me la, Yesu ya fia nu be ele be Kristotɔ “[nagbe] nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ . . . elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?” (Mat. 16:24-26) Be etsɔme mavɔ nasu ame si la, ele be wòatu eƒe agbenɔnɔ bliboa katã ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi—esi nye taɖodzinu vevitɔ na ƒomewo egbea. (Ps. 143:10; Tim. I, 4:8) Wogblɔ nya sia ɖe Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa ƒe ta mamlɛa me. Agbalẽ yeye sia kpena ɖe amewo ŋu be woanya nusi le vevie le agbe me kple alesi woawɔ nusi aɖe vi na woƒe ƒomeawoe. Esi míeyi edzi le nyanyuia gblɔm le afisiafi la, nya kae míate ŋu agblɔ si ade dzi ƒo na amesiwo míedoa goe be woaxlẽ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa? Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esiwo:
2 Ne aƒewo me kple ablɔ dzie nèle dɔ wɔm le la, àte ŋu adze agbagba azã trakt si nye “Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me” atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee. Àte ŋu abia be:
◼ “Le alesi agbenɔnɔ egbea nye dzimaɖeɖi sɔŋ ta la, èsusu be woate ŋu akpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me vavãa? [Na wòaɖo eŋu.] Trakt sia ka ɖe edzi na mí be míate ŋu akpɔe. Àdi be yeaxlẽea? Ne exɔe la, àte ŋu ayi wò nyaa dzi be: “Esi wònye nyati sia dzɔ dzi na wò ta la, agbalẽ sia si me aɖaŋuɖoɖo geɖe le le alesi woawɔ akpɔ dzidzɔ le ƒomea me ŋu hã avivi nuwò.” Tsɔ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa me nyawo fiae. Tsɔ tanya lédziname ʋee aɖewo fiae. Ʋu axa 10 lia, eye nàxlẽ memamã 17 ƒe nyagbe susɔea vaseɖe memamã 18 lia ƒe nuwuwu. Tsɔ agbalẽa nɛ. Ðe eme be nya geɖe li si me miagadzro, eye biae be ɣekaɣie yeagava hã.
3 Àte ŋu ayi dze si mieɖo zi gbãtɔ le ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ŋu dzi agblɔ be:
◼ “Medi be mafia nane si mesusu be adzɔ dzi na wò la wò le agbalẽ si nèxɔ me. Ta susɔea he susu yi nusi koŋ gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona dzi. [Xlẽ memamã 2 lia le axa 183.] De dzesii be agbagbadzedze ɖekae be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu gbɔe wòtsona. Míele aɖaŋu ɖom be ƒomewo nasrɔ̃ Biblia la ɖekae be woanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple alesi woawɔe le ƒomea me. Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ si xɔa ɣleti ʋee aɖewo ko kple amewo femaxee. Ne àɖe mɔ nam la, mawɔ alesi wowɔnɛ la afia wò.” Trɔ yi kple Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa, wo dometɔ ɖesiaɖe si nya sɔ ko.
4 Ne wò sukuhatiwo le suku alo sɔhɛ siwo le anyigbamamãa mee nèle nu ƒom na la, àte ŋu adi ŋuɖoɖo na biabia sia:
◼ “Aleke gbegbe wòle vevie na dzilawo kple wo viwo be woana dzeɖoɖo kple wo nɔewo ƒe mɔnu nanɔ ʋuʋu ɖii? [Na wòaɖo eŋu.] Se nya si agbalẽ sia si ƒo nu tso ƒomegbenɔnɔ ŋu gblɔ tso nyati si nye ‘Dzeɖoɖo Anukwaretɔe Nanekemaɣlamaɣlae’ ŋu ɖa. [Xlẽ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa, axa 65, memamã 4 lia katã kple memamã 5 lia ƒe nyagbe gbãtɔ.] Memamã siwo kplɔe ɖo la ɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi woana dzeɖoɖo le ƒomea me naganyo ɖe edzii la ŋuti. Agbalẽ sia ƒe ŋkɔe nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. Esia ate ŋu azu tɔwò.” Ðe eme be yeagatrɔ ava abia nusiwo wòxlẽ lae.
5 Àte ŋu ayi dze si nèɖo kple sɔhɛ le yiyi zi gbãtɔ me le dzilawo kple wo viwo dome dzeɖoɖo ŋu dzi be:
◼ “Alesi nètsɔ ɖe le dzeɖoɖo nyui si anɔ miaƒe ƒomea me ƒe vevienyenye me dzɔ dzi nam ŋutɔ. Nyati kae nàgblɔ be eyae nye vevitɔ kekeake si me wòle be dzilawo kple wo viwo nadzro?” Na wòaɖo eŋu. Azɔ ke Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa, axa 68, eye nàxlẽ ŋuɖoɖo si dze le memamã 11 lia vaseɖe eƒe domedome. “Biblia sɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa nye mɔ nyui aɖe si dzi woato be Mawu ŋuti sidzedze nasu ame si.” Tsɔ Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadzaa fiae. Ðe eme be nusɔsrɔ̃ 16 siwo le eme la gblɔ Biblia me nya veviwo fia. Xlẽ ŋgɔdonya si le axa 2 lia eye miadzro nusɔsrɔ̃ gbãtɔ me.
6 Ne dzilae nèdo goe le aƒeme yi aƒeme dɔa me, alo ɖewohĩ le abɔ me alo le modzakaɖeƒe la, àte ŋu anyɔ eƒe ɖetsɔleme ne ègblɔ be:
◼ “Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be vinyinyi egbea nye nu sesẽ ŋutɔ. Nukae nèsusu be ate ŋu akpɔ wò ƒomea ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me? [Na wòaɖo eŋu.] Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe enye si, si dzɔ dzi nam.” Gblɔ kpɔɖeŋu si le Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ƒe axa 90, memamã 1 eye nàxlẽ memamã 2 lia. Gblɔ alesi wòna mɔfiame siwo da sɔ si kpɔa ƒomewo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. Gblɔ be yedi be yeana ɖekae, eye be yeagava aɖo biabia siwo afɔ ɖe te la ŋu nɛ.
7 Ne ètrɔ yi dzila si xɔ “Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ” ƒe agbalẽa gbɔ zi evelia la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi ale:
◼ “Esi míedo go zi gbãtɔ la, mekpɔ be mèƒoa asi viwòwo kura o, eye èdi be yeawɔ nusianu si nàte ŋui atsɔ akpɔ wo tae tso ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃wo me. Ðewohĩ mèxlẽ agbalẽ si metsɔ na wò be nàxlẽ la haɖe o, gake wogblɔ nya vevi aɖe ɖe eme si medi be nàxlẽ. [Xlẽ memamã 19 lia le axa 59.] Alesi míana ƒomedodo nanɔ mí kple Mawu dome bia be míanya eyama to eƒe Nya, Biblia, si woŋlɔ la dzi. Àdi be mawɔ alesi míesrɔ̃a Biblia le ƒomea me afia yea?”
8 Xexeame ƒe aɖaŋuɖolawo mate ŋu afia mɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔ la ƒomewo o, ke ɖeko woana dzi naɖe le wo ƒo boŋ. Mina míamã Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa na ame geɖe ale be Mawu ƒe Nya la nate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le afisiafi be etsɔme mavɔ nasu wo si.—Tim. I, 6:19.