Nana be Ame Bubuwo Nanya Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
1 Ƒomee nye afisi amewo ƒe ƒuƒoƒowo dzea egɔme tsonɛ, eye ƒome mee kɔƒewo, dugãwo, nutowo, kple dukɔ blibowo tsona. Egbea ƒomea ɖo xaxa me wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽŋuwo na ƒomegbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ ɖo afɔku me. Aleke gbegbe míeda akpee nye si be Yehowa, ƒomeɖoɖoa Gɔmeɖoanyila, na mɔfiamewo mí be míate ŋu akpɔ dzidzɔ le ƒomea me! Amesiwo wɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi kpɔnɛ be kuxiwo dzi ɖena kpɔtɔna eye ena ƒomea kpɔa dzidzedze. Mɔnukpɔkpɔ su mía si le September me be míana Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa amewo. Wò ŋutɔ do ƒomegbenɔnɔ ƒe nya la ɖe amewo gbɔ. Ðe xɔlɔ̃wɔwɔ fia, kakaɖedzi nenɔ asiwò, eye nàlé ŋku ɖe nu ŋu. Nya kae nàte ŋu agblɔ?
2 Àte ŋu abia nya sia tɔgbe atsɔ adze egɔmee be:
◼ “Ède dzesii be ele sesẽm na ƒome geɖe be woato agbemexaxawo mea? [Na wòaɖo eŋu.] Nyatakakawo ɖee fia be ame geɖe toa nɔnɔme sesẽwo me le aƒeme. Nukae nèbu be akpe ɖe ƒomewo ŋu woali ke wu ahakpɔ dzidzɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Esi wònye Mawue ɖo ƒome ɖoɖoa anyi ta la, ɖe manyo be míadzro mɔfiame siwo wòtsɔ na mí me oa? [Xlẽ Timoteo II, 3:16, 17.] Woƒo nu tso nufiame nyui sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona me.” Azɔ bia amea nusi wòbu be enye kuxi si bɔ ɖe ƒomewo me, ʋu ta si ƒo nu tso kuxi ma ŋu fiae, eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.
3 Ne ètrɔ yi la, àte ŋu aminyã Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ƒe taɖodzinua ne ègblɔ be:
◼ “Mebu nya si nègblɔ le ƒomegbenɔnɔ ƒe nyaa ŋuti la ŋu, eye metsɔ nane si mebu be adzɔ dzi na wò la vɛ na wò. [Tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la fiae, ʋu axa 16 lia, eye nàxlẽ biabia ade siwo le etame.] Edze ƒã be ele be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nawɔ eƒe akpa dzi be dzidzɔ nanɔ ƒomea me. Ne àna aɖabaƒoƒo ʋee aɖewom la, mafia alesi nàwɔ akpɔ viɖe geɖe wu tso nya sia me la wò.” Azɔ dze nusɔsrɔ̃ 8 lia sɔsrɔ̃ gɔme kplii.
4 Mɔ bubu si dzi nàto adze dzeɖoɖo gɔmee nye be nàƒo nu tso kuxi aɖe ŋu, ɖewohĩ ne ègblɔ be:
◼ “Togbɔ be amesiame di be yeakpɔ dzidzeme kple dziɖeɖi hã la, edze abe ƒome geɖe mete ŋu kpɔ dzidzedze gobii aɖeke le go sia me o ene. Nukae nèsusu be akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖe kuxi siwo ƒomevi míakpɔ le ƒomewo me egbea fia ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. [Xlẽ Timoteo II, 3:1-3.] Gake Biblia gagblɔ nusiwo ƒomewo awɔ akpɔ kuxi siawo gbɔ eye be woakpɔ dzidzɔ mavɔ. Wogblɔ eƒe gɔmeɖosewo ɖe agbalẽ sia si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona me.” Azɔ tsɔ numedzroɖaka si le ta si sɔ ƒe nuwuwu fiae, xlẽe, eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.
5 Ne ètrɔ yi la, zã “Nusi Mawu Di” ƒe agbalẽ gbadza la tsɔ dze nusɔsrɔ̃ gɔmee. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Mekpɔ dzidzɔ ɖe alesi nèlɔ̃ faa na míedzro Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu me la ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be eɖea vi geɖe wu ne wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me dzi. Nusita wòle nenema ŋuti numeɖeɖe aɖe si me kɔe nye si.” Xlẽ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 1 ƒe memamã gbãtɔ, kple Psalmo 1:1-3 loo alo Yesaya 48:17, 18. Ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi la, midzro nusɔsrɔ̃a ƒe akpa susɔea me. Gblɔ be yeagatrɔ ava ne yewoasrɔ̃ akpa si kplɔe ɖo ɖekae.
6 Ne èdo go ame aɖewo siwo edze abe wonye trewo ene la, àte ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme ale: “Míede dzesii be srɔ̃ɖeɖe geɖe me gblẽna le ƒe ʋee aɖewo megbe. Eyata srɔ̃ɖeɖe dze nu sesẽe na ame geɖe. Aleke tre awɔ anya ne esu te na srɔ̃ɖeɖe?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu nɔnɔmetata si le Ƒomedzidzɔkpɔ-gbalẽa ƒe axa 19 eye nàhe susu ayi nɔnɔme siwo hiã na srɔ̃ɖeɖe si nɔa anyi ɖaa si woto ɖe eme le axa 18 lia dzi. Xlẽ memamã 9 lia. Ʋu ta la ƒe gɔmedzedze, eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.
7 Míaƒe agbalẽwo ʋã ame akpe geɖe wodzro Biblia me nyuie wu. Nusi wosrɔ̃ na etsɔme si me dzidzɔ le ƒe mɔkpɔkpɔ su wo si. Esia na be fifia ame geɖe le Yehowa kafum be enye xexeame katã ƒe Aƒetɔ Fiagã. (Ps. 146:5; 83:19) Gake esi nuwo ƒe asi yi dzi bobobo ta la, míezãa ga geɖe ɖe agbalẽ vevi siawo tata kple wo ɖoɖo ɖa ŋu. Togbɔ be ele alea hã la, wo kpɔtɔ nye agbalẽ siwo ƒe asi bɔbɔ wu si nàkpɔ le bubuawo dome. Eyata ele kokoko be dzo nanɔ mía me eye míatsɔ veviedodo ade dzi ƒo na ame bubuwo be woaxlẽ agbalẽ siawo ale be wòate ŋu adzra wo ɖo woakpɔ alesi Mawu ƒe Nya la ƒe ŋusẽ trɔa amegbetɔ ƒe nɔnɔmewoe.—Kol. 3:10.
8 Mina míadze agbagba ɖesiaɖe si míate ŋui be míana ame bubuwo nanya nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona—be woawɔ ɖe mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi.—Ps. 19:8-11.