Nɔ Yesu Yome Ðaa
1 Gbeɖeka Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòanɔ yonyeme ɖaa.” (Mat. 16:24, NW) Ðikeke mele eme o be míedi be míawɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi. Na míadzro nusi eƒe amekpekpea me nya ɖesiaɖe bia la me.
2 “Negbe Nu Le Eya Ŋutɔ Ðokui Gbɔ”: Míegbea nu le mía ɖokui gbɔ ne míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woagbe nu le nu gbɔ’ gɔme koŋ enye “gbɔgblɔ be ao.” Ema fia be míelɔ̃ faa ɖe asi le mía ŋutɔwo míaƒe nudidiwo, nudzodzrowo, dzidzemenanuwo, kple ɖokuitɔdidi ƒe vivisesewo ŋu, eye míeɖoe kplikpaa be míawɔ nu wòadze Yehowa ŋu ɖaa tegbee.—Rom. 14:8; 15:3.
3 “Ne Wòatsɔ Eƒe Fuwɔameti”: Fuwɔameti tsɔtsɔe nye Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ si me woasubɔ Yehowa ɖokuitsɔtsɔsavɔtɔe le. Mɔ siwo nu míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ afia le dometɔ ɖekae nye veviedodonu le subɔsubɔdɔa me. Gbeƒãɖela geɖewo le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm le ƒe sia me vaseɖe fifia. Ðewohĩ èle wo dome eye àte ŋu aɖo kpe edzi be yayra siwo kpɔm yele la wu nusiwo yetsɔ sa vɔe. Gbeƒãɖela siwo mete ŋu wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la wɔ ɖoɖo edziedzi zãa ɣeyiɣi geɖe wu le gbeƒãɖeɖedɔa me le hamea me. Le esia ta la, hame aɖewo wɔa woƒe kpekpewo hena gbeadziyiyi kaba do ŋgɔ wu tsã. Esi míele adame ta la, adzɔ dzi na gbeƒãɖela geɖewo be yewoazã ɣeyiɣi didi sia atsɔ awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔae. Esi ame aɖewo tso nya me be ‘yewoagayi aƒe ɖeka me akpee’ alo be yewoagawɔ dɔ ‘aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko akpee’ la, nu nyuiwo do tso eme hã na wo.
4 Mɔ bubu si nu woɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ fiana le ye nye be woaɖo taɖodzinuwo na ame ɖokui. Esi ame aɖewo wɔ ɖoɖo nyuie hetrɔ asi le woƒe ɖoɖowɔɖi ŋu la, wozu gbesiagbe mɔɖelawo. Bubuwo te ŋu wɔ woƒe ɖoɖowo ale be wotsɔ wo ɖokui na hena Betel alo mɔɖela vevi subɔsubdɔa wɔwɔ. Ame aɖewo hã ʋu yi afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu.
5 “Wòanɔ Yonyeme Ðaa”: Togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo to dodokpɔ geɖe me hã la, eƒe dzonɔameme kple dzidodo le subɔsubɔdɔa me de dzi ƒo na wo. (Yoh. 4:34) Eƒe wo gbɔ nɔnɔ kple eƒe gbedasi do ŋusẽ wo. Esia tae amesiwo dze eyome la ɖe dzidzɔ vavãtɔ fia. (Mat. 11:29) Mina míawo hã míade dzi ƒo na mía nɔewo nenema ke le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔ si le vevie wu nusianu la me.
6 Mina mí katã míawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe be míanɔ ye yome ɖaa la dzi to ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ tutuɖo me. Ne míewɔe alea la, míakpɔ dzidzɔ gbago fifia kple yayra siwo de ŋgɔ wu le etsɔme.