Nyabiaɖaka
◼ Aleke wòle be míabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔae?
Ele be míabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa be enye mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi vevi aɖe siaa. Woɖoa gbeƒãɖela akpe geɖe be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti sia ɣleti, eye ame aɖewo wɔnɛ tsiã ɖe enu. Míekafu gbeƒãɖela doavevienu siawo siwo ƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na wo be woazã gaƒoƒo 60 si wobia tso wo si le gbeadzisubɔsubɔdɔa me atsɔ awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔae. Hamemegãwo kple ame bubuwo nade dzi ƒo na gbeƒãɖela siwo biaa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ be woatsɔ woƒe dɔdasia moveviɖoɖotɔe eye womegabui nu tsɛe o.
Abe gbesiagbe mɔɖelawo ene la, ele be amesiwo tsɔa wo ɖokui ɖoa anyi be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la nabu eŋu kɔnta gbã. (Luka 14:28) Esia ƒe akpa aɖee nye be woabu eŋu akpɔe do ŋgɔ be yewoate ŋu azã ɣeyiɣi si wodi tso yewo si le gbeadzisubɔsubɔdɔ me si yewomagblẽ yewoƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi bubuwo ɖi o hã. Ele be hafi woatso nya me be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, woabu ame ƒe nɔnɔmewo ŋu kpɔ le gbedodoɖa me hafi. Mele be woatsɔ alesi wose le ame ɖokui me alo esi ame bubuwo le ewɔm ta ko atsɔ abia be woawɔe o. Ele be woànye nyametsotso si ŋu wobu nyuie, eye woaŋlɔ ɖoɖo si wowɔ hena nudidiawo gbɔ ɖoɖo la akpe ɖe eŋu. Ele vevie be woaxlẽ dɔbiagbalẽa nyuie eye amea ŋutɔ natso nya me le eƒe dzi me be yeate ŋu aɖo eŋu anukwaretɔe be yeawɔ nusi wodi tso ye si.
Gake ehiã kutrikuku etɔxɛe. Ƒea ƒe ɣleti aɖewo nye esiwo sɔ nyuie be woatsɔ ‘veviedodo’ aɖe gbeƒã nyanyuiae. (Dɔw. 18:5) Ɣeyiɣi mawo dometɔ aɖewoe nye March kple April siwo nye Ŋkuɖodzia ɖuɣi kple ɣleti siwo me nutome sue dzikpɔla la va srã hamea kpɔ. Edzɔa dzi na gbeƒãɖela geɖe be womlãa wo ɖokui be yewoawɔ ɖe ɖoɖowɔɖi si miãa ame vie dzi bene yewoakpɔ ɣeyiɣi na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le dɔ tɔxɛ wɔɣi siawo, elabena wonya be yayra gbogbowo dona tsoa esia wɔwɔ me. (Kor. II, 9:6) Gbeƒãɖela geɖe dzea agbagba etɔxɛ wɔa mɔɖeɖedɔa le mɔkekewo me kple le ɣleti siwo ƒe kwasiɖanuwuwu blibowo de atɔ̃ me. Gake le asidede ete me la, wonya alesi wòhiã be woawɔ gɔmeɖose si nye ‘Na wò Ẽ nanye Ẽ’ dzi eye wodzea agbagba wɔa woƒe ŋutete ɖesiaɖe be yewoabu gaƒoƒo 60 alo wu ema ɣleti ɖesiaɖe si wowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa.—Mat. 5:37.
Gbeƒãɖela siwo mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o la ate ŋu ana kpekpeɖeŋu to alesi woalɔ̃ awɔ dɔ kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo kple to ɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le wɔwɔ kpli wo me. Ekpena ɖe mɔɖelawo ŋu ne woate ŋu anɔ gbeadzi eteƒe nadidi kpli wo. Mɔɖelawo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ ne gbeƒãɖela bubuwo kpe ɖe wo ŋu le gbeadziyiyi ŋdikanya, ɣetrɔ, kple fiẽwo. Edzɔa dzi na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo be ame bubuwo nakpe yewo be woawɔ dɔ kple yewo le tɔtrɔyiwo kple Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me. Amesiwo ate ŋu akpe ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ŋu alea la akpɔ dzidzɔ si lolo wu si tsoa nana me la godoo.—Dɔw. 20:35.
Míekpɔa ŋudzedze deto ɖe ame gbogbo siwo wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ŋu. Yayra xɔasiwo asu amesiwo te ŋu kpe ɖe wo ŋu la si. (Lod. 10:4) Ɣekaɣie nàgate ŋu akpɔ gome le dɔa dzidzi ɖe edzi be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe dzidzɔwo me?