Míagate Ŋu Awɔea?—Míegale Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Dim
1 Míagate ŋu awɔ nuka? Míagate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodzia ɖuɣia? Tanya gã si nye “Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000” si nɔ February 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me la wɔ dɔ ɖe mía dzi. Kakaɖedzi nɔ mía si be miatsɔ amekpekpe ma nu vevii. Esi woƒo March 1997 ƒe subɔsubɔkɔnta nu ƒu la, edzɔ dzi na mí esi míekpɔ be ame 5,759 ye wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa! Ne míetsɔ xexlẽme ma kpe ɖe gbesiagbe mɔɖela 3,569 kpakple mɔɖela vevi 120 siwo bu akɔnta le ɣletia me ŋu la, míakpɔ be gbeƒãɖela siwo de 18 le alafa me kloe wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Míagawɔe ake le Ŋkuɖodzi sia ɖuɣia?
2 Míetsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ le amesiwo katã dze agbagba dzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖe edzi le ƒe si va yi me kafumee. Edze kɔte be lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu kple mia havi ɖokuitɔmadimaditɔe ye ʋã mi katã. (Luka 10:27; Pet. II, 1:5-8) Gbeƒãɖela siwo le nɔnɔme vovovowo me wɔ ɖoɖo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Le hame ɖeka me, gbeƒãɖela 51 wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le dzinu ma ke me, eye hamemegã akpa gãtɔ, vinɔ aɖe si vinyɔnuvi xɔ ɣleti 15, nɔvinyɔnu aɖe si ɖe asi le dɔ si wòwɔna ŋu va di ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ be yeate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa, kple nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si mewɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ o hã nɔ amesiawo dome. Woƒe nutome sue dzikpɔla gblɔ be: “Wole agbagba gã aɖe dzem le gbeƒãɖeɖedɔa me. . . . Menye anyigbamamãa dzi koe esia le ŋusẽ kpɔm ɖo o ke ena hã be dzo le hameawo me ale gbegbe. Nɔviwo le dzidzɔ kpɔm esi wova le wo nɔewo nyam nyuie wu eye wole ku nyui siwo subɔsubɔdɔa le tsetsem hã kpɔm.”
3 Womeɖe sɔhɛwo le eme le ƒe si va yi me o. Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe si xɔ ƒe 13 nɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me wòawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu. Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le February me vɔ megbe la, eŋlɔ tso eƒe didi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March me ŋu be: “Esi naneke mexe mɔ nam fifia o la, mebia dɔa wɔwɔ enumake. . . . Anye ne nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su asinye la masu asinye ne ɖe womekpem lɔlɔ̃tɔe be mawɔ mɔɖeɖedɔa o. Meda akpe na Yehowa be mɔnukpɔkpɔ sia su asinye be manɔ ame 5,000 siwo wɔe la dome.” Eɖoe be yeagawɔe ake.
4 Ðewohĩ ènɔ ame 5,759 siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi ƒe March me, alo ame 4,552 siwo wɔe le April me, alo ame 3,358 siwo wɔe le May me dome. Àgawɔe ake le ƒe sia mea? Ne mète ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi o la, ke àte ŋu awɔe le ƒe sia me? Ðe míate ŋu agbɔ ame 5,759, si nye xexlẽme gbogbotɔ si wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March 1997 me ŋua? Emae nye kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ kekeake le ɣleti ɖeka me le Ghana ƒe alɔdzea ƒe anyigbamamã me.
5 Wò Susu Nenɔ April Kple May Dzi: Le ƒe sia me la, Ŋkuɖodzia dze Memleɖa, April 11, dzi, si wɔe be April nye ɣleti nyui aɖe na subɔsubɔdɔa dzidziɖedzi. (Kor. II, 5:14, 15) Le ɣletia ƒe ŋkeke 11 gbãtɔawo me la, míaƒe ŋku abiã ɖe ame agbɔsɔsɔme alesinu míate ŋu akpe ava Ŋkuɖodzia ɖuƒee kpekpe ŋu. Ne èwɔ ɖoɖo be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, ke taflatse tsɔ wò dɔbiagbalẽvia na ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ɣeyiɣi si nèdi be yeadze egɔme.—Kor. I, 14:40.
6 Esi kwasiɖanuwuwu blibo atɔ̃ ye le May me ta la, gbeƒãɖela siwo nye sukuviwo kple dɔmedelawo akpɔe be ana kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ɣleti ma me nanɔ bɔbɔe wu. Ne èwɔ ɖoɖo zã gaƒoƒo ewo kwasiɖanuwuwu atɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe le gbeadzi la, ke gaƒoƒo ewo koe wòagahiã be nàwɔ akpee le ɣletia me ko aɖo gaƒoƒo 60 si wodi la gbɔ.
7 Le April kple May siaa me la, míaƒe agbalẽnunana anye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwɔwɔ. Esia ade dzi ƒo na mía dometɔ geɖe wu be míadi be míawɔ mɔɖeɖedɔa. Nukatae míegblɔe nenema? Magazineawo nana le bɔbɔe eye àse vivi na wo nana le gbeadzi. Wosɔ na zazã le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa—aƒeme yi aƒeme kple fiase me yi fiase me dɔa, kpakple ne míete ɖe amewo ŋu le ablɔdzi, ʋutɔɖoƒewo, kple le modzakaɖebɔwo me kpakple le vomeɖaseɖiɖi me. Vevietɔ la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ʋlia Fiaɖuƒe nyateƒeawo ta. Wohea amewo ƒe susu yia Biblia me nyagblɔɖiwo ƒe emevava dzi tsɔ ɖoa kpe edzii be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum. Wowɔa dɔ ɖe exlẽlawo ƒe agbenɔnɔ hã dzi elabena wokpɔa amewo ƒe nuhiahiãwo ŋutɔŋutɔ gbɔ. Ne míebu alesi magazine vevi siawo wɔ dɔ ɖe míaƒe agbe dzii ŋu la, aʋã mí be míadi be míana gbogbo aɖe, alesinu míate ŋui le April kple May me.
8 Ne èle dzadzram ɖo ɖe magazinedɔ sia si wɔwɔ míadzi ɖe edzi ŋu la, àkpɔ be aɖe vi ne yedzro nyati siawo me: “Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽ Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzie Wonye” (January 1, 1994, Gbetakpɔxɔ), “Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze,” (September 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ), kple “Wò Ŋutɔ Dzra Wò Magazinenana ƒe Dzeɖonya Ðo” (October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ).
9 Hamemegãwo Xɔa Ŋgɔgbe: Be wòanye kpekpeɖeŋu na gbeƒãɖela gbogbo siwo nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le ƒe si va yi me la, hame aɖe me hamemegãwo wɔ ɖoɖo be Memleɖagbe ɖeka le ɣletia me nanye gbeadziyiŋkeke tɔxɛ na hamea katã. Wowɔ ɖoɖo be woakpe le ɣeyiɣi vovovo me gbemagbe be wòanye mɔnukpɔkpɔ na hamea me tɔ ɖesiaɖe be wòakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa vovovoawo me. Esiawo ƒe ɖewoe nye dɔwɔwɔ le asiƒleƒewo, amewo gbɔ yiyi tso aƒeme yi aƒeme, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, lɛtaŋɔŋlɔ, kple telefon dzi ɖaseɖiɖi. Nɔviawo kpe asi ɖe eŋu ŋutɔ, esi gbeƒãɖela 117 de gbeadzi gbemagbe. Gaƒoƒo si wo katã wozã le gbeadzi ƒe ƒuƒoƒo nye 521 eye wona magazine, agbalẽ gbadza kple agbalẽ gã 617! Dzidzɔ si wokpɔ Memleɖa ma gbe keke ɖe enu ɖo Kwasiɖa esi wokpɔ Dutoƒokpekpe kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ valawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbo aɖe.
10 Le Subɔsubɔ Kpekpe ɖesiaɖe me le April kple May me la, ele be woaɖo ŋku ɣeyiɣi si me woawɔ gbeadziyikpekpewo kple afisiwo woawɔ wo le le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me dzi, vevietɔ ne wowɔ ɖoɖo bubuwo to vovo na esiwo dzi miezɔna ɖo ɖaa ŋu. Míele dzi dem ƒo na gbesiagbe mɔɖelawo kple gbeƒãɖela siwo menye kpekpeɖeŋu mɔɖelawo o be woakpe asi ɖe hame ɖoɖo siawo ŋu alesi woƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ na woe.
11 Ahiã be subɔsubɔdɔdzikpɔla la nakpe kple nɔvi si naa anyigbamamãwo be woawɔ ɖoɖo awɔ dɔ le esiwo me womewɔa dɔ le edziedzi o la me. Miate ŋu alé ŋku ɖe afisiwo amewo mele aƒeme o kple ablɔdziɖaseɖiɖi kple tso fiase me yi fiase me tɔ ŋu vevie wu. Miate ŋu awɔ fiẽsi ɖaseɖiɖi geɖe wu. Midɔ magazine agbɔsɔsɔme si asu na April kple May ɖe dɔa ƒe dzidziɖedzi sia ŋu.
12 Gbeƒãɖela Geɖe Ate Ŋu Adze: Nyagbe gbãtɔ si le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe dɔbiagbalẽvi dzi gblɔ be: “Le nye lɔlɔ̃ na Yehowa kple nye didi be makpe ɖe ame bubuwo ŋu ne woasrɔ̃ nu tso eyama kple eƒe tameɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le ŋu ta la, medi be mawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa atsɔ adzi nye gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖe edzii.” Yehowa lɔlɔ̃ kple didi be míakpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me nye nusiwo dzi míetu míaƒe adzɔgbeɖeɖe ɖo. (Tim. I, 4:8, 10) Be woadze na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ la, ele be amea naxɔ nyɔnyrɔ, wòanɔ agbe nyui, eye wòate ŋu azã gaƒoƒo 60 le gbeadzi le ɣletia me. Ne mí katã míebu míaƒe nɔnɔmewo ŋu la, ɖe mía dometɔ aɖewo siwo mewɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kpɔ o ate ŋu awɔe ƒe sia me le April alo May mea?
13 Hamea me tɔ geɖe akpɔe be yewo hã yewoate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa ne wokpɔ ame bubu siwo ƒe nɔnɔme ɖi wo tɔ le ewɔm. Sukuviwo, amesiwo dea dɔ me ɣesiaɣi, siwo me hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo hã le, kple ame bubuwo te ŋu kpɔ dzidzedze le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe si si vi eve le eye wòdea dɔ me ɣesiaɣi te ŋu kpɔ gaƒoƒo 60, ena magazine 108, eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ 3 gɔme le ɣleti si me wòwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Aleke wòwɔe? Etsɔa eƒe ŋdɔ me nuɖuɣi ɖia ɖasee le anyigbamamã aɖe si tsɔ ɖe afima me, eŋlɔa lɛta tsɔ ɖia ɖasee, eye ewɔa ʋutɔɖoƒe kple ablɔdzi ɖaseɖiɖidɔ hã. Ezã ŋkeke si medea dɔ me o kwasiɖa sia kwasiɖa nyuie tsɔ yia gbeadzi kple hamea. Togbɔ be esusui gbã be yemate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o hã la, ame bubuwo ƒe dzideƒo kple ɖoɖo nyui wɔwɔ kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖu mɔxenu mawo dzi.
14 Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be: “[Nye] kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:30) Eyae nye August 15, 1995, Gbetakpɔxɔ me nyati dedziƒoname aɖe ƒe tanya. Woƒo nu tso nɔvinyɔnu aɖe si dea dɔ me ɣesiaɣi si ŋu vovo aɖeke menɔna o ŋu. Ðe wòsusu be yemate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa akpɔ oa? Ao. Le nyateƒe me, edzea agbagba wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti sia ɣleti. Nukatae? Elabena ekpɔe be le nyateƒe me, mɔɖeɖedɔa kpena ɖe ye ŋu yedana sɔna. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea kple ekpɔkpɔ woatrɔ woƒe agbenɔnɔ be woƒe nu nadze Mawu ŋu nye nusi na wòkpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeake le eƒe agbenɔnɔ si me vovo menɔna o me.—Lod. 10:22.
15 Teƒeɖoɖo gbogbo aɖe le vɔsa kple asitɔtrɔ ɖesiaɖe si ahiã be woawɔ ale be woate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa la me. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ le eƒe nuteƒekpɔkpɔ le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ŋu be: “Ekpe ɖe ŋunye be meɖe ɖokuinye ko ŋu bubu ɖa le susu me eye nye susu va le kpekpe ɖe amewo ŋu dzi wu. . . . Makafui na amesiwo ate ŋu awɔe.”
16 Ðoɖo Nyui Wɔwɔ Hiã: Míede ɖoɖowɔɖi si nɔ February 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la emedegbalẽ sia ƒe axa mamlɛa. Ðewohĩ esiawo dometɔ aɖe asɔ na wò. Ne èle wo me dzrom la, bu wò ɣletia me dɔwɔɖoɖowo ŋu. Aƒemedɔ kawoe nàte ŋu awɔ do ŋgɔ hafi adze mɔɖeɖedɔa gɔme alo kawo ŋue nàte ŋu aɖe asi le gbɔ ava wɔ emegbe? Ðe nàte ŋu aɖe ɣeyiɣi si nètsɔna ɖea modzakae alo tsɔ wɔa nu bubu siwo naa nèɖina ɖe eme dzi akpɔtɔa? Le esi nàbu gaƒoƒo 60 siwo katã hiã ŋu teƒe la, wɔ wò ɖoɖoa ɖe ŋkeke alo kwasiɖa ɖeka ŋu. Gaƒoƒo 2 ŋkeke ɖeka alo gaƒoƒo 15 kwasiɖa ɖeka koe hiã na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Lé ŋku ɖe ɖoɖowɔɖiawo ŋu eye nàtsɔ pencil ade dzesi nusi nàte ŋu awɔ le wò ŋutɔ wò gbeadziyiɖoɖo ŋu si asɔ na mia kple wò ƒomea nyuie wu.
17 Alesi hamea tso ɖe eŋui kple alesi wokpe asi ɖe eŋui le ƒe si va yi ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi de dzi ƒo na gbesiagbe mɔɖela aɖe si ŋlɔ be: “Meda akpe na mi kakaka ɖe miaƒe dzideƒo si me lɔlɔ̃ le be míagadze agbagba vie akpee awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ta. . . . Ðoɖowɔɖi siwo ƒe aɖaŋu mieɖo la kpe ɖe ame geɖe siwo mewɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ o ŋu be wokpɔe be yewoate ŋu awɔe. . . . Edzɔa dzi nam ale gbegbe be mele Yehowa ƒe habɔbɔa me eye be mawɔ ɖe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la ƒe mɔfiafia si me lɔlɔ̃ kple dzidzɔ le la dzi.”
18 Lododowo 21:5 ka ɖe edzi na mí be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” Lododowo 16:3 de dzi ƒo na mí be: “Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.” Nyateƒee, ne míede Yehowa míaƒe nyametsotsowo me eye míeɖo ŋu ɖe eŋu bliboe be wòakpe ɖe mía ŋu la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si ɖe ɖoɖo siwo míawɔ ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu la ŋu. Ðewohĩ ne míekpɔ alesi míaƒe ɖoɖowɔɖia wɔ dɔe le ɣleti ɖeka alo eve ƒe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la, ke míate ŋu ade dzesi kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe dɔbiagbalẽvia dzi ƒe akpa si xlẽ be: “De dzesii ne èdi be yeayi kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa dzi vaseɖe esime nane axe mɔ na wò.” Aleke wòɖale o, míagate ŋu awɔ ɖoɖo do ŋgɔ fifia na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ake le August me, esime kwasiɖanuwuwu blibo atɔ̃ anɔ ɣletia me. Esi wònye August mee míawu subɔsubɔƒea nu ta la, mí katã míadze agbagba be mía dometɔ ɖesiaɖe míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe le subɔsubɔdɔa me.
19 Yesu gblɔ ɖi be: “Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ.” (Yoh. 14:12) Enye míaƒe mɔnukpɔkpɔ si me dzidzɔ le be míanye Mawu ƒe hadɔwɔlawo le ɣeyiɣi si me nyagblɔɖi sia le eme vam nukutɔe la me. Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míaɖe gbeƒã nyanyuia kple veviedodo gãtɔ kekeake, eye míaƒle ɣeyiɣi nyuitɔ na dɔ sia wɔwɔ. (Kor. I, 3:9; Kol. 4:5) Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ zi geɖe alesi míate ŋui nye mɔ nyui aɖe si dzi míato awɔ míaƒe akpa dzi le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Míele mɔ kpɔm vevie be míakpɔ alesi kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe kafukafuha ade dzii le Ŋkuɖodziɖuɣi sia. (Ps. 27:6) Ne míebu ƒe si va yi me tɔ ŋu la, míabia be, ‘Míagate ŋu awɔea?’ Míeka ɖe edzi be míate ŋui!
[Aɖaka si le axa 3]
Àte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa?
“Eɖanye nɔnɔme ka mee nele o, ne èxɔ nyɔnyrɔ̃, nele agbe nyui nɔm, ate ŋu awɔ ɖoɖo azã gaƒoƒo 60 ɣleti ɖeka le gbeadzi subɔsubɔ me eye nexɔe se be yeate ŋu asubɔ abe kpekpeɖeŋu mɔɖela ene ɣleti ɖeka alo esi wu ema la, adzɔ dzi na hamemegãwo be woadzro wò dɔbiagbalẽvia me hena subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia.”—Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu, axa 113.
[Aɖaka si le axa 6]
Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔ ƒe Ðoɖowɔɖi
Ðoɖo Siwo Nàwɔ Akpɔ Gaƒoƒo 15 le Gbeadzi Kwasiɖa Ðesiaɖe ƒe Kpɔɖeŋu
Ŋdi—Dzoɖa Vaseɖe Memleɖa
Àte ŋu atsɔ Kwasiɖagbe aɖo ŋkeke ɖesiaɖe teƒe
Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo
Dzoɖa Ŋdi 2 1⁄2
Braɖa Ŋdi 2 1⁄2
Kuɖa Ŋdi 2 1⁄2
Yawoɖa Ŋdi 2 1⁄2
Fiɖa Ŋdi 2 1⁄2
Memleɖa Ŋdi 2 1⁄2
Gaƒoƒoa Katã: 15
Ŋkeke Eve Katã
Àte ŋu atia ŋkeke eve ɖesiaɖe le kwasiɖaa me
Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo
Kuɖa Ŋkeke Bliboa 7 1⁄2
Memleɖa Ŋkeke Bliboa 7 1⁄2
Gaƒoƒoa Katã: 15
Fiẽ Eve Kple Kwasiɖanuwuwu
Àte ŋu atia kwasiɖaŋkeke eve ɖesiaɖe ƒe fiẽmewo
Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo
Dzoɖa Fiẽ 1 1⁄2
Kuɖa Fiẽ 1 1⁄2
Memleɖa Ŋkeke Bliboa 8
Kwasiɖagbe Ŋkeke Afã 4
Gaƒoƒoa Katã: 15
Kwasiɖaŋkeke ƒe Ŋdɔwo Kple Memleɖa
Àte ŋu atsɔ Kwasiɖagbe aɖo ŋkeke ɖesiaɖe teƒe
Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo
Dzoɖa Ŋdɔ 2
Braɖa Ŋdɔ 2
Kuɖa Ŋdɔ 2
Yawoɖa Ŋdɔ 2
Fiɖa Ŋdɔ 2
Memleɖa Ŋkeke Bliboa 5
Gaƒoƒoa Katã: 15
Nye Gbeadziyiɖoɖowɔɖi
Ðo gaƒoƒo si nàzã le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me
Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo
Dzoɖa
Braɖa
Kuɖa
Yawoɖa
Fiɖa
Memleɖa
Kwasiɖagbe
Gaƒoƒoa Katã: 15