Míaƒe Subɔsubɔdɔ—Enye Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðeɖe Fia
1 Míetoa míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ɖenɛ fiana be míele wɔwɔm ɖe se eve siwo nye vevitɔwo kekeake dzi. (Mat. 22:37-39) Lɔlɔ̃ si le mía me na Yehowa ʋãa mí míeƒoa nu nyui tso eŋu. Lɔlɔ̃ si le mía si na mía haviwo ʋãa mí míedea dzi ƒo na wo be woadi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze ale be woawo hã woava lɔ̃ Yehowa eye woadze hena agbe mavɔ ƒe fetua xɔxɔ abe míawo ke ene. Eyata míetoa míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me dea bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu eye míegblɔa Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ xɔasia na mía haviwo. Ẽ, míaƒe subɔsubɔdɔa nye lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖeɖe fia Mawu kple amegbetɔ.
2 Lɔlɔ̃ si le mía me ʋãa mí míeƒoa nu na ameƒomeviwo katã le nɔnɔme vovovowo me. (Kor. I, 9:21-23) Le kpɔɖeŋu me: Kristotɔ hamemegã aɖe nɔ Roma Katoliko nunɔla aɖe xa le yameʋu me. Hamemegã la tsɔ ŋuɖɔɖɔɖo bia nya ʋee aɖewo nunɔla la ale be woa kplii woɖo dze eye emegbe wòtrɔ dzeɖoɖoa ɖe Fiaɖuƒea ŋu. Kaka nunɔla la naɖi le yameʋua me la, exɔ míaƒe agbalẽ eve. Nu nyui ka gbegbee nye si do tso hamemegã la ƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖeɖe fia ehavi me!
3 Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míeɖea Gbeƒã: Amesiwo le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kple ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa wɔm la le lɔlɔ̃ vavãtɔ na Mawu kple wo havi ɖem fia nyateƒe. Mɔɖelawo tsɔa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ saa vɔe ɣesiaɣi be yewoakpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me. Nukae ʋãa wo be wowɔa nusia? Mɔɖela aɖe gblɔ be: “Menya be lɔlɔ̃ nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse. Eyata eya manɔmee la, anye ne nyemele nyateƒea me kura o eye mɔɖeɖedɔa madze edzi nam hã o. Lɔlɔ̃ na menɔa ŋudzɔ ɖe amewo ŋu hetsia dzi ɖe nusiwo hiã wo la ŋu, eye evivia nunye be lɔlɔ̃ɖeɖefia wɔe be amewo tsɔa ɖe le eme.” Yesu ɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbe fia amewo. Gbeɖeka esi woa kple eƒe nusrɔ̃la siwo ŋu ɖeɖi te yina teƒe aɖe be ‘woadzudzɔ vie’ la, amehawo tre afima ɖoɖo na wo. Nukae Yesu wɔ? “Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti” eye wòɖe asi le nusi hiã eya ŋutɔ ŋuti be ‘yeafia nu geɖe wo.’—Mar. 6:30-34.
4 Esi míenya be lɔlɔ̃e ʋãa mí míewɔa mía tɔ sinua be míakpe ɖe amewo ŋu bene woakpɔ ɖeɖe ta la, ne wogbe nyanyui si gblɔm míele hã la, dzi dzɔa mí le ememe. Ne Kristo va le ʋɔnu drɔ̃m mí katã mlɔeba la, dzi adzɔ mí ŋutɔ be míeɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ fia to ‘míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ bliboe’ me.—Tim. II, 4:5.