“Dzadzraɖoɖi Hena Dɔ Nyui sia Dɔ Nyui Wɔwɔ”
1 Wotsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu dami gbogbo aɖewo yra Yehowa ƒe amewo egbea. (Yes. 25:6) Ŋɔŋlɔawo me nyawo li fũ míate ŋu asrɔ̃ le mía ɖokui si kple le ƒome nusɔsrɔ̃ me kpakple le hame ƒe kpekpewo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo me. Gake ɖe míele nusiawo katã srɔ̃m kple susu be ‘míasu te, eye míanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔa?’—Tim. II, 3:17.
2 Wò ya bu gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wodzra ɖo na ƒe 1998, si ƒe afã va yi xoxo ŋu kpɔ! Míele Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 23 me nya veviwo me dzrom, míele nya siwo le Insight on the Scriptures me dzrom ku ɖe Bibliameme 49 ƒe agbenɔnɔ ŋu, eye míele Proclaimers-gbalẽa ƒe axa 138 me dzrom le hamea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo me. Azɔ ne womã Sidzedze-gbalẽa ɖe akpa etɔ̃ la, míele memamã ɖeka me dzrom, míele Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa katã kloe me dzrom, eye míele God’s Word alo “Wò Fiaɖuƒe Nava” ƒe agbalẽ bliboa me dzrom. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata 12, Gbetakpɔxɔ me nusɔsrɔ̃nyati 52, kpakple dutoƒonuƒo si hã asɔ gbɔ ade nenema siwo ku ɖe Biblia me nyati hamehame ŋu le mía nyim. Nutome gã kple nutome sue takpekpewo me nuƒo tuameɖowo hã li kpe ɖe esiawo katã ŋu. Gbɔgbɔmenu nyui gbago ka gbegbee nye esi le mía si!
3 Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Mɔnuɖoɖowo Ŋu: Be woaɖe vi na mí bliboe la, ele be míase nusita Yehowa naa gbɔgbɔmenu gbogbo siawo mí ɖo gɔme. Nu nyui siawo ɖuɖu tua míaƒe xɔse ɖo eye wòdoa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kplii dome. (Tim. I, 4:6) Gake menye nufiafia mía ŋutɔwo ɖeɖe ta koe wonaa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí ɖo o. Eʋãa mí be míagblɔ nyateƒea na ame bubuwo eye wòdzraa mí nyanyuia ƒe subɔlawo ɖo be míabi le ewɔwɔ me.—Tim. II, 4:5.
4 Migana míaŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo dzi o, ke boŋ míana gbɔgbɔmenunyiame siwo naa dzidzeme siwo le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu nanɔ mía dzrom ɣesiaɣi. (Mat. 5:3; Pet. I, 2:2) Be woaɖe vi na mí bliboe la, ehiã be míadi ɣeyiɣi si asu da ɖi na nu vevi siwo nye ɖokuisi kple ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi kpakple na kpekpewo dede. (Ef. 5:15, 16) Teƒeɖoɖo dodzidzɔname siwo míakpɔ la asɔ ɖe dzideƒonya si tso gbɔgbɔ me si Paulo ŋlɔ na Hebritɔ Kristotɔ nuteƒewɔlawo, si woŋlɔ ɖe Hebritɔwo 13:20, 21 la nu.