INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/05 axa 1
  • ‘Xɔse ƒe Nyawo Tsɔtsɔ Nyi Mía Ðokuii’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Xɔse ƒe Nyawo Tsɔtsɔ Nyi Mía Ðokuii’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Dzadzraɖoɖi Hena Dɔ Nyui sia Dɔ Nyui Wɔwɔ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Eyae Naa Lãmesesẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 1/05 axa 1

‘Xɔse ƒe Nyawo Tsɔtsɔ Nyi Mía Ðokuii’

1 Mawusosroɖa gbenɔnɔ bia veviedodo geɖe. (Tim. I, 4:7-10) Agbagba dzedze be míazɔ agbemɔa dzi le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me ana ɖeɖi nate mía ŋu eye míagbɔdzɔ ahana ta. (Yes. 40:29-31) Mɔ siwo dzi míato axɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔ dometɔ ɖekae nye be ‘míatsɔ xɔse ƒe nyawo anyi mía ɖokui.’—Tim. I, 4:6.

2 Gbɔgbɔmenuɖuɖu Nyuiwo: Yehowa toa eƒe Nya kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuiwo mí. (Mat. 24:45) Ðe míewɔa mía tɔ sinu be wòaɖe vi na mía? Ðe míexlẽa Biblia gbesiagbea? Ðe míeɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugblededea? (Ps. 1:2, 3) Gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siawo doa ŋusẽ mí eye wokpɔa mía ta tsoa Satana ƒe xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si naa míegbɔdzɔna me. (Yoh. I, 5:19) Ne míaƒe susu le nu tuameɖowo ŋu eye míetsɔ wo wɔa dɔe le míaƒe agbe me la, ekema Yehowa anɔ kpli mí.—Fil. 4: 8, 9.

3 Yehowa toa hamea ƒe kpekpewo hã dzi doa ŋusẽ mí. (Heb. 10:24, 25) Gbɔgbɔmenufiame siwo míexɔna kple ha tuameɖo siwo míedena le kpekpe siawo me la doa ŋusẽ mí be míanɔ te sesĩe ɖe dodokpɔwo nu. (Pet. I, 5: 9, 10) Sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Menɔa suku ŋkekea katã, eye wòtea ɖeɖi nye gbɔgbɔ ŋu. Gake kpekpeawo le nam abe tsiteƒe le dzogbe ene, elabena afisiae mekpɔa ŋusẽ le tsɔ nɔa te ɖe sukuŋkeke si kplɔe ɖo ƒe kuxiwo nui.” Aleke gbegbe woyra míi ɖe míaƒe agbagba dzedze be miade kpekpeawo ta enye si!

4 Gbeƒãɖeɖe Nyateƒea: Gbeƒãɖeɖe nɔ na Yesu abe nuɖuɖu ene. Edo ŋusẽ eyama. (Yoh. 4:32-34) Nenema kee ne míeƒo nu na amewo tso Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo ŋu la, míesena le mía ɖokui me be ŋusẽ yeye ɖo mía ŋu. Gbeƒãɖeɖe edziedzi nana míaƒe susu nɔa Fiaɖuƒea kple yayra siwo ava kpuie la dzi hã. Ema naa míaƒe dzi dzea eme.—Mat. 11:28-30.

5 Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbe enye si wònye na mí be míakpɔ gome le gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siwo nam Yehowa le eƒe amewo egbea me! Mina míayi edzi akɔ gbe dzi akafui dzidzɔtɔe.—Yes. 65:13, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe