Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?
1 “Nyemekpɔ nu bubu aɖeke si magate ŋu awɔ wu esia o. Le nyateƒe me la, nyemegakpɔ nu bubu aɖeke si ana makpɔ dzidzɔ alea o.” Amekae gblɔ nya siawo? Yehowa Ðasefo akpe alafa geɖe siwo tsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔ woƒe agbemedɔ si me dzidzɔ le la dometɔ ɖekae gblɔe. Ðe nètsɔ gbedodoɖa bu eŋu kpɔ nenye be àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? Esi míetsɔ mía ɖokui katã ɖe adzɔgbe na Yehowa ta la, ele be míabu eŋu akpɔ ne míate ŋu akpɔ gome le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kaka me geɖe wu. Le esia ta taflatse bu nya siwo ame geɖe biana le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu ƒe ɖewo ŋu kpɔ.
NYABIABIA 1: “Ame aɖewo gblɔna be menye amesiamee ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o. Aleke mawɔ anya ne mate ŋu awɔe?”
2 Wò nɔnɔmewo kple Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi siwo le dziwò dzie ŋuɖoɖoa nɔ te ɖo. Ame geɖe li siwo ƒe lãmesẽ alo nɔnɔme si me wole le agbe me fifia maɖe mɔ be woazã gaƒoƒo 90 le gbeadzi le ɣleti ɖeka me o. Le kpɔɖeŋu me, bu nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siwo nye Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo kple vidadawo ŋu kpɔ. Wokpɔa gome le subɔsubɔdɔa me edziedzi alesi woƒe nɔnɔme aɖe mɔe. Ne mɔkpɔkpɔ aɖe ʋu ɖi la, wowɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema ƒe sia ƒe, eye wokpɔa dzidzɔ si tsoa woƒe subɔsubɔdɔa keke ɖe enu me. (Gal. 6:9) Togbɔ be woƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ woazu ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖelawo fifia o hã la, woɖea mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ fiana eye woƒe nyanyui gbeƒãɖela veviedolawo nyenye zua yayra na hamea.
3 Gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo dzi agba mele boo o trɔ asi le nusi le vevie na wo ŋu hele mɔɖeɖedɔa wɔm. Ke wò hã ɖe? Sɔhɛ si wu suku nu ye nènyea? Srɔ̃nyɔnu si srɔ̃ te ŋu kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie ye nènyea? Srɔ̃tɔ siwo mele vi dzi kpɔm o ye mienyea? Èxɔ dzudzɔ le ŋutilãmedɔ mea? Be woawɔ mɔɖeɖedɔa alo womawɔe o nye nyametsotso si ame ŋutɔ awɔ na eɖokui. Biabia lae nye be, Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò agbenɔnɔ ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa?
4 Satana zãa eƒe xexeme nuɖoanyia be yeatsɔ ana susuhenuwo nayɔ míaƒe agbe me eye be wòana míabiã ŋku ɖe mía ŋutɔwo míaƒe nuwo didi ŋu. Ne míeɖoe kplikpaa be míanye xexeame ƒe akpa aɖeke o la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ eye míadze agbagba be míawɔ teokrasi subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ siwo katã ʋu ɖi na mí ŋudɔ. Ne àte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu be nàzu mɔɖela la, nukata màwɔe o?
BIABIA 2 LIA: “Aleke mawɔ aka ɖe edzi be mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me?”
5 Enye nyateƒe be le dukɔ geɖe me la, gaƒoƒo si wotsɔ wɔa ŋutilãmedɔ kwasiɖa sia kwasiɖa be woakpɔ nusiwo wobuna be wonye agbemenuhiahiãwo la dzi ɖe edzi esi ƒeawo va le yiyim. Gake ame geɖe tsɔ ƒe bla nanewo wɔ mɔɖeɖedɔa, eye Yehowa le edzi le wo lém ɖe te. Ehiã be xɔse kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nanɔ ame si hafi woate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa wòadze edzi. (Mat. 17:20) Wona kakaɖedzi mí le Psalmo 34:11 be “amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnu aɖeke mehiãa wo o.” Ele be amesiame si age ɖe mɔɖeɖedɔa me naka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Esia tututu wɔmee wòle na mɔɖela nuteƒewɔlawo le afisiafi! (Ps. 37:25) Gake le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose siwo le Tesalonikatɔwo II, 3:8, 10, kple Timoteo I, 5:8 ta la, mɔɖelawo mekpɔa mɔ be ame bubuwo nakpɔ yewoƒe ganyawo gbɔ na yewo o.
6 Ele be amesiame si le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu bum la nawɔ abe alesi Yesu gblɔ ene be: ‘Bɔbɔ nɔ anyi gbã, eye nàbu eŋu kɔnta.’ (Luka 14:28) Esia wɔwɔ nye nunya vavãtɔ ɖeɖefia. Ðo dze kple amesiwo tsɔ ƒe geɖe wɔ mɔɖeɖedɔa dzidzedzetɔe. Bia alesi Yehowa lé wo ɖe tee. Miaƒe nutome sue dzikpɔla nye mɔɖela kpɔnuteƒe si wòadzɔ dzi na be yeaɖo aɖaŋu na wò le alesi nàwɔ akpɔ dzidzedze le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.
7 Ame mate ŋu akpɔ ŋugbe si Yesu do le Mateo 6:33 ƒe nyateƒenyenye adze sii bliboe o negbe ɖe wòtsɔ eɖokui de Yehowa si me hafi. Mɔɖela nuteƒewɔla aɖe gblɔ be: “Esime mía kple nye kpeɖeŋutɔ míeɖo teƒe yeye si míawɔ mɔɖeɖedɔa le la, nusiwo nɔ mía si koe nye detsiƒonu sue aɖewo kple bɔta, eye ga aɖeke menɔ mía si o. Míeɖu nusianu wòvɔ le fiẽ ma me eye míegblɔ be, ‘Naneke meli míaɖu etsɔ o.’ Míetsɔe de gbedodoɖa me, eye míeva mlɔ anyi. Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, afima Ðasefo aɖe va mía gbɔ eye wòɖe eɖokui fia mí hegblɔ be, ‘Medo gbe ɖa be Yehowa naɖo mɔɖelawo ɖa. Fifia mate ŋu awɔ dɔ kpli mi ŋkekea ƒe akpa gãtɔ, gake esi kɔƒenuto mee mele ta la, ele be maɖu ŋdɔnu kpli mi, eyata metsɔ nuɖuɖu sia ɖe asi vɛ be mí katã míaɖu.’ Nyilã kple detsiƒonu gbogbo aɖewoe.” Mewɔ nuku be Yesu ka ɖe edzi na mí be míate ŋu ‘adzudzɔ dzimaɖitsitsi le míaƒe luʋɔwo ŋu’ o! Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?”—Mat. 6:25, 27.
8 Ame geɖe wu le ŋutilãmenudilawo zum le xexe si me míele me. Esia na wole nya ƒom ɖe mía nu geɖe wu be míawo hã míatrɔ azu nenema. Gake ne míekpɔ ŋudzedze ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nyuie la, ana nu sue siwo le mía si nadze mía ŋu. (Tim. I, 6:8) Mɔɖela siwo nɔa agbe bɔbɔe hewɔa nu ɖe ɖoɖo nu kpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe subɔsubɔdɔa ŋu eye woakpɔ dzidzɔ kple gbɔgbɔmeŋusẽ geɖe wu tso nyateƒea fiafia ame bubuwo me. Togbɔ be menye ɖe wole agbagba dzem be yewoanɔ nugbegbe le ame ɖokui gbɔ ƒe agbe o hã la, alesi woƒe ganya ŋuti nukpɔsusu da sɔ na wote ŋu sea vivi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe yayrawo me.
9 Ne èkpɔe kple kakaɖedzi be míele ŋkeke mamlɛawo me eye be ɣeyiɣi le vɔvɔm na xexe vɔ̃ɖi sia la, aʋã wò le gbɔgbɔ me be nàtsɔ nuwo asa vɔe alesi hiã be nàɖe gbeƒã nyanyuia le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Ne ègbugbɔ ŋku lé ɖe wò ganyawo ŋu eye nètsɔ nya la de Yehowa si me la, ɖewohĩ àkpɔe be yeate ŋu asubɔe ɣeyiɣiawo katã. Ne ahiã be nàɖe asi le ŋutilãmenudzroame aɖewo ŋu ale be nàwɔ mɔɖeɖedɔa hã la, àkpɔ Yehowa ƒe yayra geɖe.—Ps. 145:16.
BIABIA 3 LIA: “Esi ƒewuivie menye la, nukata wòle be mabu mɔɖeɖedɔa tsɔtsɔ wɔ agbemedɔe ŋu?”
10 Ne esusɔ ƒe ʋee aɖewo nàdo le suku la, godoo la àbu wò etsɔme ŋu. Èdi be wòanɔ dedie, dzidzɔ nanɔ eme, eye nàkpɔ dzidzeme le eme. Sukuɖaŋuɖolawo ate kpɔ be yewoahe wò susu ayi dɔ si me nàkpɔ ga geɖe le dzi si abia be nàtsɔ ƒe geɖe ade kɔledzii. Kristotɔwo ƒe dzitsinya si wona hehee nyuie si le asiwò agblɔ na wò be ele be nàdzra ɖo asubɔ Yehowa bliboe alesi nàte ŋui. (Nyagb. 12:1) Ðewohĩ àbu alesi nava ɖe srɔ̃ mlɔeba adzi vi hã ŋu. Nukae nàwɔ?
11 Nyametsotso siwo nàwɔ le wò agbenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi sia me ate ŋu afia alesi wò etsɔme bliboa katã anɔ. Ne Yehowa ƒe Ðasefo si ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ xoxoe nènye la, ke efia be nètsɔ ɖokuiwò na Yehowa tso dzi blibo me. (Heb. 10:7) Ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi la, te kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kpɔ ɣleti ɖeka alo esi wu nenema. Esia ana nànya dzidzɔ kple agbanɔamedzi siwo le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye ɖikeke mele eme o be wò nukpɔsusu le nusi nàwɔ kple wò agbe ŋu me ava kɔ na wò geɖe wu. Ekema le esi teƒe be nàtsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ aɖe aɖo eteƒe le dodo le suku megbe la, nukata màdze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme boŋ o? Evea amesiwo lala hetsi hafi va wɔ mɔɖeɖedɔa la dometɔ aɖewo be yewomedze egɔme kaba o.
12 Esi nènye sɔhɛ la, wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo le asiwò be nànɔ tre la ŋudɔ ale be viɖe siwo wòhena vɛ le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me nasu asiwò. Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ le ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmeɖoanyi bubu aɖeke manyo ade gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gbã nu o. Ne èle tsitsim le ƒe me kple le gbɔgbɔ me la, ɖewohĩ àtiae be mia kple srɔ̃wò si si susu ma ke le miawɔ mɔɖeɖedɔa yewoƒe agbemedɔe. Atsu kple asi siwo wɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae dometɔ aɖewo yi ɖe nutome sue alo dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔa me. Agbenɔnɔ si me dzidzeme le ye wònye vavã!
13 Eɖanye ɣeyiɣi didi kae nàyi edzi awɔ mɔɖeɖedɔa o, agafia nu geɖe wò eye àxɔ hehe xɔasi aɖe si màte ŋu akpɔ le dɔ bubu aɖeke wɔwɔ me le anyigba dzi o. Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ fiaa amehehe, ame ŋutɔ ƒe ɖoɖowɔwɔ, alesi wowɔa nu kple amewoe, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, kple alesi woatu dzigbɔɖi kple dɔmenyo ɖo la ame—nɔnɔme nyui siwo adzra wò ɖo na agbanɔamedzi siwo lolo wu xɔxɔ.
14 Mɔkpɔkpɔ mebu ɖe ameƒomea le ɣeyiɣi aɖeke me wòde fifia tɔ nu o. Le nusiwo ƒe ŋugbe Yehowa do megbe la, nu boo aɖeke meganɔa anyi didina ŋutɔŋutɔ o. Esi wò etsɔme keke ɖe ŋkuwò me gbadzaa la, ɣeyiɣi nyui bubu kae gali wu fifia be nàbu nusi nàwɔ kple wò agbe le ƒe siwo gbɔna me ŋu vevie? Bu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ŋu nyuie. Mave wò gbeɖe be nètia mɔɖeɖedɔa wɔwɔ wònye wò agbemedɔ o.
BIABIA 4 LIA: “Ðe manye nu sesẽ be woaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ ɣesiaɣi oa? Nukae adzɔ ne nyemete ŋu ɖo nye nudidia gbɔ o?”
15 Ne èle gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe dɔbiagbalẽvi kpem ɖo la, biabia aɖe le eme si ŋu wòle be nàɖo, si nye be: “Ðe nètrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu ale be nàte ŋu akpɔ mɔ wòasɔ be yeaɖo ƒe sia ƒe nudidi si nye gaƒoƒo 1,000 gbɔa?” Be nàte ŋu aɖo egbɔ la, ele be nazã gaƒoƒo si ade etɔ̃ le gbeadzi gbesiagbe. Edze ƒã be esia bia ɖoɖo nyui wɔwɔ kple ɖokuimamlã. Mɔɖelawo ƒe akpa gãtɔ va kpɔa ɖoɖowɔɖi nyui si sɔ na wo le ɣleti ʋee aɖewo megbe.
16 Gake Nyagblɔla 9:11 gblɔe wònye nyateƒe be, ‘Azãgbe kple nuɖiɖeame li na mí katã.’ Dɔléle sesẽwo alo nɔnɔme bubuwo te ŋu ɖina ɖe ame si ahe mɔɖela ɖe megbe. Ne kuxia menye esi anɔ anyi didi o eye subɔsubɔƒea ƒe gɔmedzedzee wòdzɔ la, ɖeko nàwɔ dɔ geɖe wu alesi nèwɔnɛ tsã ale be nàte ŋu aɖo gaƒoƒo siwo tsi ŋuwò la gbɔ. Ke ne kuxi sesẽ do mo ɖa eye ɣleti ʋee aɖewo koe gasusɔ le subɔsubɔƒea me eye mɔɖela la mate ŋu akpɔ gaƒoƒo siwo tsi eŋu o ya ɖe?
17 Ne èdze dɔ vie ɣleti ʋee aɖewo alo le nane si hiã kpata si ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ta màte ŋu aɖo gaƒoƒo siwo wodi tso asiwò gbɔ o la, àte ŋu akpɔ Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me tɔ aɖe agblɔ kuxia nɛ. Ne hamemegã siawo bu be anyo be yewoana nàyi mɔɖeɖedɔa dzi aɖe susu le ɣeyiɣi siwo to ŋuwò dzi la, woate ŋu atso nya me nenema. Agbalẽŋlɔla la ade dzesii ɖe Hamea ƒe Gbeƒãɖelawo ƒe Nuŋlɔɖigbalẽvia dzi atsɔ aɖee fia be womebia tso asiwò be nàdi gaƒoƒo siwo tsi ŋuwò la aɖo eteƒe o. Esia menye gbɔɖemeɣi wotsɔ na wò o, ke boŋ enye ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ na wò le wò nɔnɔmea ta.—Kpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia, memamã 18.
18 Mɔɖela kpɔnuteƒewo dia gaƒoƒo geɖe wu alesi wobia le subɔsubɔƒea ƒe gɔmedzedze. Mɔɖeɖedɔa wɔwɔe nye woƒe nu vevitɔ, eyata ɣeaɖewoɣi wokpɔnɛ be ele be yewoaɖe asi le nanewo siwo mehiã tututu o ŋu. Ne gaƒoƒowo tsi mɔɖela ŋu le ɖoɖowɔɖi nyui mawɔmawɔ alo le esi mete ŋu mlã eɖokui hewɔ ɖe edzi o ta la, ele be wòakpɔe be yeawɔ dɔ atsɔ aɖo gaƒoƒo siwo to eŋu la teƒe eye mele be wòakpɔ mɔ be woawɔ ɖoɖo tɔxɛ na ye o.
19 Ɣeaɖewoɣi la, mɔɖela ƒe nɔnɔmewo te ŋu trɔna si ŋu mate ŋu awɔ naneke le o. Ðewohĩ akpɔe be ɣeyiɣi didi aɖee nye esia si yemegate ŋu ɖoa gaƒoƒonudidia gbɔ o le lãmegbegblẽ si mele kakam ɖe eme o, ƒomegbanɔamedzi si va lolo, kple nu bubuwo ta. Ne edzɔ alea la, nusi me nunya le wue nye be woagatrɔ azu gbeƒãɖela eye woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Womewɔ ɖoɖo aɖeke be woaɖe mɔ ame aɖe nakpɔtɔ anye mɔɖela ne eƒe nɔnɔmewo megaɖea mɔ nɛ be wòaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ o.
20 Míele mɔ kpɔm be ɖoɖo si wowɔ be woakpe ɖe amesiwo dze ŋu etɔxɛe la ade dzi ƒo na ame geɖe wu woawɔ mɔɖeɖedɔa esi mahiã be woatsi dzi o. Ele be wòade dzi ƒo na amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me xoxo hã be woayi edzi awɔ mɔɖeɖedɔa. Míedi be mɔɖelawo nakpɔ dzidzedze le woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.
BIABIA 5 LIA: “Ne mawɔ nane la, medina be mawɔe ade goe eye mawɔe kple dzidzɔ. Ðe mate ŋu akpɔ dzidzeme le mɔɖeɖedɔa mea?”
21 Nusi me dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona koŋue nye ame ŋutɔ ƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa kple kakaɖedzi be míele esubɔm le nuteƒewɔwɔ me. Yesu kpe fu le fuwɔameti ŋu “le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta.” (Heb. 12:2) Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe na wòkpɔ dzidzɔ. (Ps. 40:9) Le fifi nuɖoanyia me la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míaƒe tadedeagu na Yehowa ŋue míaƒe agbemedɔwɔnawo ƒe akpa gãtɔ ku ɖo. Gbɔgbɔmedɔwo naa taɖodzinu nɔa mía si elabena míenya le ememe ke be nusi dze wɔmee míele. Nunana mee dzidzɔ tsona, eye mɔ nyui bubu aɖeke meli si dzi míato atsɔ mía ɖokui ana tsɔ wu be míafia ame bubuwo alesi woawɔ akpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe xexeme yeyea me o.—Dɔw. 20:35.
22 Mɔɖela si ƒe nya míeyɔ le memamã gbãtɔ me la ɖe eme be: “Ðe dzidzɔ gã aɖe gali wu be nàkpɔ amesi nèsrɔ̃ nu kplii wòava zu Yehowa kafula veviedolaa? Enye dzidzɔ eye wòdoa ŋusẽ xɔse be nàkpɔ alesi Mawu ƒe Nya la sẽa ŋu ale be wòʋãa amewo wowɔa tɔtrɔwo le woƒe agbe me be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu.” (Gbetakpɔxɔ, October 15, 1997, axa 18-23.) Eyata nukae doa dzidzɔ na wò? Ne èdea asixɔxɔ nu tuameɖo siwo nɔa anyi didina ŋu wu xexeame vivisese siwo nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko la, ke mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ana nàkpɔ dzidzeme si ahe dzidzɔ vavãtɔ vɛ na wò.
BIABIA 6 LIA: “Ne mɔɖeɖedɔa wɔwɔ menye nu wobia tso ame si hafi wòakpɔ agbe mavɔ o la, ke menye nye ŋutɔ nye nyae ewɔwɔ alo emawɔmawɔ nye oa?”
23 Nyateƒee, wò ŋutɔe atso nya me be yeawɔ mɔɖeɖedɔa. Yehowa koe ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le wò ŋutɔ wò nɔnɔme le agbe me ŋu. (Rom. 14:4) Esɔ be edi tso asiwò be nàsubɔ ye kple wò dzi, luʋɔ, susu, kple ŋusẽ blibo. (Mar. 12:30; Gal. 6:4, 5) Elɔ̃a amesi naa nu kple dzidzɔ, si subɔnɛ le dzidzɔ me, ke menye kple veve alo dzizizi o. (Kor. II, 9:7; Kol. 3:23) Ele be susu si ta nàwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nanye be èlɔ̃ Yehowa kple amesiwo le anyigbamamã la me. (Mat. 9:36-38; Mar. 12:30, 31) Ne aleae nèsena le ɖokuiwò me la, ke ele be nàbu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu vevie.
24 Míexɔe se be nya siwo míegblɔ ɖe afisia akpe ɖe ŋuwò nàda alesi mɔɖeɖedɔa anya wɔ na wòe kpɔ. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu be nàwɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa? Míeta ɣletiŋkeke ƒe ɖoɖo aɖe si ƒe tanyae nye “Nye Mɔɖeɖedɔ ƒe Ðoɖowɔɖi na Kwasiɖa Sia Kwasiɖa.” Kpɔe ɖa be yeate ŋu ade dzesi ɖoɖowɔɖi nyui si sɔ na wò ŋutɔ si ana be nàkpɔ gaƒoƒo 23 le subɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa le mamã dedie nu hã. Azɔ xɔ Yehowa dzi se bliboe eye nàɖo ŋu ɖe eŋu. Àte ŋu akpɔ dzidzedze le eƒe kpekpeɖeŋu me! Edo ŋugbe be: “[Madudu] yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme.”—Mal. 3:10.
25 Eyata míele biabiam be, “Mɔɖeɖedɔa—àte ŋu awɔea?” Ne àte ŋui la, gblɔ be “Ẽ,” ɖo ɣeyiɣi si nàtsɔ adze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme kpuie eye ka ɖe edzi be Yehowa atsɔ agbenɔnɔ si me dzidzɔ le ayra wòe!
[Nyaɖoɖo si le axa 6]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Nye Mɔɖeɖedɔ ƒe Ðoɖowɔɖi na Kwasiɖa Sia Kwasiɖa
DZOÐA: Ŋdi gbeadzi
BRAÐA: Ŋdi gbeadzi
KUÐA: Ŋdi gbeadzi
YAWOÐA: Ŋdi gbeadzi
FIÐA: Ŋdi gbeadzi
MEMLEÐA: Ŋdi gbeadzi
KWASIÐA: Ŋdi gbeadzi
DZOÐA: Ŋdɔ gbeadzi
BRAÐA: Ŋdɔ gbeadzi
KUÐA: Ŋdɔ gbeadzi
YAWOÐA: Ŋdɔ gbeadzi
FIÐA: Ŋdɔ gbeadzi
MEMLEÐA: Ŋdɔ gbeadzi
KWASIÐA: Ŋdɔ gbeadzi
DZOÐA: Fiẽ gbeadzi
BRAÐA: Fiẽ gbeadzi
KUÐA: Fiẽ gbeadzi
YAWOÐA: Fiẽ gbeadzi
FIÐA: Fiẽ gbeadzi
MEMLEÐA: Fiẽ gbeadzi
KWASIÐA: Fiẽ gbeadzi
Zã pɛnsil nàwɔ wò ɖoɖowɔɖi na kwasiɖaŋkeke ɖesiaɖe.
Na kwasiɖaa ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ naxɔ gaƒoƒo siwo ade 23
Gaƒoƒo siwo katã makpɔ le kwasiɖa ɖeka me ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․