Ðe Nàte Ŋu Awɔ Geɖe Wu Atsɔ Ade Bubu Yehowa Ŋuia?
1 Ema nye nyabiabia vevi aɖe si ŋu wòle be mí katã míade ŋugble le. Esi míenye mía Aƒetɔ Yesu Kristo srɔ̃la ɖianukwarewo ta la, míetoa gbeƒãɖeɖe mía Mawu ƒe ŋkɔ le dutoƒo me dea bubu eŋu. Be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míatsɔ agbanɔamedzi sia. (Mar. 13:10; Luka 4:18; Dɔw. 4:20; Heb. 13:15) Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kae nye esi—ẽ, enye bubu—be míatsɔ nyanyui sia ayi na “alẽ” susɔe siwo ka hlẽ siwo ava zu Yehowa ƒe xexeame katã ƒe alẽha!—Yoh. 10:16.
2 Ðe mia kple viwòwo míate ŋu wɔ geɖe wu be miade bubu Yehowa ŋu to miaƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi mea? Le xexeame godoo la, mia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la le gegem ɖe mɔɖeɖedɔa me. Le ƒe 1992 ƒe April me la, ame agbɔsɔsɔ gbogbo si nye 5,230 lae wɔ mɔɖela vevi ƒe subɔsubɔdɔa, gbesiagbe mɔɖeɖedɔ, alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ðe wò ŋutɔ nèbu mɔɖeɖedɔ wɔwɔ ŋu moveviɖoɖotɔea? Ðe nèdea dzi ƒo na viwòwo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa?
3 Nukatae màdzro alesi nèsena le ɖokuiwò me ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu me akpɔ o? Ne wole nu ƒom tso mɔɖeɖedɔa ŋu la, ɖe nèƒoa nya ta enumake be yeƒe nɔnɔmewo koe maɖe mɔ na ye yeawɔ mɔɖeɖedɔa oa? Enye nyateƒe be menye amesiamee ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o. Ŋɔŋlɔa me agbanɔamedziwo kple mɔxenu bubuwo wɔnɛ be ame geɖewo mete ŋu wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o. (Tim. I, 5:8) Gake ɖe nède ŋugble le nya la ŋu fifia le gbedodoɖa mea? Ðe miaƒe ƒomea dzro nyaa me kpɔ nenye be ame ɖeka ya teti ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? July 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ nya sia si nana wobua tame la le axa 17 be: “Le nyateƒe me la, ele be subɔla Kristotɔ ɖesiaɖe nade ŋugble le gbedodoɖa me kpɔ be yeate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa mahã. Ame aɖe kple srɔ̃a siwo nye Dziehe Afrikatɔwo eye wowɔ mɔɖeɖedɔ ƒe wuiatɔ̃ gblɔ be: ‘Nukatae miele mɔɖeɖedɔa wɔm? Nenye be míewɔe o la, ɖe míate ŋu aɖe mía ɖokui nu le Yehowa ŋkumea?’ Ame geɖe siwo menye mɔɖelawo o la ate ŋu abia nya sia si do ƒome kple ema la be: ‘Ðe mate ŋu aɖe nusita nyemenye mɔɖela o la nu le Yehowa ŋkume vavãa?’”
4 Watchtower me nyati bubu si ƒo nu le nya la ŋuti kã la gblɔ be: “Amesiame nato nyateƒe na eɖokui. Ðe nègblɔ be, ‘Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã la gbɔdzɔa?’ Gake ɖe wònye nyateƒe be gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m ŋutɔŋutɔa? Migana míatsɔ ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ado taflatse be gbɔgbɔa mele lɔlɔ̃m o.”—w78 8/15 axa 23.
5 Dzila Siwo Dina be Yewo Viwo Nakpɔ Dzidzedze: Lododowo 15:20 ka ɖe edzi na mí be: “Vi nyanu doa dzidzɔ na fofoa.” Ðikekemanɔmee la, dzila vɔ̃mawuwo kpɔa dzidzɔ nenye be wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbee hena Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Ke hã la, viwòwo ŋutɔ matia nunyamɔ le wo ɖokui si o. Amenubeble si le xexeame la nu sẽ ŋutɔ. Dzilawo, miaƒe nu veviwoe va zua mia viwo hã ƒe nu veviwo. Ne mieƒoa nu nyuie le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti ɣesiaɣi, ne miedea dzi ƒo na mia viwo be woade ha kple mɔɖela dovevienuwo, ne mieka ɖe edzi vavã be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa koe nye dɔ si ŋu bubu le mia viwo nate ŋu awɔ la, ekema ɖikeke mele eme o be nɔnɔme nyui sia akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mia viwo dzi. Mikpe ɖe wo ŋu woakpɔ ŋudzedze ɖe ŋkɔ nyui xɔxɔ le Yehowa gbɔ ŋuti tsɔ wu be woaxɔe le amewo gbɔ.
6 Sɔhɛwo, Lododowo 22:1 he susu yi tiatia si wòle be miawɔ la dzi be: “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.” Ŋkɔ ka ƒomevie nàwɔ na ɖokuiwò? De ŋugble le ŋutsu kple nyɔnu, amesiwo ŋu míexlẽ nu tsoe le Biblia me siwo wɔ ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ to ɖokuitsɔtsɔna ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ me, ŋu kpɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye Luka atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la, kple Henox amesi zɔ kple Mawu vavã la. Samuel xɔ hehe nyuitɔ kekeake le Yehowa ƒe gbedoxɔ me esime wònye ɖevi sue ko. Ðe nèsusu be eve subɔla ɖianukware siawo be yewowɔ tiatia sia? Nukatae wòave wo ɖo? Wo katã wokpɔ dzidzɔ le agbenɔnɔ si vivi hetse ku la me. Eye Yehowa kpɔ ŋudzedze mavɔ ɖe wo ŋu!—Ps. 110:3; 148:12, 13; Lod. 20:29a; Tim I, 4:8b.
7 Ne ɖeviwo kpɔ dzidzedze le agbe me la, enyea dada na dzilawo. Wokpɔa nusiwo wogblẽ le hehenana kple nufiafia “domenyinu” sia si “tso Yehowa gbɔ” la ƒe teƒeɖoɖo zi gbɔ zi geɖe. (Ps. 127:3) Nukae aganye dada na dzilawo wu be wo viŋutsu alo wo vinyɔnu nadze agbagba ɖesiaɖe anɔ bubu dem Yehowa ŋu? Egbevi sɔhɛ geɖewo le Luka, Henox, kple Samuel ƒe ʋe me tom abe alesi lɛta aɖe ɖee fia ene be: “Ƒe 16 ye mexɔ. Medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme . . . le nye nyɔnyrɔ̃xɔxɔ vɔ megbe ɣleti asieke. Eye mele yayra geɖe kpɔm tso Yehowa gbɔ tso ɣemaɣi ke. . . . Mɔɖeɖedɔa kpena ɖe ame ŋu le suku hã. Do ŋgɔ la, nye sukuhatiwo ɖua fewu le ŋunye le esi menye Yehowa Ðasefo ta. Ke esi wòle be mawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ geɖe fifia ta la, mete ŋu ‘ɖoa nya ŋu na amesi le alɔme ɖem le ŋunye.’”
8 Nusɔsrɔ̃ si Akpe Ðe Ame Ŋu le Subɔsubɔdɔa Me: Le afisia la míadi be míade ŋugble le sukudede ƒe nya la ŋu. Ehiã vevie be nukpɔsusu si da sɔ nyuie nanɔ ame si le go sia me. November 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒo nu tso nyati si nye “Hehenana Si Ŋu Taɖodzinu Le” la ŋuti. Le tanya sue si nye “Sukudede Si Sɔ” te la, wogblɔ nya sia be: “Ele be Kristotɔ nate ŋu akpɔ eɖokui dzi ne wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo kura gɔ̃ hã. (Tesalonikatɔwo II, 3:10-12) . . . Afikae wòle be ɖevi si nye Kristotɔ la nade suku ase ɖo be wòate ŋu atsɔ eƒe Kristotɔ ƒe agbanɔamedziwo? . . . Nukae míate ŋu agblɔ be eyae nye [fetu] si ade . . . na amesiwo di be yewoanye nyanyuia ƒe subɔla mɔɖelawo? Zi geɖe la, amesiawo hiã ɣeyiɣi aɖe ko ƒe dɔ ale be womaganye ‘agba’ kpekpe na wo nɔviwo alo woƒe ƒomea o.—Tesalonikatɔwo I, 2:9.”
9 Ne ame aɖe si di be yeawɔ mɔɖeɖedɔa kpɔe be ehiã be yeagade suku bubu be wòakpe ɖe ye ŋu le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la, November 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ la ɖo aɖaŋu be: “Anyo be sɔhɛ si nye Ðasefo nadze agbagba ɖesiaɖe be ne anya wɔ la yeanɔ aƒeme tsom anɔ sukua dem ale be yeate ŋu ayi Kristotɔwo ƒe nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖe dzi.”
10 Sɔhɛ aɖe si xɔ ƒe 22 la ɖo nuteƒekpɔkpɔ ɖe mí tso Takoradi, amesi wòle na be wòaɖade Takoradi Asinudɔsrɔ̃suku kɔkɔ, togbɔ be enye eƒe didi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa gake. Esi wònɔ asinudɔsrɔ̃suku kɔkɔa dem la, edze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ wɔwɔ gɔme. Exɔlɔ̃wo ɖu fewu le eŋu, henɔ gbɔgblɔm be makpɔ dzidzedze le eƒe dodokpɔ me o. Alesi wòɖoa eŋu na wo ɣesiaɣi koe nye be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” Esi wòmlã eɖokui ta la, efɔna kaba ŋdi ɖesiaɖe dzrana ɖo ɖe sukunusɔsrɔ̃ ŋu gaƒoƒo eve eye wòyia gbeadzi le ŋdɔ me ne wokpã le suku. Ewɔ nuku na amesiwo katã le sukua me esi sɔhɛ sia xɔ nɔƒe etɔ̃lia le dodokpɔ tɔxɛ aɖe si wowɔ be woatia sukuvi etɔ̃ siwo nya agbalẽ wu la hena dzikpɔkpɔ ƒe nunana tɔxɛ aɖe xɔxɔ la me. Sukuvi si xɔ nɔƒe evelia nye ɖetsɔlemetɔ si mía nɔvi mɔɖela sia srɔ̃a Biblia kplii le sukua me. Sukuvi si xɔ nɔƒe gbãtɔ nye sɔhɛ Ðasefo dovevienu aɖe.
11 Hamemegãwo Nawɔ Woƒe Akpa Dzi: Hamemegã siwo mɔɖelawo ƒe dɔwɔwɔwo nyea dada na la dea dzi ƒo na subɔla veviedola siawo geɖe. Hamemegãwo kpɔa dzidzɔ ɖe esia wɔwɔ ŋu elabena wonyae be mɔɖela veviedola siwo tsea ku la nyea yayra na hame ɖesiaɖe. Le mɔɖeɖedɔ wɔwɔ ƒe ɖeka alo esi wu nenema vɔ megbe la, wova dzena na hehe bubu xɔxɔ le Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Sukua me. Edze ƒã be sukua nye dɔwɔnu xɔasi aɖe si nana mɔɖelawo ƒe dɔwɔwɔ nyona ɖe edzi wu. Togbɔ be mɔɖelawoe le ŋgɔ xɔm le dɔa me hã la, woawo hã hiãa lɔlɔ̃ ƒe dzideƒo, eye ele be hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ akpɔ hiahiã sia gbɔ.—Pet. I, 5:1-3.
12 Aleke hamemegãwo ate ŋu ade dzo mɔɖeɖedɔa wɔwɔ mee? Mɔ nyuitɔ si dzi woato adze egɔmee nye be woadzro eme ɣeaɖewoɣi akpɔ be amekawoe ate ŋu adze na mɔnukpɔkpɔ sia hã. Hamemegãwo ate ŋu ate ɖe amesiwo dze abe woƒe nɔnɔmewo de wo dzi be woawɔ mɔɖeɖedɔa ene la ŋu, hekpe ɖe amesiwo wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi, amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔ me, nyɔnu aƒedzikpɔlawo, kple sukuviwo ŋu. Togbɔ be womazi ame aɖeke dzi be wòawɔ mɔɖeɖedɔ o hã la, amesiwo me didia le evɔ wohena ɖe megbe la ate ŋu akpɔe adze sii be yewoate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa hafi nenye be wode dzi ƒo na yewo vie.
13 Ne hamemegãwo le dzi dem ƒo na amesiwo di be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa la, ele be woaɖo ŋku edzi be mehiã be amea natsɔ ɣeyiɣi geɖe awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ hafi adze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme o. (km 9/86 emedegbalẽvi, mm. 24-26) Ke hã la, ele be hamemegãwo naka ɖe edzi nyuie be amea ate ŋu aɖo gaƒoƒo ƒe nudidia gbɔ.
14 Ne Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia dzro dɔbiagbalẽvia me eye agbalẽŋlɔla gbugbɔ to eme nyuie heka ɖe edzi be woɖo biabiawo katã ŋu vɔ la, ele be woaɖoe ɖe Habɔbɔa kaba.
15 Ele be agbalẽŋlɔla la nagblɔ kuxi aɖewo siwo mɔɖela la ado goe la na hamemegãwo. Esia le vevie ŋutɔ le hame siwo me mɔɖelawo sɔ gbɔ ɖo me. Hekpe ɖe mɔɖelawo ƒe dɔwɔwɔwo me dzodzro le subɔsubɔƒea ƒe nuwuwu ŋuti la, abe alesi wobia le “Congregation Analysis Report” (S-10) dzi ene la, wobia tso agbalẽŋlɔla la si be wòakpe kple subɔsubɔdɔdzikpɔla le March ƒe gɔmedzedze lɔƒo be woakpɔ be amekae gaƒoƒo ƒe nudidia gbɔ ɖoɖo azu dɔ na eye wòahiã kpekpeɖeŋu hã. (Kpɔ Gbeƒãɖeɖewo le April 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.) Ne wokpe ɖe mɔɖela la ŋu kaba la, ate ŋu awu subɔsubɔƒea nu dzidzedzetɔe.
16 Mɔɖela yeyewo dometɔ geɖe nye sɔhɛwo eye woƒe nyateƒea xɔxɔ teƒe medidi o. Le nyateƒe me la, woƒe didigbɔgbɔ nyea dzidzɔ na mí! Gake ame yeye siawo hiãa hehexɔxɔ be woabi ɖe edzi le aƒeme yi aƒeme dɔa me, be woawɔ tɔtrɔyi siwo tsea ku wu, eye be woafia nu le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me. Ne ame yeyea mexɔ hehe sia o la, dzi aɖe le eƒo le ƒe ɖeka alo esi mede nenema o la megbe eye mlɔeba la atɔ te mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le esi nu nyui aɖeke mele dodom tso eƒe subɔsubɔdɔa me o ta. Hamemegã siwo le ŋudzɔ la ate ŋu akpɔe adze sii nenye be ame aɖe le gbɔdzɔgbɔdzɔm alo le go dom kuxi suesuesue aɖewo. Ne wotso ɖe mɔɖela la ƒe kuxia ŋu kaba eye wokpe ɖe eŋu la, ate ŋu awɔ dɔ tseku ƒe geɖe kple dzidzɔ.
17 Ðe Nàte Ŋu Aɖe Lã le Tsi Siwo le Didiƒe la Mea? Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nye tɔƒodelawo. Ɣeaɖewoɣi la, ne woɖi ɖɔ zã bliboa katã la womeɖea lã aɖeke o. (Yoh. 21:3) Le dukɔ sia ƒe akpa aɖewo siwo ‘amewo ɖeɖe’ dɔa yi edzi ƒe geɖe la, mɔɖela aɖewo aƒo nya ta be “lã” ʋee aɖewo koe susɔ ɖe yewoƒe hamea ƒe “tsiwo” me. (Mat. 4:19) Le nusi to vovo na ema me la, ɖe medoa dzidzɔ na mí ne míexlẽ nyatakaka siwo tsoa dukɔa ƒe akpa bubuwo kple xexeame godoo, afisi gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo le Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm le oa? Dzidzɔ si mɔɖelawo kple dutanyanyuigblɔlawo kpɔna le anyigba siawo dzi la dzena ƒã. (w92 9/1 axa 20 mm. 15) Le go sia me la, ne mɔɖela veviedola aɖewo ate ŋu aʋu ayi dukɔa ƒe akpa bubu si hiahiã lolo le wu la, ele be woalé nya sia akpɔ kple woƒe alɔdzedɔwɔƒea hafi woawɔ afɔɖeɖe ma.
18 Ame aɖewo adze mɔɖeɖedɔa gɔme le esi wonya be eyae nye dɔ nyuitɔ si ame nawɔ ta gake woanɔ tame bum be ɖe yewoate ŋu akpɔ dzidzedze le eme hã. Ðewohĩ woatsɔ ɖikeke kple megbelelehehe adze egɔmee. Le gɔmedzedzea la, woƒe gbeadzidɔwɔnawo anɔ ʋee koe. Gake ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, wova bina ɖe edzi wu, eye wòdzena ƒã be Yehowa ƒe yayra le dɔ si wɔm wole dzi. Le ema ta la, woƒe dzidzɔ kple kakaɖedzi dzina ɖe edzi. Le ame aɖewo gome la, mɔɖeɖedɔa wɔwɔ na wokpɔ mɔ yi Betel, woxɔ hehe le Gilead Suku, wozu dutanyanyuigblɔlawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo gɔ̃ hã.
19 Manɔ bɔbɔe be nàʋu ayi anyigba bubu dzi alo nàkpɔ mɔ axɔ hehe le Gilead o, gake lãɖeɖe le dukɔ sia ƒe tsi bubuwo me ƒe mɔnukpɔkpɔwo gali, vevietɔ ne lã mesɔ gbɔ le anyigbamamã si me nèle fifia la me o. Afɔɖeɖe ma abia be nàwɔ tɔtrɔ le wò agbenɔnɔ me, gake teƒeɖoɖo siwo nàkpɔ le gbɔgbɔ me la asɔ gbɔ ŋutɔ.—Mat. 6:19-21.
20 Alo ne wò nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, àte ŋu akpe ɖe hame aɖe si tsɔ mia gbɔ le miaƒe nutome suea me la ŋu. Ne èdze la, miaƒe nutome sue dzikpɔla aɖo aɖaŋu na wò le hame siwo mɔɖela bubu ƒe kpekpeɖeŋu aɖe vi na le nutome suea me la ŋu.
21 Mɔɖela kple gbeƒãɖela aɖewo te ŋu kpɔ hiahiã si le woƒe nutoa me la gbɔ esime wokpɔtɔ le woƒe aƒeme. Ðewohĩ wose gbe bubu aɖe. Ðe nèkpɔe be gbe bubu dolawo sɔ gbɔ le yeƒe anyigbamamã mea? Amesiwo se gbe bubuwo la ate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe le ameƒomevi ɖesiaɖe gbɔ ɖoɖo kple Fiaɖuƒegbedasia me. Togbɔ be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o hã la, ate ŋu aɖe vi geɖe.—Tim. I, 2:4; Tito 2:11.
22 Ne èle wò ŋutete ɖesiaɖe wɔm fifia tsɔ le bubu dem Yehowa ŋui la, ekema kpɔ dzidzɔ ɖe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò fifia la ŋu. Ne èkpɔe be yeate ŋu awɔ geɖe wu la, tsɔ nya la ɖo Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me. Kpɔ ɖa be tɔtrɔ ŋutɔŋutɔ kawoe yeƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ yeawɔ hã. Ðo dze tso wò ɖoɖowo ŋu na hamemegã aɖe si me mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le alo na nutome sue dzikpɔla. Ne èwɔ nyametsotso si sɔ le gbedodoɖa me vɔ la, tso ɖe eŋu enumake, eye nàka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo be yeade bubu amesiwo dea bubu ye ŋu la ŋuti dzi.—Heb. 13:5, 6; Sam. I, 2:30.