Nyabiaɖaka
◼ Ðe wògasɔ kokoko be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si megadea gbeadzi o ne Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti me tɔ aɖe be míawɔea?
Hamemegãwo ƒe agbanɔamedzie wònye be woakplɔ hamea, eye amesiwo megadea gbeadzi o hã le eme. Woasrã amesiawo akpɔ eye woakpɔe ɖa be kpekpeɖeŋu kae hiã be woana wo hã. Nusiwo woawɔ ne esɔ dometɔ aɖee nye be woadoe ɖe amesi megadea gbeadzi o gbɔ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii. Woɖe eme le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu, axa 103, be Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitiae atso nya me le amesi woate ŋu asrɔ̃ nu sia kplii ŋu.
Subɔsubɔdɔdzikpɔla lae afia amesi asɔ wu be wòana kpekpeɖeŋua, nyati siwo woasrɔ̃, kple agbalẽ si aɖe vi wu. Ðewohĩ amesi srɔ̃ nu kple amea gbã alo amesi wònya hedea bubu eŋu ate ŋu ana kpekpeɖeŋu. Nɔvinyɔnu bibi si si ŋutete le ate ŋu akpe ɖe nɔvinyɔnu si megadea gbeadzi o ŋu. Zi geɖe la, mahiã be gbeƒãɖela bubu nayi kple amesi wode nusɔsrɔ̃a dzi kpɔkpɔ asi na o. Ne wotsɔe de asi na gbeƒãɖela aɖe la, ate ŋu abu gaƒoƒo, tɔtrɔyiwo, kple nusɔsrɔ̃a ŋuti kɔnta.—Kpɔ December 1987 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 1, 3.
Esi nusrɔ̃via nye nyɔnyrɔxɔla ta la, le ame akpa gãtɔ gome mahiã be woawɔ nusɔsrɔ̃a eteƒe nadidi o. Taɖodzinuae nye be woakpe ɖe amesi megadea gbeadzi o ŋu be wòagadze kpekpeawo katã dede gɔme eye wòanye amesi gblɔa nyanyuia edziedzi. Subɔsubɔdɔdzikpɔla la anɔ ŋku lém ɖe nusɔsrɔ̃a ƒe zɔɖeɖe ŋu. Nusi ado tso amelɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋunana sia mee nye be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo ŋutɔ ate ŋu atsɔ agba si le wo dzi le Yehowa ŋkume eye ‘woali ke ahakpɔ gɔmeɖoanyi’ sesẽ le nyateƒea me.—Ef. 3:17; Gal. 6:5.