INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/00 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègaŋlɔ Ame Siwo Dzudzɔ Gbedzidede Be O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Mitrɔ Va Gbɔnye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Mikpe Ðe Wo Ŋu Woatrɔ Ava Alẽha La Me Kaba!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 11/00 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Aleke woakpe ɖe amesi dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ɣeyiɣi didi ŋu be wòagadze azu nyanyuigbeƒãɖela?

Dzidzɔnyae wònye ne ame aɖe si dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ɖee fia be yedi tso dzi me be yeasubɔ Yehowa. (Luka 15:4-6) Anɔ eme be ɖe amea ɖe mɔ be tsitretsiɖeŋu alo agbemenuteɖeamedziwo wɔe be megakpɔa gome le ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadziyiyi me o. Mɔ kae nye nyuitɔ kekeake si dzi woato akpe ɖe amea ŋu be wòawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi?

Ele be mí katã míadze agbagba aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavã si le mía si nɛ afiae. Hamemegãwo atso enumake alé ŋku ɖe nusiwo tututu hiãe le gbɔgbɔ me ŋu. (Yak. 5:14, 15) Ne ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòdzudzɔ gbeadziyiyi la, ke ɖewohĩ gbeƒãɖela kpɔnuteƒe ƒe kpekpeɖeŋu koe nye nusi hiã be woagade dzo amea me be wòayi gbeadzi. Gake ne amesi dzudzɔ gbeadziyiyi megadea ha kple hamea o ɣeyiɣi didi la, ekema ahiã nu geɖe wu. Be wòatu eƒe xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo la, woate ŋu aɖo aɖaŋu nɛ be wòazã agbalẽ si dze atsɔ asrɔ̃ Bibliae. Ne edzɔ nenema la, subɔsubɔdɔdzikpɔla awɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela si dze nasrɔ̃e kplii. (Heb. 5:12-14; kpɔ November 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.) Ne ènya ame aɖe si hiã na kpekpeɖeŋu alea la, ƒo nu kple miaƒe hamea me subɔsubɔdɔdzikpɔla.

Hafi woakpe ame aɖe si dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ɣeyiɣi didi be wòagakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me la, anyo be hamemegã eve nakpe kplii akpɔe ɖa be edze anye Fiaɖuƒegbeƒãɖela hã. Woawɔe abe alesi wowɔnɛ ne wokpe kple ame yeye siwo di be yewoazu nyanyuigbeƒãɖelawo ene. (Kpɔ June 15, 1989, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17.) Ele be didi vevie nanɔ amesi dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la me be yeagblɔ nyanyuia na ame bubuwo. Ele hã be wòaɖo nudidi vevi siwo woyɔ le Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽa ƒe axa 98-9 la gbɔ, eye wòanɔ hamea ƒe kpekpewo dem edziedzi.

Gbɔgbɔ me ɖoɖowɔɖi nyui si anɔ amesi gbugbɔ va la si akpe ɖe eŋu geɖe be wòado ŋusẽ ƒomedodo xɔasi si le eya kple Yehowa dome ahalé eme ɖe asi eye wòayi edzi azɔ le agbe mavɔ mɔ la dzi. (Mat. 7:14; Heb. 10:23-25) Ne etsɔ “veviedodo katã” wɔe eye wòtu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siwo nɔa anyi ɖaa ɖo la, akpe ɖe eŋu be magazu Kristotɔ nusrɔ̃la ‘si gbɔdzɔ alo ame matseku’ azɔ o.—Pet. II, 1:5-8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe