Mikpe Wo be Woava
1 Amekpekpe aɖe si ŋu woƒo nu tsoe ƒe alafawoe nye si va yi la le edzi yim fifia le dukɔ 233 me le xexeame godoo be: “Mina míayi Yehowa ƒe to la, . . . gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.” (Yes. 2:3) Mɔfiafia amewo yi Yehowa ƒe habɔbɔa me ye nye mɔ nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖeka si dzi míate ŋu ato akpe ɖe wo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si kplɔa ame yia agbe mavɔ me.
2 Gbeƒãɖela aɖewo ahe ɖe megbe le amewo kpekpe va Fiaɖuƒe Akpata me ŋu vaseɖe esime wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me vɔ megbe hafi. Gake ɣeaɖewoɣi amewo adze hame ƒe kpekpewo dede do ŋgɔ hafi woava dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo gɔ̃ hã. Mele be míahe ɖe megbe le amewo kpekpe vividodoɖeameŋutɔe kple dzidede ƒo na wo be woayi kpekpeawo me o.
3Nusi Wòle Be Míawɔ: Mizã mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi tsɔ na nyanya amewo le míaƒe kpekpewo ŋu. Mina woanya be amesiame ate ŋu ava kpekpeawo faa eye womexɔa nudzɔdzɔ aɖeke le ame si gbeɖe o. Miɖe alesi míewɔa kpekpeawoe la me na wo. Mite gbe ɖe edzi na wo be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo ŋutɔŋutɔe wonye eye be agbalẽ si me wosrɔ̃a nua le nɔa amesiame si si wɔnɛ be nusɔsrɔ̃a gɔmesese nɔa bɔbɔe. Mina ameawo nanya teƒe vovovo siwo amewo tso kple ameƒomevi vovovo siwo vaa kpekpea. Mina woanya be wonye amesiwo tso nutoa me eye be ƒe kae ɖeviwo xɔ o, wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ava. Ele be míakpe amesiwo míesrɔ̃a nu kplii ava kpekpeawo me eye míakpe ɖe wo ŋu le go ɖesiaɖe me be woade kpekpeawo.
4 Nya mamlɛtɔ siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ƒe ɖee nye amekpekpe ʋãme aɖe be woava kpɔ gome le nunana siwo ƒe ɖoɖo Yehowa wɔ ɖe agbe ŋu me: “Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! . . . Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖ. 22:17) Nu bubu aɖeke meli si míatsɔ aɖo amewo kpekpe be woayi míaƒe kpekpewo teƒe o.
5 Le nyagblɔɖi me la, Yesaya 60:8 ɖɔ ame yeye akpe alafa geɖe siwo le zi nyẽm va Mawu ƒe amewo ƒe hamewo me be wole abe ahɔ̃ne siwo “le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene.” Mí katã míate ŋu akpe ame yeyewo va míaƒe kpekpewo me eye míado vivi ɖe wo ŋu. Le mɔ sia nu la, míanɔ nu wɔm aduadu kple Yehowa le tsɔtsɔedodo amewo nu ƒoƒo ƒu ƒe dɔa me.—Yes. 60:22.