Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Hame ƒe Kpekpewo Me
1 Ele be Kristotɔwo ƒe ƒomewo nawɔ ɖe sedede be míakpe ta ɖekae le hame ƒe kpekpewo me la dzi. (Heb. 10:24, 25) To nuwɔwɔ aduadu me la, ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ dzidzedze le dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu, kpekpeawo dede, kple gomekpɔkpɔ le wo me me. Nɔnɔme si me ƒomewo le to vovo tso wo nɔewo gbɔ ya, gake nanewo li si Kristotɔ srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu xɔsetɔ, alo dzilaɖekɛ ate ŋu awɔ atsɔ ado ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le gbɔgbɔmenyawo me, eɖanye vi agbɔsɔsɔme kae le aƒea me kple ƒe kae woxɔ o.—Lod. 1:8.
2 Midi Ɣeyiɣi Miadzra Ðo: Ƒomea me tɔwo wɔa nu aduadu kpɔa egbɔ be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe dzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu nyuie. Ƒome geɖe dzroa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me ɖekae. Ƒome aɖewo ƒoa ƒu ɖekae dzrana ɖo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a ŋu alo xlẽa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ ɖekae. Taɖodzinua ye nye be nyati veviawo nanɔ susu me na ame hafi woayi kpekpeawo. Le mɔ sia nu la, amesiame akpɔ viɖe wu le nusi wòse me eye wòasu te nyuie aɖo nya ŋu ne mɔnukpɔkpɔa va.—Tim. I, 4:15.
3 Ðoe Wò Taɖodzinui be Yeakpɔ Gome le Eme: Ele be amesiame le ƒomea me naɖoe eƒe taɖodzinui be yeaɖo nya ŋu le kpekpewo me atsɔ aʋu yeƒe mɔkpɔkpɔ mee le amewo dome. (Heb. 10:23) Ðe wòhiã be woade dzi ƒo na ƒomea me tɔ aɖe be wòaɖo nya ŋua? Kpekpeɖeŋu kae ahiã le amesiame gome le dzadzraɖo ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu me? Edzɔa dzi na srɔ̃nyɔnuwo ne srɔ̃ŋutsuwo ɖe ɖetsɔleme fia ɖewohĩ to susu aɖe dodo ɖa le kpɔɖeŋu aɖe si sɔ alo dɔdasiwo wɔwɔ fia ƒe mɔnu nyui aɖe ŋu me. Mele be dzilawo nase le wo ɖokui me be yewoagblɔ nya ade ɖeviawo nu o. Ewɔwɔ nenema ate ŋu ana be ɖeviawo mate ŋu atso le wo ɖokui si adzra ɖo o. Gake dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu le dɔdasiawo dzadzraɖo me eye woaɖo to asee ne ɖeviawo le woƒe dɔdasiwo me tom.—Ef. 6:4.
4 Miwɔ Nu ɖe Ðoɖo Nu be Miayi: Miate ŋu afia alesi woado awu adzra ɖo kaba be woayi kpekpea ɖe game ɖoɖi aɖe dzi ɖeviawo tso ɖevime ke. Ele be ƒomea me tɔwo nawɔ nu aduadu le aƒemedɔwo wɔwɔ me ale be megbetsitsi aɖeke manɔ anyi o.—Mikpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ƒe axa 112, kple Young People Ask ƒe agbalẽa ƒe axa 316-17.
5 Dzilawo kple ɖeviwo siaa ate ŋu ade ŋugble le Yosua si nɔ anyi le blema ƒe nya siawo ŋu be: “Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” Eyata miɖoe kplikpaa be yewoawɔ nu aduadu akpɔ gome bliboe le hame ƒe kpekpewo me.—Yos. 24:15.