INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/99 axa 1
  • Tsɔ Didi Vevie Gblɔ Nyanyui Lae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsɔ Didi Vevie Gblɔ Nyanyui Lae
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Gbeƒã eye Nàɖi Ðase Tsitotsito
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Tsɔ Didi Vevie Ðe Gbeƒã Nyanyui lae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 4/99 axa 1

Tsɔ Didi Vevie Gblɔ Nyanyui Lae

1 “Ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa . . . Le gonyeme la [medi vevie, NW] bena, magblɔ nyanyui la afia mi.” Aleae apostolo Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe nɔvi siwo nɔ Roma la ƒe gɔmedzedze. Nukata Paulo di vevie be yeava srã wo kpɔ? Egblɔ be: “Bene makpɔ kutsetse le mia dome . . . Elabena nyanyui la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ.”—Rom. 1:11-16.

2 Paulo ɖe didi vevie ma ke fia esi wònɔ nu ƒom na ame tsitsi siwo nɔ Efeso. Eɖo ŋku edzi na wo be: “Mienyae tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi meɖo afɔ Asia, . . . nyemegbe naneke . . . takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme. [Eye meɖi] ɖase na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.” (Dɔw. 20:18-21) Paulo ɖoe be yeakaka agbexɔxɔ nyanyuia le yeƒe anyigbamamãa katã me, ale be Fiaɖuƒedɔa natse ku. Nɔnɔme nyui kae nye si wòle be míasrɔ̃!

3 Míate ŋu abia mía ɖokui se be: ‘Ðe meɖea didi vevie ma ke fiana ne mele gbeƒã ɖem nyanyuia le míaƒe nutoa mea? Le esi teƒe be mabu gbeƒãɖeɖedɔa abe dɔdasi aɖe ko ene la, ɖe medi vevie be magblɔ nyanyuia na ame geɖe alesinu anya wɔa? Ðe mebu nye ŋutɔ nye nɔnɔmewo ŋu le gbedodoɖa mea? Ðe mewɔ mɔnu siwo katã ʋu ɖi le nye anyigbamamã me, abe gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, le ablɔdzi, le dɔwɔƒewo, le telefon dzi, kple le vome ene la ŋudɔa?’

4 Tsɔ Didi Vevie Wɔe le April Me: April nye ɣeyiɣi nyui si me míate ŋu adzi mía ŋutɔwo ƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi. Ele be gaƒoƒonudidi si dzi woɖe la nawɔe be ame geɖe nate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ðewohĩ wò nɔnɔmewo aɖe mɔ na wò be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April kple May me. Alo àte ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa le esi wotrɔ asi le gaƒoƒonudidia ŋu ta. Ne hamea me gbeƒãɖelae nènye la, ɖe nàte ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu le subɔsubɔdɔa me le dzinu sia kple esi kplɔe ɖo me, ahado alɔ amesiwo te ŋu le mɔɖeɖedɔa wɔma? Ema ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!

5 Ele be Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo katã naɖe didi vevie afia abe Paulo ene, to alesi woakeke woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu me. Míaƒe ŋutete katã si míawɔ le subɔsubɔa me ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Paulo kpɔ dzidzɔ sia le eƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea me. Anyo be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu nyui la.—Rom. 11:13; Kor. I, 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe