Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?
1 Kuɖa fiẽ, April 19, anye míaƒe ŋkeke vevitɔ kekeake le subɔsubɔƒea me. Gbemagbe ne ɣea le to ɖom vivivi le xexeame godoo la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame kple ƒuƒoƒo siwo le xexeame katã aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Aleke ke ɣeyiɣia le le mia gbɔe o, Yesu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia ɖuɖu anye wɔna vevitɔ kekeake le ƒea me. Wode dzesi ŋkeke si woaɖu Ŋkuɖodzia ɖe 2000 Calendar of Jehovah’s Witnesses dzi.
2 April ƒe ɣleti bliboa na mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe mí be míaɖee afia tso dzi blibo me be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe amenuveve si míedze na o si su mía si to Via ƒe vɔsa dzi la ŋu. Nukata wòle alea? Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ la le mía kplɔm, eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.” (Kor. II, 5:14, 15) Ẽ, le April me la, míate ŋu aɖee afia be míele agbe nɔm na mía ɖokui o ke boŋ na amesi ku ɖe mía ta, to alesi mí Fiaɖuƒea ƒe subɔlawo míawɔ ɣleti sia wòanye míaƒe ɣleti nyuitɔ kekeake me!
3 Wɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa le April Me: Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu ʋãme aɖe ɖi na mí esi wògblɔ be: “Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyui la ŋuti.” (Dɔw. 20:24) Mɔnukpɔkpɔ ma ke le míawo hã si be míaɖi ɖase tsitotsito tso Yehowa Mawu ŋu. Le esia ta míadi be míawɔ April míaƒe ɣleti nyuitɔ kekeake le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me!
4 Esi wònye kwasiɖa atɔ̃e le April 2000 me ta la, anye ɣleti nyuitɔ kekeake si me ame geɖewo awɔ mɔɖeɖedɔa le. Le March 1997 me, esi míekpɔ kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake, si nye 5,759 la, enye gbeƒãɖelawo katã ƒe memama 11 le alafa me. Le ƒe eve megbe la, gbeƒãɖela siwo katã bu akɔnta le April 1999 me la dzi ɖe edzi wu ame 14 le alafa me. Esia fia be ŋutete geɖe le mía si be míagbɔ kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si míekpɔ va yi la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖe gaƒoƒonudidi si wobia tso dɔ sia wɔlawo si la dzi, si wɔe be anɔ bɔbɔe na ame geɖe wu le hamea me be woakpɔ gome le eme. Ele be gbeƒãɖela ɖesiaɖe natsɔ gbedodoɖa abu eŋu be ɖe yeate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me hã.
5 Zã April ɣletia le ƒe 2000 Calendar dzi nàtsɔ awɔ wò ɖoɖowɔɖi fifia na ɣleti si kplɔe ɖo. Ðo ŋkeke siwo nàte ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye nàtsɔ gaƒoƒo siwo katã nèbu be yeate ŋu azã le gbeƒãɖeɖedɔa me le ɣletia me aƒo ƒui. Tsɔ gaƒoƒo si nàte ŋu azã le ɖaseɖiɖi kple vomeɖaseɖiɖi na ame bubuwo siaa me kpee. Ðe wo katã ƒe ƒuƒoƒo gogo gaƒoƒo 50 si nye gaƒoƒonudidi na kpekpeɖeŋu mɔɖelawoa? Ne mète ŋu ɖo gaƒoƒonudidi si woɖo gbɔ o la, ɖe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ le wò ɖoɖowɔɖi ŋu be nàte ŋu aƒle ɣeyiɣi na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔa? Èhiã gaƒoƒo ɖeka kple aɖabaƒoƒo 40 ko le mama dedie nu gbesiagbe be nàte ŋu akpɔ gaƒoƒo 50 le ɣletia me.
6 Fifia esi woɖe gbesiagbe mɔɖelawo hã ƒe gaƒoƒonudidia dzi kpɔtɔ la, ɖe nèle tame bum le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋua? Nukata nàlala vaseɖe September ke hafi adze egɔme? April anye ɣleti nyui si nàdze egɔme! Ne mèka ɖe edzi be yeate ŋu aɖo gaƒoƒonudidi 70 si wobia tso gbesiagbe mɔɖelawo si la gbɔ o la, nukata màwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me eye nàtsɔ gaƒoƒo 70 kpɔkpɔ aɖo taɖodzinui o? Ne èkpɔe dze sii be yeate ŋu awɔe la, àdi vevie be yeade asi agbalẽ te azu gbesiagbe mɔɖela enumake.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 113-14.
7 Kpɔ Gome le Eme Bliboe Esi Nènye Nyanyuia ƒe Gbeƒãɖela: Lɔlɔ̃ vavãtɔ na Mawu kple míaƒe aƒelikawoe ʋãa mía dometɔ ɖesiaɖe, gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo siaa, be míatsɔ dzi blibo awɔ nusianu si míate ŋui le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me alesi míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔe. (Luka 10:27) Míetoa esia wɔwɔ me ɖenɛ fiana be ‘míedzea agbagba, eye míedoa vevie nu, elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe, si nye amewo katã Xɔla, vevietɔ xɔsetɔwo tɔ la dzi.’ (Tim. I, 4:10) Esia tae wòle be míakpɔ mɔ be amesiame akpɔ gome le Fiaɖuƒedɔa me bliboe le April me ɖo.
8 Mele be míaŋlɔ Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be o: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” Le nya sia gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Yesu yɔ eƒe apostolo wuieveawo eye wòdɔ wo be woayi aɖaɖe gbeƒã. (Mat. 9:37, 38; 10:1, 5, 7) Anɔ ƒe ɖeka megbe, esi Yesu na hehe ame wuieveawo nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me vɔ megbe la, “eɖo ame blaadre bubu eye wòdɔ wo,” hena mɔfiame ma ke wo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, . . . eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:1, 2) Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ƒo nu tso alesi Yehowa ɖo gbedodoɖa mawo ŋui. Le Pentekoste 33 M.Ŋ. me la, nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo 120. Emegbe nusrɔ̃lawo gadzi ɖe edzi va ɖo 3000 kple 5000. (Dɔw. 1:15; 2:41; 4:4) Le ema megbe la, “nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ŋutɔ.” (Dɔw. 6:7) Nenema ke le egbeɣeyiɣiawo me la, ele be míanɔ kuku ɖem na Aƒetɔ la bena wòadɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖela geɖe ɖo ɖa! Le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe gbedodoɖawo la, ele be gbeƒãɖela ɖesiaɖe nawɔ ɖoɖo koŋ akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti.
9 Taflatse lé ŋku ɖe April ŋu nyuie le 2000 Calendar dzi. Esi wònye ŋkeke eve gbãtɔ siwo le ɣletia me dze memleɖa kple kwasiɖagbe dzi ta la, ɖe nàte ŋu awɔ ɖoɖo akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le kwasiɖanuwuwu mawo atsɔ adze dɔwɔwɔ gɔme kaba le ɣletia mea? Ðe nàte ŋu akpe asi ɖe “Magazineŋkeke” ɖesiaɖe si wò Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo awɔ le ɣletia me la ŋua? Ke gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema zazã Kwasiɖagbe ɖesiaɖe le subɔsubɔdɔa me ya ɖe? Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo akpɔ gome le fiẽsi me ɖaseɖiɖi me ɣeaɖewoɣia? Eye mègaŋlɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na wò be nàɖi vomeɖase le dɔme, le suku, alo ne èle gome kpɔm le dɔ bubu siwo nèwɔna le ŋkekea me la ŋudɔwɔwɔ be o. De dzesi ŋkeke siwo dzi nàte ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me, eye zã ɣletigbalẽa nàtsɔ anya ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàzã le gbeadzi le ɣletia me.
10 April anye ɣeyiɣi si me mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi na amesiwo katã dze eye hamemegãwo da asi ɖe wo dzi be wodze la be woanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Ne èle Biblia srɔ̃m kple ame aɖe la, ɖe amea wɔ ŋgɔyiyi si awɔe be wòate ɖe dzikpɔla zimenɔla ŋu abia be yedi be yeanye nyanyui gbeƒãɖelaa? Ne ɖevi siwo mexɔ nyɔnyrɔ o le asiwò la, ɖe nèɖo dze kple hamemegãwo tso woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋua? Ðe esia manye ɣeyiɣi nyuitɔ si woadze gbeƒãɖeɖe gɔme oa?—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 97-100.
11 Le míaƒe agbagbadzedze be míawɔ April 2000 míaƒe ɣleti nyuitɔ kekeake me la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me eye míatsɔ míaƒe gbeadzikɔntabubu ana le ɣletia ƒe nuwuwu. (Tsɔe sɔ kple Marko 6:30.) Ele be woade dzi ƒo na gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ siwo akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me zi gbãtɔ be woatsɔ woƒe akɔntabubu le dɔ si wowɔ ŋu ana kaba. Ne míewɔ míaƒe akpa dzi la, míate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le April ƒe akɔntabubua kple kafukafuɣli gã si woado na Yehowa me ne míedze agbagba le ɖaseɖiɖidɔa me.
12 Kplɔ Ame Bubuwo Kpe Ðe Ðokuiwò Ŋu Va Ŋkuɖodzia: Ðe mado dzidzɔ na mí ne ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si de Ŋkuɖodzia kpɔ va Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 2000 me oa? Ẽ! Aɖee afia be ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake ƒo ƒu heɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖe fia mí la ŋu! (Yoh. 3:16; 15:13) Wɔ ɖoɖo ɖesiaɖe si hiã be naneke magaxe mɔ na mia kple wò ƒomea ƒe Ŋkuɖodzia yiyi o.
13 Ɣeyiɣia de fifia hã be míadze ame bubuwo kpekpe na Ŋkuɖodzia. Ŋlɔ amesiwo katã nèdi be yeakpe ƒe ŋkɔwo ɖi. Ŋlɔ amesiwo srɔ̃ Biblia kpɔ, amesiwo le nu srɔ̃m fifia, kple amesiwo katã gbɔ nètrɔ yi hã kpee. Ŋlɔ wò ame nyanyɛ siwo nèdoa goe le dɔ me, le suku, kple le miaƒe nutoa me, kpakple amesiame si nètsaa asi kplii. Megaŋlɔ ame nyanyɛ bubuwo kple wò ƒometɔwo tsɔtsɔ kpee be o. Le ŋkɔawo ŋɔŋlɔ vɔ megbe la, dze agbagba nàdze wo kpekpe gɔme ɖekaɖeka. Gblɔ ɣeyiɣi kple afisi woaɖu Ŋkuɖodzia le eme nakɔ. Ne April 19 le ɖoɖom la, ɖo ŋku edzi na amesiwo nèkpe la to wo gbɔ yiyi loo alo le telefon dzi me. Gblɔ na wo be yedi be woazɔ kple ye fiẽsi ma ayi Ŋkuɖodzia.
14 Le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame si Habɔbɔa na va yi la, hamemegãwo ƒe ha nadze agbagba etɔxɛe be woade dzi ƒo na gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe le woƒe anyigbamama me be woade Ŋkuɖodzia. (Mat. 18:12-14) Anyo be hamemegãwo nagadzro Habɔbɔa ƒe lɛta si wòŋlɔ le February 2, 1999, me la me. Hame ƒe agbalẽŋlɔla naŋlɔ gbeƒãɖela siwo katã dzudzɔ gbeadziyiyi ƒe ŋkɔ ɖi, eye subɔsubɔdɔdzikpɔla nade dɔ asi na hamemegãwo be woayi aɖakpe wo na Ŋkuɖodzia. Ðewohĩ ne wode dzi ƒo na wo le sasrãkpɔa me enumake la, woate ŋu akpe ɖe amesiawo siwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la ŋu be woagadze gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ake le April me gɔ̃ hã. Atu wo ɖo ne wokpe wo be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple gbeƒãɖela aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ le.
15 Mide Dzi Ƒo Na Amewo be Woado Alɔ Ðoɖowo le April Me! Hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple ƒome ƒe tawo ƒe ɖoɖo nyui wɔwɔe ana April 2000 nanye míaƒe ɣleti nyuitɔ kekeake. Hamemegãwo nado vevie nu be nusianu nanɔ ɖoɖo nu nyuie eye woaxɔ ŋgɔ. (Heb. 13:7) Ehiã be woawɔ ɖoɖo nyuiwo ɖe kpekpe hena gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu le dɔwɔŋkekewo kple kwasiɖanuwuwuwo dzi. Woagate ŋu awɔ ɖoɖo bubuwo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le ɣetrɔ kple fiẽsiwo me. Woaklã ɖoɖowɔɖi blibo si wowɔ ɖe April ŋu la ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi. Ahiã be woade dɔ asi na ame aɖe be wòakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ɖesiaɖe dzi. Ele be woawɔ ɖoɖo ɖe anyigbamama si asu na ƒuƒoƒo ɖesiaɖe ŋu.
16 Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo le gbeadzi le April me. Esi míedi be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme ta la, míana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia. Eyata ehiã be magazine kple agbalẽ gbadza agbɔsɔsɔ si ade la nanɔ anyi.
17 Le ɣletia ƒe nuwuwu la, anyo be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo nade dzi ƒo na amesiwo katã le woƒe ƒuƒoƒoa me be woana gaƒoƒo enumake ne ɣletia wu enu. Ðewohĩ woate ŋu awɔ esia le Kwasiɖa, April 30 lia dzi gɔ̃ hã. Emegbe, ne agbalẽŋlɔla la ƒo akɔntabubuawo katã nu ƒu eye wòde dzesii be gbeƒãɖela aɖewo mena gaƒoƒo o la, ate ŋu aɖo ŋku edzi na wo tufafatɔe be woatsɔe ana hafi May 6 naɖo, esime wòatsɔ hamea ƒe akɔntabubu aɖo ɖe Habɔbɔa. Ate ŋu abia tso agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo si be woakpe ɖe ye ŋu yeaxɔ gaƒoƒo le gbeƒãɖela aɖewo si.
18 Ŋkuɖodzia ɖuɣi nye ɣeyiɣi vevitɔ kekeake le ƒea me na Mawu ƒe amewo. Ele be wòanye ɣeyiɣi si me mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ dɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Anɔ alea ne amesiame si nye nyanyuia ƒe gbeƒãɖela kpɔ gome le eme bliboe alesi wòate ŋui, ne amesiwo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔe, eye ne míedo vevie nu kplɔ ame bubuwo kpe ɖe mía ɖokui ŋu va Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Mina mí katã míado gbe ɖa vevie na Yehowa be wòayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi geɖe be míawɔ April 2000 míaƒe ɣleti nyuitɔ kekeake, eye kafukafu kple ŋutikɔkɔe katã nayi na Mawu!—Heb. 13:15.
[Aɖaka si le axa 3]
Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo
Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ Kekeake si Míekpɔ: 5,759
(March 1997)
[Aɖaka si le axa 4]
Gbeƒãɖelawo Katã ƒe Xexlẽme
Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ Kekeake si Míekpɔ: 61,247
(October 1999)
[Aɖaka si le axa 5]
Amesiwo De Ŋkuɖodzia
Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ Kekeake si Míekpɔ: 202,167
(1999)