Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me
1 Nukae ado dzidzɔ na ame wu be woakpɔ srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo woanɔ dɔ wɔm ɖekae le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, eye woanɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kafum le gaglãgbe? (Ps. 148:12, 13) Ele be ɖoɖowɔɖi nyui nanɔ ƒome ɖesiaɖe si si ana woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Ðe wò ƒomea ɖoa ŋkeke aɖe ɖi ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu kwasiɖa sia kwasiɖaa? Nenye nenemae la, ke amesiame anya alesi wòawɔ ɖoɖo be wòate ŋu akpɔ gome le eme bliboe.—Lod. 21:5a.
2 Do ŋgɔ na ƒomea ƒe subɔsubɔŋkekea la, nukatae mi katã miadzra ɖo ɖe dzeɖonya siwo ƒomea azã ŋu ɖekae o? Dzadzraɖo ɖe dzeɖonya siwo miazã le gbeadzi ŋu ate ŋu akpe ɖe mia ŋu vevie, eye ate ŋu ade nuwɔwɔ aduadu ƒe gbɔgbɔ nyui ƒomea me. Teƒeɖoɖo ka gbegbee nye si wòanye ne ƒomea me tɔwo katã dzraa ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu hekpɔa gome le eme ɖekae!
3 Nutome sue dzikpɔla aɖe wɔ dɔ kple ƒome blibo aɖe le magazine nana me. Esi wònɔ dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme kple woƒe vinyɔnuvi ɖeka la, ɖevia bia be: “Ɣeyiɣi didi kae nàwɔ dɔ kplim ase ɖo?” Nyɔnuvia ɖe eme be yedi be yeagava wɔ dɔ kple ye fofo hã. Eme kɔ ƒã be eya kple fofoa kpɔa dzidzɔ ŋutɔ nenye be wole subɔsubɔdɔa wɔm ɖekae. Nɔnɔme nyui kae nye si le ƒomea me!
4 Ðewohĩ ƒome aɖewo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa dzinu ɖeka le ƒea me. Alo ɖewohĩ ate ŋu anɔ bɔbɔe be ƒomea me tɔ ɖeka teti ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa atsia ɖe enu alo awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã. Ne wowɔ ɖoɖo nyui hewɔ nu aduadu la, ɖewohĩ ƒomea me tɔwo katã ate ŋu adzi woƒe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi to kpekpeɖeŋu nana amesi le mɔɖeɖedɔa wɔm me. Godoo la, dɔwɔwɔ si wodzi ɖe edzi kple nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo le subɔsubɔdɔa me ahe yayra vɛ na ƒomea.—Mal. 3:10.
5 Gomekpɔkpɔ bliboe le nyanyuigbɔgblɔdɔa me akpe ɖe ƒomewo ŋu be woanɔ kplikplikpli, dzo anɔ wo me, woƒe dɔwɔwɔ atse ku, eye woakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me!—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:1, 2.