Gotagome Dzedzeme Ko Nèkpɔnaa?
1 Ne míele dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔm la, alesi míebuna le ame aɖewo ŋu ne míekpɔ wo zi gbãtɔ ate ŋu ana be mawɔ na mí be míagblɔ nyanyuia na wo o. Le kpɔɖeŋu me, aleke nàwɔ nui ne ŋutsu si ƒe mo ɖi vɔvɔ̃ trea ŋku ɖe wò ɣesiaɣi si nàyi eƒe aƒelika si tsɔ ɖe le nyateƒea me gbɔ? Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si dzi nusia dzɔ ɖo kpɔ ɖoe be yeate ɖe ŋutsua ŋu aƒo nu nɛ. Exɔ gbe nɛ adãtɔe. Gake nukutɔe la, eɖo to se Biblia ƒe gbedasia eye wòlɔ̃ kple dzidzɔ be yeasrɔ̃ nu. Esi nɔvinyɔnua menɔ te ɖe gotagome dzedzeme dzi ƒo nya ta o ta la, mɔnukpɔkpɔ ʋu na ŋutsu sia kple srɔ̃a be wosrɔ̃ nyateƒea.
2 Ðekakpui aɖe si ƒe ɖa to ŋutɔ hã ƒe gotagome dzedzeme ɖi vɔvɔ̃ na nɔvinyɔnu aɖe esi wòkpɔe zi gbãtɔ, gake eɖia ɖase nɛ kpuie ɣesiaɣi si ɖekakpuia va fiase si me wòwɔa dɔ le me. Eƒe agbagbadzedze ɖe vi eye ɖekakpuia zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ fifia. Nukae awɔe be míagatso ko aƒo nya ta be ame aɖewo maɖo to o?
3 Yesu ƒe Kpɔɖeŋu Sɔsrɔ̃: Yesu nya be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe amesiame ta. Eyata amewo ƒe gotagome dzedzeme meɖe dzi le eƒo o. Ede dzesii be amesiwo ƒe nɔnɔme medzea amewo ŋu o gɔ hã ate ŋu atrɔ ne wona kpekpeɖeŋu kple dzideƒo si sɔ la wo. (Mat. 9:9-13) Edze agbagba be yeakpe ɖe gatɔwo kple ame dahewo siaa ŋu sɔsɔe. (Mat. 11:5; Mar. 10:17-22) Neva eme be míaganɔ te ɖe amewo ƒe gotagome dzedzeme dzi aƒo nya ta si awɔe be míado kpo dzi nyuitɔ kpɔkpɔ o. (Mat. 7:1; Yoh. 7:24) Nukae akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesia?
4 Míeva kpɔe le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ me be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya si be wòatrɔ ame ƒe tamebubu, agbenɔnɔ, kple amenyenye. (Efe. 4:22-24; Heb. 4:12) Eyata ele be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si eye míagblẽ mamlɛa ɖe Yehowa, Amesi dzroa amewo ƒe dziwo me la si me.—Sam. I, 16:7, 8; Dɔw. 10:34, 35.
5 Neva eme be alesi míagblɔ nyanyuia na ame ƒomevi ɖesiaɖe ameŋkumemakpɔmakpɔe, aleke ke woƒe gotagome dzedzeme le o, nade nuŋeŋedɔ gã si wɔm míele le ŋkeke mamlɛ siawo me dzi.—Tim. I, 2:3, 4.