Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
◼ Armenia: Gbeƒãɖela 4,741 ye bu akɔnta le December me eye wozã gaƒoƒo 16 le gbeadzi le mama dedie nu. Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye sia gbɔ ƒe si va yi tɔ ŋu alafa memama 17 le mama dedie nu.
◼ Chile: Nɔviwo xɔ mɔɖelawo ƒe gaƒoƒo nudidi yeyea kple dzidzɔ ale gbegbe eye eƒe kpeɖodzie nye be gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ si wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ si nye 4,351 ye bu akɔnta le January me. Azɔ ame 5,175 ye wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, eye esia nye agbɔsɔsɔ si gbɔ ɖesiaɖe ŋu kura le subɔsubɔƒe sia me.
◼ Ukraine: Gbeƒãɖela 100,129 siwo bu akɔnta le January me la dometɔ 12 le alafa me wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒomevi aɖe. Ukraine ƒe gbesiagbe mɔɖelawo ɖo 5,516—esia nye agbɔsɔsɔ yeye 27 lia tsia ɖe enu—eye gbeƒãɖela 6,468 bubu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa.