INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/99 axa 8
  • Nya Kae Nàgblɔ na Mawudzimaxɔsela?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Nàgblɔ na Mawudzimaxɔsela?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wòanya Wɔ Be Míaxɔ Edzi Ase Be Wɔla Aɖe Lia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nuteƒekpɔkpɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 1: Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Ka Tae Amewo Biaa Nya Sia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 12/99 axa 8

Nya Kae Nàgblɔ na Mawudzimaxɔsela?

1 Nufialagã aɖe si tso Poland gblɔ na dutanyanyuigblɔla aɖe le Afrika be: “Mawudzimaxɔselae menye.” Gake nɔvinyɔnua te ŋu ɖo dze kple nyɔnu sia eye wònae agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? Esi dutanyanyuigblɔlaa trɔ yi le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, nufialagã la gblɔ nɛ bena: “Nyemeganye mawudzimaxɔsela o!” Exlẽ Creation-gbalẽ bliboa katã eye wòbia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye azɔ. Nukae nàte ŋu awɔ be nàkpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖi na amesiwo gblɔna be yewomexɔ Mawu dzi se o? Gbã la, de ŋugble le susu vovovo siwo tae amewo gblɔa nya sia ŋu.

2 Nusiwo Nana Amewo Mexɔna Sena O: Menye mawudzimaxɔselawo katãe le nenema tso ɖevime o. Wofia subɔsubɔ aɖe ƒomevi wo dometɔ geɖe eye woxɔ Mawu dzi se kpɔ. Gake lãmegbegblẽ alo ƒomekuxi sesẽwo alo madzɔmadzɔnyenye ƒomevi aɖe si me woto na be woƒe xɔse gbɔdzɔ. Le ame bubuwo gome la, nusiwo wofiana le suku kɔkɔwoe kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe alesi wobua Mawui dzi. De dzesi kpɔɖeŋu siwo gbɔna ku ɖe mawudzimaxɔsela siwo si Yehowa Mawu ŋuti dzixɔse sesẽ va su eye wova zu eƒe Ðasefowo mlɔeba la ŋu.

3 Wodzi nyɔnu aɖe si le Paris kple ƒutomedɔléle vɔ̃ɖi aɖe. Togbɔ be wode mawutsi ta nɛ wònye Katolikotɔ hã la, egblɔ be mawudzimaxɔselae yenye. Esi wòbia nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo nusitae Mawu ɖe mɔ be wodzi ye yenye wɔametɔ la, woɖo eŋu nɛ be: “Elabena elɔ̃ wò.” Nyɔnua melɔ̃ ɖe nukpɔsusu totro ma dzi o. Azɔ, bu sɔhɛ aɖe si ŋu wokpɔ lãmekamedɔléle aɖe si womate ŋu ada o le eye wòtsi bunɔkeke me le Finland ŋu kpɔ. Dadaa kplɔe yi Pentekostetɔ aɖe si gblɔ be yete ŋu daa dɔ na amewo gbɔ. Gake womekpɔ nukudɔdada aɖeke o. Ewɔe be ɖekakpuia megava tsɔ ɖeke le Mawu me o eye wòzu mawudzimaxɔsela.

4 Ŋutsu aɖe si le Honduras nye Katolikotɔ tso ɖevime gake esrɔ̃ nu tso Sosialistɔwo ƒe xexemenunya kple mawudzimaxɔse ŋu. Esi wòxɔ nusi wofiana le yunivɛsiti be nɔnɔmetɔtrɔ mee ameƒomea dzɔ tso dzi se ta la, megaxɔ Mawu dzi se o. Nenema ke wodzi nyɔnu aɖe si le United States hã ɖe Methodist subɔsubɔ me. Eva srɔ̃ susuŋutinunya le kɔledzi. Aleke wòkpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzixɔse dzii? Egblɔ be: “Wogblẽ nye mawusubɔsubɔ dzixɔse me keŋkeŋ le dzomeŋɔli ɖeka pɛ ko me.”

5 Dzianukwaretɔwo ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo: Ame geɖe siwo gblɔna be yewomexɔ Mawu dzi se o la adi be yewoanya ne kuxiwo abe lãmegbegblẽ, ƒomea me masɔmasɔwo, madzɔmadzɔnyenye, kple bubuawo gbɔ kpɔnu li. Wodina vevie be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo abe esiawo ene: ‘Nukatae vɔ̃ɖinyenye li?’ ‘Nukatae vɔ̃ dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi?’ kple ‘Gɔmesese kae le agbe ŋu?’

6 Srɔ̃tɔ aɖewo siwo le Switzerland nye mawudzimaxɔselawo tso woƒe ɖevime. Esi wotsɔ nyateƒea yi na wo zi gbãtɔ la, womexɔe o. Gake kuxi sesẽwo nɔ woƒe ƒomea me eye wodi be yewoagbe yewo nɔewo. Esi Ðasefoawo gatrɔ yi srɔ̃tɔawo gbɔ la, wofia wo alesi woakpɔ woƒe kuxiawo gbɔe tso Biblia me. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Ŋɔŋlɔawo me la wɔ mo yaa na srɔ̃tɔawo, eye wolɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Ŋusẽ ɖo woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu, wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, eye woxɔ nyɔnyrɔ.

7 Nya si Nàte Ŋu Agblɔ na Mawudzimaxɔsela: Ne ame aɖe gblɔ na wò be yenye mawudzimaxɔsela la, dze agbagba nàbia susu si ta wògblɔ nenema ɖo. Ðe wòanye nusiwo wofiae le suku, kuxi siwo me wòto, alo mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ kple aʋatso nufiafia siwo wòkpɔ taea? Àte ŋu abiae be: “Alea nèsena le ɖokuiwò me xoxoxoa?” alo “Susu ka tae nègblɔe nenema ɖo?” Eƒe ŋuɖoɖoa akpe ɖe ŋuwò nànya nya si nàgblɔ. Afisi wòahiã na numeɖeɖe tsitotsito le la, àte ŋu azã agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You?

8 Àte ŋu abia nya sia atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee kple mawudzimaxɔsela:

◼ “Èbia ɖokuiwò se kpɔ be: ‘Ne Mawu aɖe li la, ke nukatae fukpekpe kple madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe xexeame ɖoa?’ [Na wòaɖo eŋu.] Àdi be mafia wò nusi Biblia gblɔ le nya sia ŋua?” Xlẽ Yeremya 10:23. Ne èxlẽe vɔ la, bia eƒe nukpɔsusu ku ɖe mawunyakpukpuia ŋu. Emegbe nàtsɔ agbalẽ gbadza si nye Will There Ever Be a World Without War? ƒe axa 16 kple 17 afiae. Alo àte ŋu azã Creator-gbalẽa ƒe ta 10 lia ɖe eteƒe. Tsɔ agbalẽa nɛ wòaxlẽ nyatia.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 50-1 hena aɖaŋuɖoɖo bubuwo.

9 Ele eme be menye mawudzimaxɔselawo katãe axɔ nyateƒea o. Gake wo dometɔ geɖe li siwo alɔ̃ faa be yewoada nukpɔsusu bubuwo akpɔ. Zã nuŋububu kple nyaƒoɖeamenu, eye ƒo wo katã ta la, zã ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la ŋu nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu woadze si nyateƒea.—Dɔw. 28:23, 24; Heb. 4:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe