INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/13 axa 4-6
  • Nuteƒekpɔkpɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tsɔ True Peace Ƒe Agbalẽa Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Míana Agbalẽ Gbadza Yeye Aɖe!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 12/13 axa 4-6

Nuteƒekpɔkpɔwo

◼ Australia: John, si nye agbalẽnyalagã aɖe la, dea sɔleme le eƒe ɖevime, gake etsi va zu “mawudzimaxɔsela sesẽ aɖe.” Mɔɖela aɖe tsɔ agbalẽ gbadza si nye Was Life Created? nɛ, eye esi wògatrɔ yi egbɔ la, etsɔ Origin of Life hã nɛ. Eyome mɔɖelaa tsɔa magazine yeyewo yina nɛ eye wòhea eƒe susu yia nyati siwo ku ɖe nuwɔwɔwo alo Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu dzi be yeatsɔ atu eƒe ɖetsɔlemea ɖo. Emegbe esi mɔɖelaa kpɔe be John va le ɖe tsɔm le nyaa me vivivi la, etsɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? nɛ. Esi John xlẽ agbalẽ ma vɔ la, eva ɖɔ eɖokui be yenye “Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela sue.” Ema yome mɔɖelaa tsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa na John eye wòhe eƒe susu yi axa 20, memama 8 kple axa 23-24, memama 13-16 dzi. Mawunyakpukpui siwo John xlẽ le teƒe mawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wògblɔ be, “Ewɔ nam be ele be magana mɔnukpɔkpɔ Biblia ake ne makpɔe ɖa be aɖe vi nam azɔ hã.”

◼ Mexico: Ŋutsu aɖe gblɔ na gbeƒãɖela aɖe be yemexɔe se be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia la o. Gbeƒãɖelaa gblɔ nɛ be ne elɔ̃ la, yewoadzro nya sia ŋuti kpeɖodziwo me. Le numedzodzro aɖewo megbe la, nu siwo srɔ̃m ŋutsua le tso Biblia me va nɔ dɔ wɔm ɖe eƒe dzi dzi. Vevietɔ nu siwo wòsrɔ̃ tso Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo ŋu. Egblɔ na gbeƒãɖelaa be: “Gbã la, ne nye kple wò míele Biblia me nyawo xlẽm ɖekae la, enɔna nam ko abe aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽ bubuwo me ene, eye mewɔa dɔ aɖeke ɖe dzinye o. Gake fifia ne míele exlẽm la, mekpɔnɛ be etɔa dzi nam dea etome ke, vevietɔ eƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu.”

◼ United States: Esi atsu kple asi aɖe nɔ gome kpɔm le dugã me dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛa me la, nyɔnu aɖe si tso Taiwan te ɖe woƒe kplɔ̃a ŋu. Nyɔnu sia xɔ Mawu dzi se gake ewɔna nɛ be Europa kple Amerika tɔwoe woŋlɔ Biblia na. Susu si ta wòte ɖe kplɔ̃a ŋue nye be, togbɔ be nuwo de edzi le agbe me hã, mɔkpɔkpɔ bu ɖee. Eya ta enɔ mɔ kpɔm be Biblia akpe ɖe ye ŋu be taɖodzinu vavã nanɔ yeƒe agbe ŋu. Atsu kple asia zã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa tsɔ dze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii, eye wozãa agbalẽ gbadza si nye Lasting Peace and Happiness—How to Find Them hã. Esi woɖo Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta 2 lia la, wosrɔ̃ agbalẽ gbadza la ƒe akpa si nye “Mɔfiagbalẽ Si Nye Yayra Na Ameƒomea Katã” boŋ ɖe eteƒe. Esi wodzro memama ade gbãtɔawo me vɔ la, nyɔnua gblɔ be ewɔ nuku na ye ŋutɔ be Biblia to vovo tso subɔsubɔgbalẽ bubu ɖe sia ɖe gbɔ. Esi wodzro ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va emee me vɔ la, nyɔnua gblɔ be: “Mekpɔe be agbalẽ bubu aɖeke megali si me nyawo de pɛpɛpɛ abe Biblia ene o!”

◼ Japan: Togbɔ be aƒemenɔla aɖe gblɔ na nɔviŋutsu aɖe be yemexɔ Mawu dzi se o hã la, nɔviŋutsua yia egbɔ kokoko ɖaɖoa dze kplii kpuie tso Nyɔ! ƒe nyati siwo nye “Ðe Wowɔea?” ŋu. Vivivi la, ŋutsua trɔ susu eye wòlɔ̃ ɖe edzi be ɖewohĩ Wɔla aɖe li. Fifia ŋutsua xɔe se be Mawu li, eye gbeƒãɖelaa le Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! gbalẽ gbadza la srɔ̃m kplii.

◼ Canada: Esi nyɔnu aɖe do le eƒe aƒe me be yeage ɖe yeƒe ʋu me la, nɔvinyɔnu aɖe te ɖe eŋu tsɔ míaƒe magazine yeye aɖe nɛ. Emegbe esi nɔvinyɔnua gatrɔ va nyɔnua gbɔ la, egblɔ kã be mawusubɔsubɔnyawo medzɔa dzi na ye o, eye yemexɔ Mawu dzi se hã o. Nɔvinyɔnua mena ta o, ke boŋ eɖoe be yeatsɔ agbalẽ gbadza si nye Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe ayi nɛ. Nɔvinyɔnua gblɔ nɛ be togbɔ be yenya be mexɔ Mawu dzi se o hã la, yenɔ eŋu bum vevie le esi yekpɔ be dzilaɖekɛ wònye ta. Eʋu agbalẽ gbadza la ƒe axa 4 lia, memama 6, fia nyɔnua; afi ma ƒo nu tso afi si míakpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le ŋu. Eyome ede dzi ƒo na nyɔnua be wòaxlẽ aɖaŋu siwo woɖo ku ɖe vihehe ŋu le nusɔsrɔ̃ 2 lia me. Nyɔnua xɔ agbalẽa kple dzidzɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe