Alesi Míatu Nyameɖeɖeŋutete Ðoe
1 Nyagbɔgblɔ “nyameɖeɖe” ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye “nuƒoƒo na ame bubu be woatsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔna alo nukpɔsusuwo dzii.” Be nàbi ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me la, ehiã be nàtu alesi nèɖea nya me na amesiwo nèdoa goe la ɖo nyuie. (Dɔw. 17:2-4) Gake aleke nàwɔ hafi aɖaŋu sia nasu asiwò?
2 Edzea Egɔme Kple Ŋugbledede: Ne èle Biblia me nyateƒea srɔ̃m la, àkpɔe be akpe ɖe ye ŋu ne yede ŋugble tso nyatia ŋu. Ne nyatia ƒe akpa aɖe gɔmesese sesẽ na wò la, gbɔ dzi ɖi nàwɔ numekuku eye nàde ŋugble tso ŋuɖoɖoawo ŋu. Menye numeɖeɖe si wona ko gɔme nàdze agbagba be yease nyuie o, ke boŋ se Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si dzi numeɖeɖeawo nɔ te ɖo hã me.
3 Ebia Dzadzraɖo Ðe Subɔsubɔdɔa Ŋu: De ŋugble tso mɔ siwo dzi nàto aƒo nu tso nyateƒea ŋu na ame vovovowoe ŋu. Trɔ asi le nyabiabia siwo na amewo bua tame ŋu. Bu alesi nàtsiã Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe ɖe enu ahadzro emee ŋu. Bu nya siwo amewo ate ŋu abia ŋu eye nàde ŋugble le mɔ siwo dzi nàto adzro wo mee ŋu. Fia asi agbalẽ si nam nèle me nya si ƒo nu tso biabiaa ŋu nyuie wu.
4 Srɔ̃ Yesu ƒe Kpɔɖeŋu: Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le Ŋɔŋlɔawo zazã atsɔ aɖe nya me nyuie me. De ŋugble le nuŋlɔɖi si le Luka 10:25-37 ŋu nàtsɔ adzro alesi wòfia nui me. De dzesi ewɔwɔ ƒe mɔnu sia: (1) He susu yi Ŋɔŋlɔawo dzi ne èle amewo ƒe nyabiabia ŋu ɖom na wo. (2) Kpe wo be woagblɔ woƒe susuwo, eye kafu wo ne wona ŋuɖoɖo si me susu le. (3) Kpɔ egbɔ be alesi Ŋɔŋlɔawo ku ɖe nyabiasea ŋui la dze ƒã. (4) Zã kpɔɖeŋu lédziname aɖe nàtsɔ ana be amea nase ŋuɖoɖoa gɔme nyuie.—Kpɔ March 1, 1986, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 27-8, memama 8-10.
5 Zã Dɔwɔnu si Wona Mí: Wota Reasoning From the Scriptures be wòanye mɔfiagbalẽ si akpe ɖe mía ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Eƒe ŋgɔdonyawo, alesi míaɖo dzeɖoɖonutsinyawo ŋu, kple nyameɖenyawo kpena ɖe mía ŋu be míatu nyameɖeɖe ƒe ŋutete ɖo. Reasoning-gbalẽa (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii) nye dɔwɔnu vevi si wòle be wòanɔ mía ŋu ɣesiaɣi le subɔsubɔdɔa me eye mele be míahe ɖe megbe le ezazã me ne míele gome kpɔm le Biblia me numedzodzrowo me o. Dzro Reasoning-gbalẽa ƒe axa 7-8 me nàkpɔ alesi nàzãe be nàkpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso eme.
6 Ne èdzi wò nyameɖeɖeŋutete ɖe edzi la, awɔe be wò gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa ƒe aɖaŋu nanyo ɖe edzi wu. Esia ahe yayra gbogbowo vɛ na mia kple amesiwo nèdoa goe le subɔsubɔdɔa me.