Èle Reasoning Gbalẽa Zãma?
1. Aleke apostolo Paulo kple Yesu fia nu amewo?
1 Apostolo Paulo dzea agbagba be ‘yeadzro Ŋɔŋlɔawo me’ kple amewo. (Dɔw. 17:2, 3; 18:19) To esia wɔwɔ me la, esrɔ̃a Yesu, ame si yɔa nyawo tso Ŋɔŋlɔawo me enuenu hezãa kpɔɖeŋuwo tsɔ kpena ɖe eƒe nyaselawo ŋu wosea Mawu ƒe lɔlɔ̃nu gɔme. (Mat. 12:1-12) Wotrɔ asi le agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures la ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu be míawo hã míawɔe nenema.
2. Aleke míate ŋu azã Reasoning gbalẽa atsɔ adzra ŋgɔdonya nyuiwo ɖoe?
2 Ŋgɔdonya Nyuiwo Dzadzraɖo: Ŋgɔdonya siwo nyɔa ɖetsɔleme geɖe le Reasoning From the Scriptures gbalẽa ƒe axa 9-15 (Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 2-7). Ne èsrɔ̃a ŋgɔdonya vovovowo hezãa wo le gbeadzi la, wò ɖaseɖinyawo manye nya ɖeka mawo ko gbɔgblɔ o, eye wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu bɔbɔe ahakpɔ dzidzedze le dzeɖoɖo gɔme dzedze kple amewo me, vevietɔ ne èkpea wò anyigbamamaa ɖo edziedzi. Àte ŋu axlẽ ŋgɔdonyawo tẽe tso agbalẽa me ne èle ɖase ɖim le telefon dzi alo èle nu ƒom na ame aɖe to agbonunuƒomɔ dzi le aƒe siwo ŋu wodzɔna vevie me.
3. Nyatakaka kawoe dze le Reasoning gbalẽa ƒe axa 16-24 si akpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?
3 Ale Si Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖonyanutsinyawo Ŋui: Ðe manyo ŋutɔ be nàbu dzeɖonyanutsinya siwo nàte ŋu ado goe le wò anyigbamamaa me la ŋu do ŋgɔ, eye nàzã miniti ʋɛ aɖewo atsɔ adzro Reasoning gbalẽa ƒe axa 16-21 (Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 8-12) me be nànya ale si nàte ŋu aɖo wo ŋui hafi ayi gbeadzi oa? Ðe aƒemenɔlawo dometɔ aɖewo anye Buddhatɔwo, Hindutɔwo, Yudatɔwo, alo Moslemtɔwoa? Ne nenemae la, ke nya siwo dze le axa 21-24 (Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 13-16) la akpe ɖe ŋuwò.
4. Aleke míate ŋu azã Reasoning gbalẽa ne wobia nya aɖe mí alo nya aɖe si ŋu amewo lɔ̃a nyahehe le la fɔ ɖe te?
4 Nyabiasewo Ŋu Ðoɖo: Reasoning gbalẽa agate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne wobia nya aɖe mí alo nya aɖe si ŋu amewo lɔ̃a nyahehe le la fɔ ɖe te. Àte ŋu agblɔ na amea ko be yedi be yeatsɔ nu dodzidzɔname aɖe si ku ɖe nyati ma ŋu la afiae, eye nàhe wò Reasoning gbalẽa ɖe go. Esi wònye be woɖo nyatiawo ɖe ŋɔŋlɔdzesi ƒe ɖoɖo nu ta la, ʋu tanya si me nèsusu be yeakpɔ nya ma ƒe ŋuɖoɖo le la. Emegbe da ŋku ɖe eme kabakaba eye nàlé ŋku ɖe nyabiase siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la ŋu. Ne mèkpɔ nya si dim nèle la kaba o la, trɔ ɖe megbenyawo ŋu. Ne ènya ke ɖe nya si tututu dim nèle ŋu ko la, xlẽe tso agbalẽa me tẽe. Ne mawunyakpukpui aɖe koŋ me dzrom miele la, ɖewohĩ àkpɔ nya si nèdi la le axa 445 le tanya si nye “Scriptures Often Misapplied” te.
5. Mɔ bubu siwo nu woate ŋu azã Reasoning gbalẽa le wòaɖe vi la dometɔ aɖewo ɖe?
5 Mɔ Bubu Siwo Nu Nàgate Ŋu Azãe Le: Ame aɖewo tsɔa Reasoning gbalẽa ɖe asi yia dɔ me alo suku ale be wòakpe ɖe wo ŋu woaɖo nyabiasewo abe, ‘Nu ka tae mieɖua ŋkeke nyuiwo o?’ ene ŋu. Sɔhɛwo kpɔe be tanya siwo nye “Creation” kple “Evolution” kpe ɖe yewo ŋu le sukudɔdeasiwo wɔwɔ me. Èɖoe be yeayi aɖasrã ame aɖe si dze dɔ alo ame aɖe si ƒe ame vevi aɖe ku la kpɔa? Nya siwo le tanya si nye “Encouragement” te ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna akɔfafa si tso Ŋɔŋlɔawo me la amea. Nyatakaka siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le dɔdeasiwo dzadzraɖo kple esiwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo kpɔa kpekpe hena gbeadziyiyi dzi hã le Reasoning gbalẽa me.
6. Nu kae nyea míaƒe taɖodzinu ne míele gbeƒã ɖem?
6 Ne míele gbeƒã ɖem la, menye míaƒe taɖodzinue nye be míaɖu amewo dzi le nyahehe me o; eye menye míaƒe taɖodzinu hã be míaɖe nyawo agblɔ na wo ko o. Míaƒe taɖodzinue nye be míade ŋugble kple amewo tso Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋutɔe. Ne míeyi edzi wɔ Reasoning gbalẽa ŋu dɔ nyuie la, míaɖee afia be míeléa ŋku ɖe míaƒe nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi.—1 Tim. 4:16.