INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/00 axa 8
  • Daniel ƒe Nyagblɔɖi la Sɔsrɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Daniel ƒe Nyagblɔɖi la Sɔsrɔ̃
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ƒe Agbalẽa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Mawu Ƒe Dɔla Va Do Ŋusẽe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 3/00 axa 8

Daniel ƒe Nyagblɔɖi la Sɔsrɔ̃

1 Míadze agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! sɔsrɔ̃ gɔme tso April 17 ƒe kwasiɖaa me le míaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Ame geɖewo xlẽ agbalẽ lédziname sia xoxo, gake mɔnukpɔkpɔ su mía si fifia be míakpɔ viɖe siwo dona tsoa eme ne wodzro eme le ƒuƒoƒo me. Wole gbeƒãɖelawo, ɖetsɔlemetɔwo, kple ɖeviwo katã kpem, ẽ, wole dzi dem ƒo na wo be woakpɔ gome le Daniel ƒe agbalẽ si me woaku tsitotsito la me kwasiɖa sia kwasiɖa.—Mose V, 31:12, 13.

2 Nusɔsrɔ̃ Ŋuti Ðoɖowɔɖi Kple Mɔfiamewo: Daniel ƒe Nyagblɔɖi ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi bliboa katã dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata sia me. Kpɔ egbɔ be ɖeka nanɔ agbalẽ si nàzã le nusɔsrɔ̃a me la me. Ðoɖowɔɖia fia ta kple memama siwo le agbalẽa me kpakple mawunyakpukpui siwo me woadzro le Daniel ƒe agbalẽa me le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nusɔsrɔ̃a me. Etenuŋɔŋlɔwo ɖe alesi woadzro agbalẽa ƒe akpa aɖewo mee kple ɣeyiɣi si me woadzro wo me la me. Le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe nusɔsrɔ̃ ƒe nuwuwu la, wode dzi ƒo na nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla be wòadzro Daniel ƒe agbalẽa me mawunyakpukpui tɔxɛ siwo woyɔ na kwasiɖa ma ƒe nusɔsrɔ̃a le ɖoɖowɔɖia me kple ƒuƒoƒoa. Ne ɣeyiɣi ɖe mɔ la, woaxlẽ mawunyakpukpuiawo ahaƒo nu tso wo ŋu. Mawunyakpukpui aɖewo ade nu kwasiɖa si kplɔe ɖo ƒe nusɔsrɔ̃ me, le esi woazãe atsɔ aɖe nya siwo kplɔe ɖo me ta.

3 Dzra Ðo Ðe Nusɔsrɔ̃ Deto Ŋu: Wodze agbagba wɔ ɖoɖo be woakpɔ ɣeyiɣi geɖe le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe nusɔsrɔ̃a me be woaɖe dzi ɖi adzro nusɔsrɔ̃nyatia me tsitotsito. Wona nusɔsrɔ̃ ene le kpuie ŋutɔ. Eyata le June 5, kwasiɖaa ƒe nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu la, nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla ate ŋu adzro Daniel 2:1-40 me nyawo me akpee. Le June 26, ƒe kwasiɖaa me la, ate ŋu adzro Daniel 3:1-30 me. Le September 4, ƒe kwasiɖaa me la, nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla nadzro nɔnɔmetatawo kple mawunyakpukpui siwo le axa 139 me tsitotsito akpee. Le October 2, ƒe kwasiɖaa me la, woadzro nyaɖoɖo siwo le axa 188 kple 189 me.

4 Dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie kwasiɖa ɖesiaɖe eye nàse vivi na gomekpɔkpɔ le eme. Kpɔ ŋudzedze ɖe hadede kple Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna ƒe mɔnukpɔkpɔa kple viɖekpɔkpɔ tso numekɔkɔ kple gɔmesese si eƒe amesiamina nuteƒewɔlawo naa mí la ŋu. (Dan. 12:3, 4) De dzi ƒo na ame bubuwo be woade agbalẽ me nusrɔ̃ƒea ɣesiaɣi. Neva eme be mí katã míaɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖinya si woɖe fia le Daniel ƒe agbalẽ wɔdɔɖeamedzia me.—Heb. 10:23-25; Pet. II, 1:19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe