Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ƒe Agbalẽa
Adzɔ dzi na wò be nànya be tso kwasiɖa si adze egɔme tso October 6, 1997 dzi la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Ame aɖeke madi be Ŋɔŋlɔawo me mɔfianu nyui si ana dzidzɔ nanɔ ƒomegbenɔnɔ me la sɔsrɔ̃ le ƒuƒoƒo me nato ye ŋu o. Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖia ana míadzro memamã kple Biblia kpukpui ɖesiaɖe si le agbalẽa me la me tsitotsito.
Míasrɔ̃ ta gbãtɔa katã le nusɔsrɔ̃ ƒe kwasiɖa gbãtɔa me, le esi mawunyakpukpui siwo me nyawo womeyɔ o la mesɔ gbɔ le eme o ta. Míasrɔ̃ ta 15 lia hã le nusrɔ̃ɣi ɖeka me le susu ma ke ta. Gake míamã ta bubuwo katã ɖe akpa eve me, eye míasrɔ̃ abe ta ɖeka ƒe afã ene le kwasiɖa ɖeka me. Awɔe be ɣeyiɣi nanɔ anyi bene míaxlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeyɔ o la katã eye míadzro wo me eye be míadzro alesi míatsɔ mawunyakpukpui siwo me nyawo woyɔ le memamã ɖesiaɖe me la katã awɔ dɔe me nyui.
Nusɔsrɔ̃a ƒe akpa vevi aɖee nye be míadzro nya siwo le nufiameɖaka me le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Eyata ele be woakpɔ ɣeyiɣi ɖe nyabiasewo kple mawunyakpukpui siwo le aɖakaa me la me dzodzro ŋu.
Míele dzi dem ƒo na Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo be woalé fɔ ɖe dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu etɔxɛe eye woade dzi ƒo na amesiwo le woƒe ƒuƒoƒoa me, hekpe ɖe ame yeyewo ŋu be woadzra ɖo nyuie, ava nusrɔ̃ƒe ɣesiaɣi, eye woakpɔ gome le eme.—om 74-6.