INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/00 axa 1
  • Ðe Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe Gbɔgbɔ le Mewòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe Gbɔgbɔ le Mewòa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tu Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nukatae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Vɔsasa Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nɔ Yesu Yome Ðaa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 4/00 axa 1

Ðe Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe Gbɔgbɔ le Mewòa?

1 Ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Yesu Kristo wɔ na ameƒomea ɖokuitɔmadimaditɔe ŋu naʋã mí be míatsɔ míaƒe ŋutete, ŋusẽ kple ameti bliboa katã asa vɔe. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu be: ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo wɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye subɔsubɔ kɔkɔe.’ (Rom. 12:1) Ðokuimedzodzro edziedzi akpe ɖe ŋuwò be nànya ne èle gbɔgbɔ ma ƒomevi ɖem fia bliboe le alesi wò nɔnɔmewo ɖe mɔe nu.

2 Le Biblia me Sidzedze Sɔsrɔ̃ Me: Èɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisi Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ edziedzia? Èzɔna ɖe ɖoɖowɔɖia dzia? Enye numame na wò be nàdzra ɖo nyuie ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋua? Ne ƒome ƒe tae nènye la, ɖe nèwɔa ƒome Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wò ƒomea edziedzia? Nusiawo wɔwɔ abia be nàtsɔ ɣeyiɣi si nèzãna ɖe television kpɔkpɔ alo kɔmpiuta ŋu alo ɖe nuwɔna bubuwo ŋu asa vɔe. Gake emawo katã nye vɔsa sue aɖe ko, elabena ènyae be ɣeyiɣi si nàzã ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu akplɔ wò ayi agbe mavɔ mee!—Yoh. 17:3.

3 Le Hehe Nana Viwòwo Me: Ðevimenɔɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si wòle be woadze ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ sɔsrɔ̃ gɔme. Fia viwòwo be togbɔ be fefeɣi li hã la, ele be dɔwɔwɔ kple teokrasidɔwo wɔɣi hã nanɔ anyi. (Ef. 6:4) De dɔ ɖɔʋuwo asi na wo woawɔ le aƒea me. Wɔ ɖoɖo be nàyi gbeadzi kpli wo edziedzi. Ðo kpɔɖeŋu nyui nàtsɔ ado ŋusẽ wò nufiafiawoe.

4 Le Hamea ƒe Dɔwɔnawo Me: Ŋusẽ ɖoa hamea ŋu ne amesiame si le eme le lɔlɔ̃m faa be yeatsɔ ye ɖokui asa vɔe be wòaɖe vi na amesiame. (Heb. 13:16) Ðe wòanya wɔ be nàzã ɣeyiɣi geɖe wu le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa mea? Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana be yeakpe ɖe dɔnɔwo alo ame tsitsiwo ŋu, ɖewohĩ le ʋuɖoɖo ayi kpekpeawo mea?

5 Hafi Yesu natsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe asa vɔ si ƒo ɖesiaɖe ta la, exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woƒe ŋku nanɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu, eye nu bubu ɖesiaɖe naxɔ nɔƒe evelia le woƒe agbe me. (Mat. 6:33) Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ sia ɖeɖefia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu esi míeyi edzi tsɔ aseyetsotso le Yehowa subɔmee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe