April—Enye Ɣeyiɣi si Me Míado Vevie Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ!
1 Ne ahom sesẽ aɖe le tutum ɖo ta teƒe si amewo le sɔgbɔ la, ehiãna be woaxlɔ̃ nu amewo tso afɔkua ŋu kpata. Zi alesi ahom sesẽa le tetem ɖe teƒea ŋu la, zi nenemae nuxlɔ̃amea nu gasẽna ɖe edzii. Nukatae? Elabena amewo ƒe agbe ɖo afɔku me! Ðewohĩ ame aɖewo mese nuxlɔ̃ame siwo wona do ŋgɔ o. Ame bubuwo anya see gake wodo tokui hegbe afɔɖeɖe. Nenemae wòle le Mawu ƒe nuxlɔ̃ame si wode mía si be míaɖe gbeƒãe hafi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dziku ƒe “ahomya” naƒo aɖe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa sia akpa ɖa ɖikaa la gome. (Lod. 10:25) Ame biliɔn geɖe ƒe agbe mavɔ nɔnɔ ɖo afɔku me! Ele be woaɖe gbeƒã nuxlɔ̃amenya sia. Ele be “[míado] vevie le dɔ nyui wɔwɔ me.”—Tito 2:11-14.
2 Ƒe bla nanewoe nye esia si wodea dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be woana Ŋkuɖodzia ɖuɣi nanye ɣeyiɣi si woado vevie nu etɔxɛe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Le ƒe 1939 ƒe gɔmedzedze la, Informant, si nye alesi woyɔa Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa tsãe, gblɔ dzideƒonamenya siawo be: “Esi adame le aƒe tum, eye yame ƒe nɔnɔmewo ade ame dzi ta la, míakpɔ mɔ be gaƒoƒo si [hamea me] gbeƒãɖelawo kpɔna adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, eye mɔɖelawo ƒe gaƒoƒo hã adzi ɖe edzi ale gbegbe. Kwasiɖagbe atɔ̃e le April me. Memleɖagbe atɔ̃ hãe le eme. Na Memleɖa kple Kwasiɖa siwo le April me . . . nanye ɖaseɖiɣi tɔxɛ na wò.” Emae nye taɖodzinu si nye gbetɔame si woɖo na nɔviawo ƒe 60 enye esi va yi! Kwasiɖanuwuwu atɔ̃ bliboe le April me le ƒe sia me abe ƒe 1939 ke ene. Ðoɖo kawoe nèwɔ ɖe dzinu sia ŋu? Nukawoe nède dzesii ɖe wò ɣletigbalẽa dzi na April 2000? Wɔ ɖoɖo bene mia kple Yehowa ƒe amewo miakpɔ gome alesi dze le dɔ nyuiwo wɔwɔ me le dzinu tɔxɛ sia si me woadzi gbɔgbɔmedɔwɔnawo ɖe edzi le la me.
3 Nusi Míekpɔ Mɔ be Míawɔ: Ŋkeke vevitɔ kekeake le ƒe 2000 me dze dzinu sia me. Ŋkeke siae nye April 19, si nye Yesu ƒe ku ƒe ƒezã. Mina míadze agbagba etɔxɛe be míakpe ame geɖe alesi míate ŋui va Ŋkuɖodzia ɖuƒee. Abe alesi woɖo aɖaŋu le dzinu si va yi me ene la, ŋlɔ amesiwo katã nèbu be woate ŋu ade Ŋkuɖodzia ƒe ŋkɔ eye nàkpɔ egbɔ be yeɖo ŋku wo dometɔ ɖesiaɖe dzi. Amesiwo nàkpe ate ŋu anye gbeƒãɖela siwo megadea gbeadzi o, wò Biblia-nusrɔ̃viwo, amesiwo gbɔ nètrɔ yi, amesiwo srɔ̃ nu kpɔ, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, aƒelikawo, ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo. Ðe amesiwo di be yewoayi la wɔ ɖoɖo nyui siwo awɔe be woaɖo afima ɖe game dzia? Ne womate ŋui o la, ɖe nàte ŋu ado alɔ wo lɔlɔ̃tɔea? Mɔnukpɔkpɔ asu mía dometɔ ɖesiaɖe si le Ŋkuɖodzia ƒe fiẽ ma be teƒea vava nado dzidzɔ na vavalawo. Le Ŋkuɖodzia megbe la, míate ŋu atrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ siawo gbɔ ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo akpee.
4 ‘Veviedodo dɔ nyui wɔwɔ’ do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia kple emegbe nye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo wòwɔ na mí ŋu vavã. Esi yame ƒe nɔnɔme ade ame dzi le teƒe akpa gãtɔ ta la, awɔe be mía dometɔ geɖe ate ŋu adzi míaƒe dɔwɔna ɖe edzi le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Ne kpekpeɖeŋu mɔɖelae nènye la, àdi be yeawɔ nusianu si yeate ŋui azã gaƒoƒo 50 alo esi wu nenema le gbeadzi. (Mat. 5:37) Zɔ ɖe ɖoɖo si nèwɔ le dzinua ƒe gɔmedzedze dzi. (Nyagb. 3:1; Kor. I, 14:40) Neva eme be mí ame mamlɛawo míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ ado alɔ mɔɖelawo, to dzi dede ƒo na wo me kple dɔwɔwɔ kpli wo ɖekae le gbeadzi. (Tsɔe sɔ kple Fiawo II, 10:15, 16.) Ne míeƒã nu veviedodotɔe le April me la, míate ŋu akpɔ mɔ na dzidzɔ manyagblɔ kple yayra geɖe tso Yehowa gbɔ. (Mal. 3:10) Ðewohĩ esia anye mɔ nyui si dzi nàto awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa tsiã ɖe enu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã. Neva eme be gbɔgbɔ me dzonɔameme si míetu ɖo le April me nakpɔtɔ anɔ mía me míatsɔ age ɖe dzinu siwo gbɔna me, esi míekpɔtɔ nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo dea gbeadzi edziedzi.
5 Ðikekemanɔmee la, Yehowa subɔla akpe geɖe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔwɔ gɔme le dzinu sia me. Ðe nèdi be yeadze ɖeka gɔmea? Do gbe ɖa nàbia be yedi be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme, eye wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple wò gbedodoɖa la. Ðikeke mele eme o be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe wò biabia ɖokuibɔbɔtɔe be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe dzianukwaretɔ aɖe ŋu afia nui la ŋu.—Yoh. I, 3:22.
6 Dzeɖoɖomɔnu aɖe si amewo zã wòtse ku geɖe le gbeadzi enye esi gbɔna. Bia tsɔ dze egɔmee be: “Èbu be ŋutasesẽnuwɔna siwo le edzi yim le sukuwo me tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔna gbɔ loo alo dzilawo ƒe vi mahemahe nyuie gbɔe wòtsoa?” Na wòaɖo eŋu. Ne amea gblɔ be etso “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔna” gbɔ la, xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9, 12 nɛ, eye nàƒo nu tso akpa si wɔm Abosam le tsɔ le tɔtɔ dem xexeame ŋu nɛ. Emegbe nàʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 4 lia, eye nàbia amea be ede ŋugble le afisi Abosam tso ŋu kpɔ hã. Yi edzi nàxlẽ memama eve gbãtɔawo eye nàdzro wo me kplii. Ne amea gblɔ be “dzilawo ƒe vi mahemahe nyuie” gbɔe wòtso be ŋutasẽnuwɔna siawo katã le edzi yim le sukuwo me la, xlẽ Timoteo II, 3:1-3 nɛ eye nàtɔ asi nɔnɔme siwo dze ƒã be woawo gbɔe kuxi sia tso dzi nɛ. Emegbe ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 8 lia nàxlẽ memama 5 lia nɛ eye nàyi numedzodzroa dzi. Ne àte ŋu awɔ ɖoɖo atrɔ ayi la, ke Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi kple amea ƒe mɔ dzi enye ema nèdze. Ne ègava srãe kpɔ emegbe la, biae be enya ame aɖe si adi be yeasrɔ̃ nusi srɔ̃m wòle hã.
7 Mɔ bubu si dzi nàto ‘ado vevie dɔ nyui wɔwɔ’ le April me enye gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe mɔnu vovovoawo me. Ðe nèle tame bum tso ɖaseɖiɖi le tsaɖibɔ me alo ʋutɔɖoƒe ŋua? Le ʋu alo keteke ɖoƒe ŋua? Alo àdi be yeate ɖaseɖiɖi le telefon dzi, ablɔ dzi, alo le dɔwɔƒewo kpɔa? Nukata màtsɔ ɖoɖo siawo ade dɔwɔna me le dzinu sia me o? Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàlé dzi ɖe ƒo alesi hiã. (Dɔw. 4:31; Tes. I, 2:2b) Ðewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo awɔ dɔ kple mɔɖela alo gbeƒãɖela si bi ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa siawo wɔwɔ me.
8 Amesiame si di be yeawɔ geɖe wu le ɖaseɖiɖidɔa me adi be yeakpɔ gome le vomeɖaseɖiɖi me. Zi geɖe la, nusi wòbia koe nye be nàdze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Wò ya do nya aɖe si ka mi katã ɖa, ɖewohĩ àte ŋu azã mɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe le memama 6 lia me. Dze agbagba nàwɔ ɣeyiɣi suetɔ kekeake si ɖewohĩ edome ate ŋu agblẽ dzodzro la ŋudɔ. Míetsɔa gaku suewo ƒua gbe kple susu be womeɖi nu boo o ta o. Nukata màwɔ aɖabaƒoƒo atɔ̃, ewo, alo wuiatɔ̃ ŋudɔ nyuie atsɔ aɖi vomeɖase o?
9 Ŋugbledeɣi: De ŋugble le nufiame ʋãme siwo wona wòdze ƒã le drama si wowɔ le “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpea me le ƒe si va yi me ŋu kpɔ. Dramaa, si ƒe tanyae nye Asixɔxɔ Dede Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu la Ŋu, wɔe be míede ŋugblẽ vevie le vovototo si nɔ Yakob kple Esau dome ŋu. Esau gblɔ be ɖetsɔleme si le Yakob me ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu kee le ye hã me, gake Esau ƒe agbenɔnɔ meɖe esia fia o. (Mose I, 25:29-34) Nuxlɔ̃ame sẽŋu ka gbegbee nye si wònye na mí! Abe Yakob ene la, mina míanɔ klalo be míaʋli, ate kame gɔ̃ hã be míaxɔ Yehowa ƒe yayrawo. (Mose I, 32:24-29) Nukata míazã April kple ɣleti siwo akplɔe ɖo atsɔ agbɔ agbe míaƒe dzonɔameme, eye míagabu míaƒe gbɔgbɔmedomenyinu wɔnukua nu tsɛe gbeɖe o?
10 “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” (Zef. 1:14) Ele be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia. Amewo ƒe agbe ɖo afɔku me! Neva eme be dzinu sia nanye esi woyra etɔxɛe na Yehowa ƒe amewo esi míetsɔ ɖekawɔwɔ le eɖem fia be míenye amesiwo ‘doa vevie dɔ nyui wɔwɔ.’
[Aɖaka si le axa 4]
Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Kuɖa, April 19 lia dzie Ŋkuɖodzia ɖuɖu dze le ƒe sia me. Hamemegãwo nalé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu:
◼ Ne miele game ɖom na kpekpea la, mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.
◼ Ele be woana amesiame, kpakple nuƒola, nanya gamea kple afisi tututu wɔna la ayi edzi le.
◼ Ele be miakpɔ egbɔ be abolo kple wein siwo tɔgbe woazã la sɔ gbe. Migazã wein si tsi anyi tso ƒe si va yi me o.—Kpɔ February 15, 1985, Gbetakpɔxɔ, axa 27 (Eŋlisigbe me tɔ, February 15, 1985, axa 19).
◼ Ele be woatsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kplɔ̃ kple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ la ava akpata la me eye woaɖo wo wo nɔƒe do ŋgɔ.
◼ Ele be woadzra Fiaɖuƒe Akpata la me alo teƒe si woakpe ta le ɖo nyuie do ŋgɔ.
◼ Ele be miatia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsae eye miana mɔfiame wo le mɔ nyui si nu woawɔ nuwo ɖo kple woƒe dɔwo ŋu do ŋgɔ.
◼ Ele be miawɔ ɖoɖo atsɔ nuawo ayii na amesiamina siwo ƒe lãme gblẽ eye womete ŋu va o la hã.
◼ Ne wowɔ ɖoɖo be hame siwo wu ɖeka nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ele be kadodo nyui nanɔ hameawo dome bene amewo nagava ƒo ƒu ɖe agbalinu, mɔ me, ametoƒewo, kple ʋutɔɖoƒewo o.