Nyabiaɖaka
◼ Amekawoe wòle be woana nutome gã takpekpe ƒe akɔtagbalẽvii?
Takpekpe gã ƒe akɔtagbalẽvia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade dzesi mía nɔviwo eye míetsɔnɛ doa boblo takpekpeae. Gake mele be woama wo na amesiame ko o. Eɖea amesi kplae fiana be enye amesi si tenɔnɔ nyui le le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo dometɔ ɖeka me.
Wowɔ nɔƒe si woaŋlɔ amea ƒe ŋkɔ kple hame si me wòtso ɖe akɔtagbalẽvia dzi. Eyata ele be amea nade ha kple hame si ŋkɔ wòŋlɔ la ɣeyiɣi ƒe didime si sɔ. Habɔbɔa aɖo akɔtagbalẽvia ɖe hame ɖesiaɖe. Asɔ be míatsɔ akɔtagbalẽviawo ana amesiwo xɔ nyɔnyrɔ kple gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ɖesiaɖe. Azɔ hã woate ŋu atsɔ ɖeka ana ɖevi kple ame bubu siwo dea hamea ƒe kpekpewo edziedzi eye wole ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me gbɔ. Masɔ be woatsɔ takpekpe ƒe akɔtagbalẽvi ana amesi woɖe le hame o.
Ne akɔtagbalẽviawo va ɖo la, hamemegãwo nakpɔ egbɔ be woma wo le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame siawo.