INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 October axa 8
  • Ðe Nèle JW.ORG Kadodogbalẽviawo Ŋu Dɔ Wɔm Nyuiea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèle JW.ORG Kadodogbalẽviawo Ŋu Dɔ Wɔm Nyuiea?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã JW.ORG Ƒe Gɔmedzeƒea Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ðoɖo Siwo Wowɔ be Woakpe Ðe Mía Ŋu Míatsri Ʋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã JW.ORG
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 October axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèle JW.ORG Kadodogbalẽviawo Ŋu Dɔ Wɔm Nyuiea?

Yehowa Ðasefo aɖe le jw.org kadodogbalẽvia nam ame aɖe

Esi xaxa gã la tu aƒe ta la, gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata. (Lod 24:11, 12, 20) Be míakpe ɖe amewo ŋu la, míate ŋu azã kadodogbalẽviawo atsɔ ahe amewo ƒe susu yi Mawu ƒe Nyaa kple míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi. Dzesi aɖe le agbalẽvia dzi si akplɔ amea ayi video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? gbɔ, eye wogakpe amea be ne egadi nyatakaka bubuwo alo di be woava srɔ̃ Biblia kpli ye la, ate ŋu abia. Ame aɖewo madi be yewoaxɔ míaƒe agbalẽwo o, gake woalɔ̃ be yewoayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Eya ta mègahe ɖe megbe o, tsɔ kadodogbalẽvia ƒe ɖe na wo. Ke hã mègana agbalẽvia ame siwo metsɔ ɖe le nyaa me o.

Ne èle wò gbe sia gbe dɔwo wɔm la, àte ŋu agblɔ na ame aɖe be: “Nane le asinye medi be matsɔ ana wò. Agbalẽvi sia akplɔ wò ayi internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe, eye le afi ma àkpɔ nyatakaka kple video siwo ku ɖe nya vovovowo ŋu la femaxee.” (Yh 4:7) Esi agbalẽviawo melolo o ta la, àte ŋu atsɔ ʋɛ aɖewo ɖe asi si nàte ŋu atsɔ ana amewo ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi.

NA KADODOGBALẼVIA . . . 

  • ne èle vomeɖase ɖim

  • ne èle ɖase ɖim le dɔwɔƒewo kple asitsaƒewo

  • ne ame aɖe ɖo to míaƒe gbedeasia gake medi be yeaxɔ agbalẽ o

Jw.org kadodogbalẽvi si dzi Biblia le ʋuʋu ɖi le
Jw.org kadodogbalẽvi si dzi Yehowa Ðasefo aɖe le mawunyakpukpui xlẽm na ame aɖe le
Jw.org kadodogbalẽvi si dzi Yehowa Ðasefo aɖe le Biblia srɔ̃m kple ƒome aɖe le
Jw.org kadodogbalẽviawo dometɔ ɖeka ƒe megbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe