INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/00 axa 8
  • ‘Woado Wo Akpɔ’—Alekee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Woado Wo Akpɔ’—Alekee?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔsubɔdɔwɔlawo Kpɔa Dɔ Veviwo Gbɔ
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Subɔsubɔdɔwɔlawo Ƒe Dɔa Minyama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nɔviŋutsu Sɔhɛwo, Ðe Miele Agbanɔamedziwo Minyama?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 5/00 axa 8

‘Woado Wo Akpɔ’—Alekee?

1 Dzidziɖedzi si le vavam le Yehowa ƒe habɔbɔa me wɔe be wohiã na nɔviŋutsu siwo dze be woazu subɔsubɔdɔwɔlawo. Enye nɔviŋutsu akpa gãtɔ siwo womekpɔ tia haɖe o, siwo dome ƒewuiviwo hã le, ƒe didi be yewoasubɔ le hamea me. Ne wode dɔ bubu wo si la, wosena le wo ɖokui me be viɖe le yewo ŋu eye wosenɛ le wo ɖokui me be yewote ŋu wɔ nane. Ŋgɔyiyi bubu siwo woagava wɔ nɔ te ɖe wo ‘dodo akpɔ’ dzi. (Tim. I, 3:10) Aleke wowɔa esiae?

2 Hamemegãwo ƒe Wɔƒe: Ŋɔŋlɔawo me dzidzenu siwo le Timoteo I, 3:8-13 tsɔtsɔ adzidze nɔviŋutsu aɖe ƒe akpa aɖee nye be hamemegãwo nado nɔviŋutsu aɖe akpɔ be ate ŋu atsɔ agbanɔamedzi hã. Woate ŋu ade dɔ esi be wòana kpekpeɖeŋu le magazine kple agbalẽwo mama, nuƒomɔ̃wo dzi kpɔkpɔ, Fiaɖuƒe Akpataa ƒe dzadzɛnyenye, kple dɔ bubuwo gbɔ kpɔkpɔ me. Hamemegãwo alé ŋku ɖe alesi wòtsɔ dzo ɖe eƒe dɔdasia ŋu kple alesi wòle ewɔmee ŋu. Woalé ŋku ɖe eŋu be yewoakpɔ nɔnɔme siwo nye kakaɖedzinɔameŋu, gamedzinɔnɔ, veviedodo, ɖokuibɔbɔ, ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ, kple nuwɔwɔ kple ame bubuwo le ŋutifafa me le eŋu hã. (Fil. 2:20) Ðe wònye amesi ɖoa kpɔɖeŋu le awudodo kple dzadzraɖo mea? Ðe wònye amesi te ŋu tsɔa agbanɔamedzia? Woadi be yewoakpɔe wòatsɔ ‘agbenɔnɔ nyui afia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.’ (Yak. 3:13) Ðe wòle agbagba dzem be yeana kpekpeɖeŋu le hamea mea? Ðe wòkpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me veviedodotɔe tsɔ le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe sedede be ‘míawɔ nusrɔ̃lawo’ la dzia?—Mat. 28:19; kpɔ September 1, 1990, ƒe Gbetakpɔxɔ, [Babla 111, No. 17-EW], axa 18-28.

3 Togbɔ be womeyɔ ƒe si ame axɔ hafi woatiae wòanye subɔsubɔdɔwɔla o hã la, Biblia yɔ nɔviŋutsu siwo le nɔƒe sia be wonye “[ŋutsu siwo] subɔna.” Eyata míakpɔ mɔ be woanɔ woƒe ƒewuiwo ƒe gɔmedzedze alo eƒe domedome o, vevietɔ esi wònye wogblɔ be srɔ̃ kple viwo ate ŋu anɔ wo si ta. (Tim. I, 3:12, 13) Mele be ŋutsu siawo naɖe mɔ ɖe “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo” ŋu o ke boŋ woanye amesiwo wɔa nu moveviɖoɖotɔe, amesiwo si tenɔnɔ nyui le, eye dzitsinya dzadzɛ le wo si le Mawu kple amewo ƒe ŋkume.—Tim. II, 2:22.

4 Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutete ɖea vi hã la, ame ƒe nɔnɔme kple gbɔgbɔ si wòɖena fianae le vevie wu. Ðe nɔviŋutsu aɖe di be yeakafu Mawu ɖokuibɔbɔtɔe eye be yeasubɔ ye nɔviwoa? Ne nenemae la, ke Yehowa ayra ɖe agbagba si wòadze be yeawɔ ŋgɔyiyi le hamea me la dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe