Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Míenya be Yehowa Mawu dze na míaƒe lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna blibo. Gake xexeame dina be yeable mía nu ne míagalé ƒomedodo kplikplikpli si le mía kplii dome la me ɖe asi o. (Yoh. 17:14) Be woado ŋusẽ míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ahatu mí ɖo be míatsi tre ɖe xexemenu siwo dea míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me ŋu ta la, tanya si woɖo na ƒe 2001 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea enye “Lɔ̃ Mawu—Menye Nusiwo Le Xexeame O.”—Yoh. I, 2:15-17.
Lɔlɔ̃ deto na Yehowa ʋãa mí míeɖia ɖase le eyama ŋu. Togbɔ be ele alea hã la, gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ menɔa bɔbɔe na Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe o. Le nuƒo si nye “Lɔlɔ̃ na Mawu Ʋãa Mí le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me” la, míase alesi ame geɖe ɖu ŋukpe kple mɔxenu bubuwo dzi ale be woakpɔ gome le dɔ sia me bliboe.
Dɔ kae xexeame ƒe dzidzenu siwo le gbegblẽm ɖe dzi la wɔna ɖe mía dzi? Fifia wobua nuwɔna siwo nye nu vɔ̃ɖi tsã la be wonyo. Nuƒo si nye “Yehowa Lɔ̃lawo Léa Fu Vɔ̃” kple nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Nusiwo Le Xexeame—Aleke Míebua Woe?” ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míaɖe mɔ ɖe dzodzro vɔ̃wo ŋu o.
Kpɔɖeŋu Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔkpekpe, kpakple kwasiɖa ma ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ si woato ɖe eme hã anɔ ɖoɖoa me. Dutoƒonuƒo si nye, “Alesi Lɔlɔ̃ Kple Xɔse Ðua Xexeame Dzii” ade dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yesu le tsitretsitsi ɖe xexeame ƒe nyaƒoɖeamenuwo ŋu me. (Yoh. 16:33) Kpɔ egbɔ be yekpe yeƒe Biblia-nusrɔ̃viwo be woayi. Ele be amesiame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la nagblɔe na dzikpɔla zimenɔla la kaba ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã.
Nutome sue takpekpe sia ahe míaƒe susu ayi nusi tututu wòle be míanɔ lɔlɔ̃m ale be míaxɔ Yehowa ƒe yayra gbagowo la dzi. Eƒe akpa aɖeke negato ŋuwò o!