Yehowa ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe
1 Zi geɖe la, ame ƒe fetu ƒe lolomee wotsɔ dzidzea eƒe dzidzedzekpɔkpɔe. Ema tae ame geɖe bua kesinɔtɔwo be wonye amesiwo kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme wu amesiame. Gake nublanuitɔe la, amesiwo susui be ga ate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ la da ƒu. (Nyagb. 5:12) Dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa mesua “amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo” le ŋutilã me si o. (Tim. I, 6:9) Gake Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ vavãtɔ eye wonye kesinɔtɔwo wu le xexeame. (Lod. 10:22; Nyaɖ. 2:9) Le mɔ ka nu?
2 Míaƒe Kesinɔnuwo ƒe Kpeɖodzi: Gbɔgbɔ me nugɔmesese kple Mawu ƒe Nya, Biblia, gɔmesese deto le mía si. Yehowa to eƒe anyigbadzihabɔbɔa dzi fiaa nu mí edziedzi tso eɖokui kple Via ŋu, be wòanye viɖe mavɔ na mí. Nugɔmesese vavãtɔ na wònɔa bɔbɔe na mí be míate ɖe Yehowa ŋu ahase vivi na ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kplii. (Yak. 4:8) Vovototo dede nyui kple vɔ̃ dome kple Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ kpɔa mía ta tsoa dɔléle kple afɔku aɖewo si me. Míeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, si awɔe be míakpɔ mawumedzidzeme ahavo le susu me.—Mat. 6:33.
3 Míesea vivi na tomefafa kple ɖekawɔwɔ le míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me elabena mieɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse fiana. Esi wònye lɔlɔ̃ sẽŋu ƒo mía nu ƒu ɖekae ta la, mele be míase le mía ɖokui me akpɔ gbeɖe be Mawu alo mía nɔviwo gblẽ mí ɖi ne míedze ŋgɔ dzɔgbevɔ̃e o.—Gal. 6:10.
4 Gɔmesese ŋutɔŋutɔ kple tameɖoɖo le míaƒe agbe ŋu. Míebua gomekpɔkpɔ le xexeame katã ƒe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa me mɔnukpɔkpɔ gã aɖee. Esia hea dzidzɔ mavɔ vɛ na mí esi míele kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ wo kple Mawu dome eye be woasubɔ kple mí le ɖekawɔwɔ me le tadedeagu dzadzɛ me. Míaƒe kesinɔnu malɔ̃nulegbɔa si nye subɔsubɔdɔa hea bubu vɛ na Yehowa eye wònaa dzidzeme mí be míawo hã míele akpa aɖe wɔm le eƒe ŋkɔa ŋutikɔkɔ me. Míetsɔa kakaɖedzi kpɔa nuwoe, esi míenya be míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ ava eme kpuie ta.
5 Míaƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖefia: Neva eme be míayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe yayra siwo wɔa mí kesinɔtɔ ŋutɔŋutɔwo wu le anyigba dzi la ŋu. (Lod. 22:4) Ɣeyiɣi didi gbesiagbe atsɔ ade ŋugble le nusiwo le mía si ŋu aʋã mí be míada akpe na Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ gbago la ta eye awɔe be míayi edzi asubɔ eya ɖeɖeko.